INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yi axa 1-2
  • Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ?
  • Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzedze Azu Yehowa Ðasefo
  • Mawu Subɔsubɔ Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Mɔnukpɔkpɔwo
  • Subɔ Yehowa Kple Luʋɔ Blibo
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔm Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Yehowa “Nena . . . Wò Ðoɖowo Katã Nadze Edzi Na Wò”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ?
yi axa 1-2

Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ?

“MEDI be nu nadze edzi nam ale gbegbe le nye agbe me.” Nya siae ɖetugbi ƒewuivi aɖe gblɔ. Ðikekemanɔmee la, wò hã èdii nenema. Gake aleke tututue nàwɔ nu nadze edzi na wò “ale gbegbe” le agbe me? Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo kple xɔ̃wòwo, ɖewohĩ wò nufialawo gɔ̃ hã, agblɔ be eyae nye ne èkpɔ ga eye nèle dɔ gã aɖe wɔm—ne nu dze edzi na wò le nu geɖe me!

Ke hã Biblia xlɔ̃ nu sɔhɛwo be ŋutilãmenuwo yometiti nye “dagbadagba ɖe ya me.” (Nyagblɔla 4:4) Nusita wòle alea ƒe ɖee nye be sɔhɛ ʋɛ aɖewo koe te ŋu zua kesinɔtɔwo kple ame xɔŋkɔwo. Zi geɖe la, amesiwo zui la kpɔnɛ be yewoƒe asi mete ŋu su nusi yewole mɔ kpɔm na dzi o. Sɔhɛ aɖe si nye Britaintɔ si wɔ agbalẽnyala gãwo ƒe dɔ aɖe si ŋu bubu le gblɔ be: “Ðeko wòle abe aɖaka ƒuƒlu ene. Ne èkpɔ eme la, màkpɔ naneke le eme o.” Ele eme baa be ɣeaɖewoɣi dɔwɔɖui te ŋu naa wozua kesinɔtɔ kple amesi ŋu bubu le ya. Gake mate ŋu ana wò ‘gbɔgbɔ me nuhiahiãwo’ wò o. (Mateo 5:3) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yohanes I, 2:17 xlɔ̃ nu mí be ‘xexeame nu va yina.’ Ne nu dze edzi na wò le xexe sia me gɔ̃ hã la, ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nue wòanye.

Eyata Nyagblɔla 12:1 xlɔ̃ nu sɔhɛwo be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.” Nyateƒee, nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu awɔ le wò agbe mee nye be nàtsɔ ɖokuiwò ana le Yehowa Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Gake gbã la, ele be nàdze woazã wò le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me. Aleke nàwɔ adze? Eye nukae ɖokuitsɔtsɔna le Mawu ƒe subɔsubɔdɔ me bia?

Dzedze Azu Yehowa Ðasefo

Gbã la, ele be nàna Mawu subɔsubɔ nadzro wò—gake dzodzro sia mevana le eɖokui si o, ne Kristotɔwoe dziwòlawo nye gɔ̃ hã. Ele be wò ŋutɔ nàna ƒomedodo naɖo mia kple Yehowa dome. Ðetugbi ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Gbedodoɖa akpe ɖe ŋuwò be wò ŋutɔ nàna ƒomedodo naɖo mia kple Yehowa dome.”—Psalmo 62:9; Yakobo 4:8.

Romatɔwo 12:2 gblɔ afɔ bubu si wòle be nàgaɖe. Egblɔ be: “[Midzro] nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be yeƒe susu le ye wɔm evevevee le nusiwo wofia wò ŋua? Ekema wɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amea dzi be ‘wò ŋutɔ nàdzro eme’ akpɔ be nusiawo le eme hã! Wò ŋutɔ ku nu me le eŋu. Xlẽ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Ele eme baa be menye susu zazã atsɔ akpɔ alesi nuwo le ko evɔ ye nusɔsrɔ̃ le Mawu ŋuti nye o. Gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble tso nusi xlẽm nèle la ŋu be wòaɖo wò kpɔɖeŋudzi la gbɔ. Esia ana wò lɔlɔ̃ na Mawu natsi ɖe edzi.—Psalmo 1:2, 3.

Emegbe dze agbagba nàgblɔ nusiwo srɔ̃m nèle na amewo le vome, ate ŋu anye na wò sukuhatiwo. Gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ye nye afɔɖeɖe si gakplɔe ɖo. Ate ŋu adzɔ be ɣeaɖewoɣi nàdo go wò sukuhati aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me eye esia ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo wò le gɔmedzedzea. Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be ‘nyanyui la megakpe ŋu na mí o.’ (Romatɔwo 1:16) Agbe kple mɔkpɔkpɔ gbedasie nèlé ɖe asi! Nukatae wòakpe ŋu na wò?

