AKPA 14
Aleke Nàwɔ Anɔ Yehowa Ƒe Akpa Dzi?
Nɔ Mawu ƒe akpa dzi. 1 Petro 5:6-9
Mègakpɔ gome le kɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Biblia o la dometɔ aɖeke me o. Esia bia dzinɔameƒo.
Mègade nu dunyahehe me o; dunyahelawo mele Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi o.
Ðo to Mawu—esiae nye tiatia nyuitɔ. Mateo 7:24, 25
De ha kple Yehowa Ðasefowo; woakpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Mawu ŋu.
Yi edzi nàsrɔ̃ nu tso Mawu ŋu, eye dze agbagba nàwɔ ɖe eƒe sewo dzi.
Ne ènya xɔ nu siwo srɔ̃m nèle dzi se bliboe ko la, tsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa eye nàxɔ nyɔnyrɔ.—Mateo 28:19.
Ðo to Mawu. Nɔ Biblia xlẽm, eye nàbia Yehowa Ðasefowo woakpe ɖe ŋuwò nàse egɔme. Nɔ agbe ɖe nu siwo srɔ̃m nèle nu. Esia ana nànɔ agbe tegbee.—Psalmo 37:29.