AKPA 13
Aleke Míawɔ Míaƒe Nu Nadze Mawu Ŋu?
Tsri nu gbegblẽ wɔwɔ. 1 Korintotɔwo 6:9, 10
Ne míelɔ̃ Yehowa la, míawɔ nu siwo wòlé fui o.
Yehowa medi be míafi fi, amu aha, alo azã atike vɔ̃ɖiwo o.
Etsri amewuwu, fuɖeɖe, kpakple ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ. Medi be míanye ŋuklẽlawo, alo anɔ dzre wɔm kple amewo o.
Mele be míasubɔ legbawo alo akpɔ gome le gbɔgbɔyɔyɔ me o.
Eteƒe madidi o, anyigbaa azu Paradiso, gake womaɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔla aɖeke be wòanɔ Paradisoa me o.
Wɔ nu nyui. Mateo 7:12
Ne míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míadze agbagba asrɔ̃ eƒe nɔnɔmewo.
Lɔ̃ amewo, nyo dɔme na wo, eye nàna nu wo faa.
Ele be nàɖi anukware.
Kpɔ nublanui, eye natsɔ amewo ƒe vodada ake wo.
Ƒo nu tso Yehowa kple eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu na amewo.—Yesaya 43:10.