Ne Kristotɔwoe dziwòlawo nye la, ke ɖewohĩ èkplɔa wo ɖo le dɔ sia wɔwɔ me xoxo. Gake ɖe nètsia tre ɖe ʋɔtru nu kpoo alo naa magazine alo trakt ko evɔa? Ðe wò ŋutɔ nète ŋu ƒoa nu le ʋɔtruwo nu eye nèzãa Biblia tsɔ fiaa nu aƒemenɔlawoa? Ne mète ŋu wɔnɛ alea o la, ke na dziwòlawo alo hamea me me tsitsi aɖe nakpe ɖe ŋuwò. Ðoe wò taɖodzinui be nàdze anye nyanyuigbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ!

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, àsee le ɖokuiwò me be ele be yeaɖe adzɔgbe—yeado ŋugbe moveviɖoɖotɔe na Mawu be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu tso ɣemaɣi heyina. (Romatɔwo 12:1) Gake menye ame ŋutɔ ƒe nya koe adzɔgbeɖeɖe nye o. Mawu di be amesiame ‘naʋu eme hena agbexɔxɔ.’ (Romatɔwo 10:10) Le nyɔnyrɔxɔɣia la, àtsɔ nu aʋu wò xɔse la me gbã. Emegbe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me akplɔe ɖo. (Mateo 28:19, 20) Nyateƒee, afɔɖeɖe vevi aɖee nyɔnyrɔxɔxɔ nye. Gake mèganɔ hehem ɖe megbe kple susu be ɖewohĩ yemakpɔ dzidzedze tututu o ta o. Ne èɖo dzi ɖe Mawu ŋu be wòado ŋusẽ wò la, ana ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ la wò be nàli ke sesĩe.—Korintotɔwo II, 4:7; Petro I, 5:10.

Wò nyɔnyrɔxɔɣiae nèva zu Yehowa Ðasefo. (Yesaya 43:10) Ele be esia nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi nènɔa agbee dzi vevie. Adzɔgbeɖeɖe bia be ‘nàgbe nu le ɖokuiwò gbɔ.’ (Mateo 16:24) Ate ŋu abia be nàgbe nu le wò taɖodzinu kple nudidi aɖewo gbɔ eye ‘nàdi Mawu ƒe fiaɖuƒea gbãgbiagbã.’ (Mateo 6:33) Eyata adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ va ʋua mɔnukpɔkpɔ geɖe ƒe ʋɔtru na ame. Na míade ŋugble tso ɖewo ŋu kpɔ.

Mawu Subɔsubɔ Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Mɔnukpɔkpɔwo

● Moɖeɖedɔa wɔwɔ nye mɔnukpɔkpɔ siawo dometɔ ɖeka. Mɔɖelae nye Kristotɔ nyɔnyrɔxɔla kpɔɖeŋu nyui ɖola si wɔa ɖoɖo be yeazã gaƒoƒo 70 teti ɣleti sia ɣleti atsɔ aɖe gbeƒã nyanyuiae. Ɣeyiɣi geɖe zazã le gbeadzi akpe ɖe ŋuwò be nàdzi wò gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ƒe ŋutetewo ɖe edzi. Mɔɖela geɖe kpɔa dzidzɔ be yewote ŋu kpe ɖe yewoƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu wova zu Ðasefo nyɔnyrɔxɔlawo. Ŋutilãmedɔ kae ate ŋu ana dzidzɔkpɔkpɔ kple dzidzeme si ade esia nu?

Mɔɖela akpa gãtɔ wɔa ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui be woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔe. Wo dometɔ geɖe wɔa ɖoɖo doa ŋgɔ srɔ̃a asinudɔ aɖe le suku alo le wo dzilawo gbɔ tsɔ dzrana ɖo ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu. Ne mia kple dziwòlawo miekpɔ be ade dziwò be nàgade suku akpee ne èwu sekɛndri suku nu la, ke kpɔ egbɔ be wò taɖodzinu naganye ɖe ga geɖe kpɔkpɔ ta o, ke boŋ be wòakpe ɖe ŋuwò le wò subɔsubɔdɔa wɔwɔ me eye ɖewohĩ be nàte ŋu ava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ta.

Ke hã menye dɔwɔɖui ŋu koŋ ye mɔɖela ƒe susu kuna ɖo o, ke boŋ eƒe subɔsubɔdɔa ŋue—alesi wòakpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ agbee! Ðe manyo be nàwɔ mɔɖeɖedɔa wò taɖodzinui oa? Mɔɖeɖedɔa ʋua mɔnukpɔkpɔ bubuwo na ame. Le kpɔɖeŋu me, mɔɖela aɖewo ʋuna yia afisi wohiã Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu le. Bubuwo srɔ̃a dutagbe eye wosubɔna le hame si me wodoa dutagbe le le wo gbɔ loo alo le duta gɔ̃ hã. Ẽ, mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nye mɔ nyui aɖe si nu nàtsɔ ɖokuiwò ana wòaɖe vi geɖe!

● Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa nye mɔnukpɔkpɔ bubu. Tso keke ƒe 1943 me ke la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe hehe nyui aɖe nam mɔɖela siwo dze. Wode dɔ asi na suku sia nuwulawo be woazu ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo le duta. Agbea sesẽ le dukɔ siawo dometɔ geɖe me, eyata ehiã be woanɔ lãmesẽ me eye ŋusẽ nanɔ ame ŋu hafi woate ŋu asubɔ le duta. Ke hã dzi dzɔa dutanyanyuigblɔlawo eye woƒe dzi dzea eme.

● Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku nye suku si woɖo be woatsɔ ahe hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla siwo nye tre siwo dze. Le kwasiɖa enyi ƒe hehexɔxɔ sia si me wosrɔ̃a nu gbogbo aɖewo ŋutɔ le la, wofiaa nuwo abe hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe dɔdasiwo wɔwɔ, ɖoɖowɔwɔ, kple nuƒoƒo le dutoƒo ene wo. Wodea dɔ asi na edela aɖewo be woasubɔ le wo dedukɔ me. Woɖoa bubuwo ɖa be woava subɔ le duta.

● Betel subɔsubɔdɔ nye afisi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo subɔna le le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒeawo dometɔ aɖe. Betel-ƒomea me tɔ aɖewo kpɔa gome le Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata me tẽ. Wodea dɔ bubu siwo wotsɔ kpea asi ɖe amesiawo ŋu, abe xɔwo me dzadzraɖo kple wo ŋudɔ bubuwo alo dɔwɔnuwo dzadzraɖo alo Betel-ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ene la asi na wo dometɔ bubuwo. Dɔ siawo katã nye Yehowa subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ kɔkɔewo. Hekpe ɖe eŋu la, dzi dzɔa amesiwo le Betel be dɔ ɖesiaɖe si yewowɔna la ɖea vi na yewo nɔvi gbogbo aɖewo le xexeame godoo.

Ɣeaɖewoɣi la, woyɔa amesiwo nya dɔ tɔxɛ aɖewo be woava subɔ le Betel. Ke hã ne wova ɖo afima la wonaa hehe ame akpa gãtɔ. Amesiwo le Betel mesubɔna ɖe ŋutilãmeviɖe kpɔkpɔ ta o ke boŋ wokpɔa ŋudzedze ɖe nuɖuɖu, dɔƒe, kple kotokumega vi si wonaa wo la ŋu. Se alesi sɔhɛ Betel-ƒomea me tɔ aɖe gblɔ tso eƒe subɔsubɔdɔa ŋu ɖa: “Ewɔ nuku ŋutɔ! Dɔ siwo wòle be míawɔ gbesiagbe mebɔbɔ o, gake mekpɔ yayra geɖe le subɔsubɔ le afisia me.”

● Dukɔwo dome subɔsubɔdɔ nana be wokpɔa gome le alɔdzedɔwɔƒewo kple Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me. Dɔwɔla siawo siwo woyɔna be dukɔwo dome subɔlawo la yia duta be woava kpe asi ɖe xɔtudɔ siawo ŋu. Dɔ sia nye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si sɔ kple amesiwo tu Salomo ƒe gbedoxɔa tɔ. (Fiawo I, 8:13-18) Ðoɖo siwo wowɔ na dukɔwo dome subɔlawo dzi kpɔkpɔ sɔ kple esi wowɔ na Betel-ƒomea me tɔwo tɔ. Mɔnukpɔkpɔ nyui kae nye esi na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo be woasubɔ le dɔa ƒe akpa sia hena Yehowa ƒe kafukafu!

Subɔ Yehowa Kple Luʋɔ Blibo

Yehowa subɔsubɔe nye nu nyuitɔ nàwɔ le agbe me. Manyo be nàde ŋugble le taɖodzinu si nye be nàwɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ atsɔ asubɔ Mawui ŋu kpɔ oa? Ðo dze tso ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu kple dziwòlawo, miaƒe hamemegãwo, kple miaƒe nutome sue dzikpɔla. Ne edzro wò be nàyi Betel, Gilead, alo Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku la, ekema de kpekpe siwo wowɔna le nutome sue takpekpewo kple nutome gã takpekpewo me na nɔvi siwo me didi sia le.

Nyateƒee, menye amesiamee ate ŋu adze alo ate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o. Ɣeaɖewoɣi la, lãmegbegblẽ, gakuxiwo, kple ƒomegbanɔamedziwo xea mɔ na dɔ agbɔsɔsɔme si míawɔ. Ke hã ele be Kristotɔ adzɔgbeɖela ɖesiaɖe nawɔ ɖe Biblia ƒe sedede sia dzi be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Yehowa di be nàwɔ wò ŋutete ɖesiaɖe si wò nɔnɔmewo aɖe mɔ na wò la ŋudɔ. Eyata nɔnɔme ka ke mee nèle o, na Yehowa subɔsubɔ nanye wò agbe me taɖodzinu. Ðo teokrasi taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo. Ẽ, “ɖo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me”—eye woayra wò tegbee ɖe esia wɔwɔ ta!

Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe