TA 44
Ele Be Mía Xɔlɔ̃wo Nanye Amesiwo Lɔ̃ Mawu
MÍA xɔlɔ̃woe nye amesiwo gbɔ míedina be míanɔ ahaɖo dze kpli wo. Gake ele vevie be xɔlɔ̃ nyuitɔwo nanɔ mía si. Èsusu be amekae nye xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si míate ŋu adze?— Ẽ, eyae nye Yehowa Mawu.
Ðe míate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃wo ŋutɔŋutɔa?— Ẽ, Biblia gblɔ be Abraham si nɔ anyi le blema la nye ‘Yehowa xɔlɔ̃.’ (Yakobo 2:23) Ènya nusita wònye exɔlɔ̃a?— Biblia ɖo eŋu na mí be Abraham ɖo to Mawu. Eɖo to le esime nusi wobia tso esi be wòawɔ la nye nu sesẽ gɔ̃ hã. Eyata be míazu Yehowa xɔlɔ̃wo la, ele be míawɔ nusi dzea eŋu, abe alesi Abraham wɔe ene eye abe alesi Nufiala Gã la hã wɔe ɣesiaɣi ene.—Mose I, 22:1-14; Yohanes 8:28, 29; Hebritɔwo 11:8, 17-19.
Nukatae Abraham nye ‘Yehowa xɔlɔ̃’?
Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be: ‘Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.’ (Yohanes 15:14) Esi Yehowa gbɔe nusianu si Yesu gblɔ na amewo la tso ta la, nusi gblɔm Yesu le enye be amesiwo wɔa nusi Mawu gblɔ be woawɔ lae nye ye xɔlɔ̃wo. Ẽ, exɔlɔ̃wo katã lɔ̃ Mawu.
Nufiala Gã la ƒe xɔlɔ̃ kplikplikpliwo dometɔ aɖewoe nye eƒe apostolowo, siwo ƒe nɔnɔmetata nàte ŋu akpɔ le agbalẽ sia ƒe axa 75. Wozɔ mɔ kplii eye wokpe ɖe eŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Yesu kple amesiawo nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe. Wo katã woɖua nu ɖekae. Woƒoa nu tsoa Mawu ŋu ɖekae. Eye wowɔa nu bubuwo hã ɖekae. Gake xɔlɔ̃ bubu geɖewo hã ganɔ Yesu si. Enɔa wo gbɔ eye wowɔa nu dodzidzɔnamewo ɖekae.
Ƒome aɖe si gbɔ Yesu lɔ̃a nɔnɔ la nɔ duvi aɖe me, si woyɔna be Betania, si gogo Yerusalem. Èɖo ŋku ƒome ma dzia?— Woawoe nye Maria kple Marta kpakple wo nɔviŋutsu Lazaro. Yesu yɔ Lazaro be ye xɔlɔ̃. (Yohanes 11:1, 5, 11) Susu si ta Yesu lɔ̃ ƒome sia eye wòlɔ̃a wo gbɔ nɔnɔ enye be wolɔ̃ Yehowa eye wosubɔa Eyama.
Nukatae Yesu nɔa ƒome sia gbɔ zi geɖe ne eɖi tsa yi Yerusalem? Ènya woƒe ŋkɔwoa?
Esia mefia be Yesu mekɔa dɔme ɖe amesiwo mesubɔa Mawu o la ŋu o. Ekɔa dɔme ɖe woawo hã ŋu. Eyia woƒe aƒeme ɖua nu kpli wo gɔ̃ hã. Esia na ame aɖewo gblɔ tso Yesu ŋu be enye “nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.” (Mateo 11:19) Nyateƒeae nye be menye esi Yesu lɔ̃ alesi amesiawo nɔa agbee tae wòyia woƒe aƒeme ɖo o. Esi wòdi be yeaƒo nu na wo tso Yehowa ŋu tae wòyia wo gbɔ ɖo. Edze agbagba be yeakpe ɖe wo ŋu woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi ava subɔ Mawu.
Nukata Zaxeo va lia ati sia?
Nusia dzɔ gbeɖeka le Yerixo. Yesu nɔ eme tsom yina ɖe Yerusalem. Amehawo ƒo zi ɖe eŋu eye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nya Zaxeo hã nɔ wo dome. Amesia di vevie be yeakpɔ Yesu. Gake Zaxeo nye ame kpui eye mete ŋu le ekpɔm o elabena amehawo xe eŋkume. Eyata eƒu du yi ŋgɔ va lia ati ale be wòate ŋu akpɔ Yesu nyuie ne etso eme va yina.
Esi Yesu va ɖo atia gbɔ la, ewu mo dzi gblɔ nɛ be: ‘Ði kaba elabena egbea aƒewòmee madze.’ Gake kesinɔtɔ si wɔ nu baɖawoe Zaxeo nye. Nukata Yesu di be yeayi ŋutsu sia ƒe aƒeme?—
Menye esi Yesu da asi ɖe alesi ŋutsu sia nɔa agbee dzi tae o. Esi wòdi be yeaƒo nu na Zaxeo tso Mawu ŋu tae wòyi ɖo. Ekpɔ alesi ŋutsu sia nɔ agbagba dzem vevie be yeakpɔ ye. Eyata enya be Zaxeo adi be yeaɖo to. Emae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si wòatsɔ aƒo nu nɛ le alesi Mawu gblɔ be míanɔ agbee ŋu.
Nukata Yesu va srã Zaxeo kpɔ, eye nukae Zaxeo le ŋugbe dom be yeawɔ?
Eyata nukae va do tso eme?— Zaxeo xɔ Yesu ƒe nufiafia la. Ete ɖe edzi vevie be yetafa amewo eye wòdo ŋugbe be yeatrɔ ga siwo yexɔ tso amewo si dzodzro la ana wo. Eyome eva zu Yesu yomedzela. Ɣemaɣi ko hafi Yesu kple Zaxeo wova zu xɔlɔ̃wo.—Luka 19:1-10.
Ne míesrɔ̃ Nufiala Gã la ƒe kpɔɖeŋu la, ɖe míate ŋu ayi amesiwo menye mía xɔlɔ̃wo o gbɔa?— Ẽ, míate ŋui. Gake menye esi míeda asi ɖe alesi wonɔa agbee dzi tae míayi woƒe aƒeme ɖo o. Eye míayi ava wɔ ɖeka kpli wo le nu gbegblẽ wɔwɔ me hã o. Be míaƒo nu na wo tso Mawu ŋu tae míayi wo gbɔ ɖo.
Gake mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwoe nye amesiwo gbɔ míadi be míanɔ koŋ. Hafi woanye xɔlɔ̃ nyuitɔwo la, ele be woanye amesiwo ƒomevi Mawu lɔ̃. Ðewohĩ ame aɖewo menya amesi Yehowa nye gɔ̃ hã o. Gake ne wodi ŋutɔŋutɔ be yewoasrɔ̃ nu tso eŋu la, ke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu. Eye ne eva ɖo ɣeyiɣi si woawo hã wova lɔ̃ Yehowa abe alesi míelɔ̃e ene la, ekema woate ŋu ava zu mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo.
Mɔ bubu aɖe li si dzi míato anya ne ame aɖe ate ŋu anye xɔlɔ̃ nyui. Lé ŋku ɖe nusiwo wòwɔna ŋu. Ðe wòwɔa nu manyomanyowo ɖe amewo ŋu eye emegbe wòva nɔa wo koma? Ðe nuwɔna ma sɔa?— Ðe wòɖoa nya me ɣesiaɣia? Ðe míadi be míawo hã míava ɖo nya me kpliia?— Alo ɖe wòɖonɛ wɔa nu baɖawo eye emegbe wòsusunɛ be ɖe yenyaa nu le esi womelé ye o ta? Ne womelée o gɔ̃ hã la, Mawu ya kpɔ nusi wòwɔ ɖe, alo Mekpɔe oa? Èsusu be amesiwo wɔa nusiawo tɔgbe anye xɔlɔ̃ nyui siwo míadzea?—
Meɖe kuku tsɔ wò Biblia ne míakpɔ nusi wogblɔ le alesi míaƒe hadedewo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzii ŋu ɖa. Woŋlɔe ɖe Korintotɔwo I, ta 15, kpukpui 33. Èkpɔea?— Exlẽ be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” Efia be ne míede ha kple ame baɖawo la, míawo hã míate ŋu ava zu ame baɖawo. Eye enye nyateƒe hã be hadede nyuiwo kpena ɖe mía ŋu be nɔnɔme nyuiwo va sua mía si.
Mègana míaŋlɔ be gbeɖe o be Amesi ƒo amesiame ta le míaƒe agbe mee nye Yehowa. Ðe míadi be míagblẽ mía kplii dome xɔlɔ̃wɔwɔ mea?— Ekema ele be míakpɔ nyuie be amesiwo lɔ̃a Mawu koe wòle be míatia woanye mía xɔlɔ̃wo.
Woɖe zɔhɛ nyuitɔwo ƒe vevienyenye fia le Psalmo 119:115; Lododowo 13:20; Timoteo II, 2:22; kple Yohanes I, 2:15.