Miame: Zi mamlɛtɔ si Brooklyn Betel ƒomea ɖu Kristmas, le ƒe 1926 me; Ðusime: Amewo dea dzesii be Yehowa Ðasefowo to vovo
AKPA ETƆ̃LIA
Fiaɖuƒea Ƒe Dzidzenuwo—Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Didi
GBE ɖeka esi nètso eme va yina la, èkɔ asi dzi na wò aƒelika hedo gbe nɛ. Ède dzesii be le ɣeyiɣi mawo me la, enɔa ŋku lém ɖe wò kple wò ƒomea ŋu. Elɔ̃ gbea eye wòwɔ asi na wò be nàva. Esi nèyi la, egblɔ be: “Medi be mabia nya aɖe wò. Nu kae na miawo ya mieto vovo alea?” Èbiae be: “Míeto vovo aleke?” Eɖo eŋu be: “Menye Yehowa Ðasefowoe mienye oa? Miele abe ame bubuwo ene o. Mieto vovo tso subɔsubɔha bubuawo gbɔ kura. Mieɖua ŋkekenyuiwo o, eye miekpɔa gome le dunyahehe kple aʋawɔwɔ me o. Mia dometɔ aɖeke menoa siga o. Eye edze abe miaƒe ƒomea nɔa agbe ɖe dzidzenu kɔkɔwo nu ene. Nu kae na miawo ya mieto vovo le nu geɖe me alea?”
Mí katã míenya be nya ma ƒe ŋuɖoɖo le bɔbɔe. Eya koe nye be: Esi míenye Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖua teviwo tae. Míaƒe Fia Yesu le asi trɔm le mía ŋu ɣesiaɣi. Ele kpekpem ɖe mía ŋu be míazɔ yeƒe afɔɖoƒewo ale be míato vovo le xexe vɔ̃ɖi sia me. Le akpa etɔ̃lia sia me la, míadzro ale si Mesia Fiaɖuƒea le Mawu ƒe amewo ŋu kɔm le gbɔgbɔ me hele kpekpem ɖe wo ŋu be woatrɔ asi le woƒe agbenɔnɔ kple hakplɔɖoɖowo ŋu be wòanye kafukafu na Yehowa la me.