INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 1/8 axa 8-10
  • “Naneke Mele Mía Ŋu Tom O!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Naneke Mele Mía Ŋu Tom O!”
  • Nyɔ!—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tiae Be Yeasubɔ Mawu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Ðoe Kplikpaa Nànɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ŋkekenyuiewo Kple Azãɖuɖuwo
    Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Ðe Wòle Be Míaɖu Ŋkekenyuiwoa?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 1/8 axa 8-10

“Naneke Mele Mía Ŋu Tom O!”

Sukunufialawo kple ame bubuwo gblɔ be wote nu Yehowa Ðasefowo ƒe viwo ne womeɖe mɔ na wo be woakpe ɖe wo tɔwo ŋu be woaɖu Kristmas, Easter kple Ame Kɔkɔewo Kata ƒe Ŋkekenyui le suku akpɔ dzidzɔ o. Nya siwo gbɔna la nye esiwo ɖevi siwo nye Yehowa Ðasefowo gblɔ ɖe lɛta me tsɔ ɖe nusitae woa ŋutɔwo gbe be yewomaƒo yewo ɖokui ɖe ŋkekenyui siawo ɖuɖu me o ƒe kpɔɖeŋu ʋee aɖewo.

“TOGBƆ BE meɖe nusitae nyemeɖu ŋkekenyui siawo o me na nye sukuhatiwo hã la, ewɔ na wo kokoko be wote num. Gake womete num o! Mikpɔ ɖa, ele be woawo ya nalala vaseɖe esime woƒe Kristmasɖuɣi alo ŋkekenyui bubu aɖe ɖuɣi naɖo hafi woaxɔ nunanawo esime nye ya menɔ nunanawo xɔxɔ dzi hedea kplɔ̃ɖoƒewo le ƒe bliboa katã me. Menya be menye nye ƒomea ɖeɖekoe lɔ̃m o, ke hamea kple Yehowa hã lɔ̃m, eye ema xɔ asi nam ŋutɔ wu ŋkekenyui bubu ɖesiaɖe.”—Becky, ƒe 13.

“Menya be teƒe gbegblẽe ŋkekenyui ɖesiaɖe dzɔ tso. Womedzi Yesu le Kristmas dzi o. Mehiã be nye ƒomea nawɔ naneke atsɔ aɖo ŋkekenyui mawo maɖumaɖu teƒe nam o. Nye ƒomea li ɣesiaɣi akpe ɖe ŋunye ne mehiã wo. Esia xɔ asi nam ŋutɔ wu nunana ɖesiaɖe si woate ŋu anam.”—Josh, ƒe 15.

“Kristmas. Eƒe naneke mele ŋunye tom o elabena menye nusi sɔ na Kristotɔwoe wowɔna le edzi ŋutɔŋutɔ o. Ke boŋ menya be dzinyelawo na num wu ame aɖe si woyɔna be Santa si ŋu nya le ɣaɣla. Easter. Easter tɔ ya gaɖe fu ŋutɔ elabena amewo gblɔna be ‘Yesu kple eƒe tsitretsitsi’ tae yewoɖunɛ ɖo alo ‘kokloziwo didi’ koe wònye. Gake koklozi ƒe nya kae tsɔ Yesu gbɔ ya? Blema mawunɔ aɖe ƒe ŋkɔ mee woɖe ŋkɔ Easter gɔ̃ hã tsoe. Ame Kɔkɔewo ƒe Ŋkeke. Ame Kɔkɔewo ƒe ŋkeke ƒe susua gɔ̃ hã metsɔ fu le lãme nam kura o. Ŋɔliwo kple adzewoa, ENYƆ ŊU.”—Katie, ƒe 10.

“Togbɔ be menye ɖevi hã la, xexeame ƒe ŋkekenyuiɖuɖu siwo toa ŋunye la mevem kpɔ o. Dzinyelawo megblɔ nam be, ‘mate ŋu awɔ esi alo ekeme le esi menye Yehowa Ðasefo ta’ o, gake nusi nye Biblia kple Yehowa ƒe nukpɔsusu le ŋkekenyui siawo ŋuti le nyanya nam. Le nunana xɔxɔ gome la, míenɔa nunanawo xɔxɔ dzi le mía ƒeme le ƒe bliboa katã me.”—Ryan, ƒe 17.

“Le ŋkekenyui ɖesiaɖe dzi la, woɖua aʋatsonu aɖe ƒe azã eye aʋatsonuwo ŋu koe wòkuna ɖo. Ðevi siwo menya ƒe akpa gãtɔ ɖua ŋkekenyuiwo ɖe kpetike alo nunana bubuwo ko ta. Nane si le asinye si nyo sã wu ŋkekenyuiwo ye nye Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔ wɔnuku la. Le esi teƒe be Yehowa ƒe Nya la nanɔ anyi ŋkeke ɖeka ko abe ŋkekenyui aɖe si woɖuna ŋkeke ɖeka ko ene la, dzidzɔgbedasi si nɔa anyi tegbetegbe la le Eƒe Nya la me.”—Brooke, ƒe 14.

“Nusiwo tae meveam be ŋkekenyuiwo to ŋunye o: 1. Biblia ɖee fia be womenyo o. 2. Wo ɖuɖu medzroam o. 3. Papa kple dada naa num ɣesiaɣi.”—Brandi, ƒe 6.

“Nyemesenɛ le ɖokuinye me be nu le ŋunye tom o. Wo ɖuɖu metsɔa fu le lãme nam o. Wonaa num, eye míefena heyia kplɔ̃ɖoƒewo. Wonaa nu geɖewom esi mahiã be maɖu ŋkekenyuiwo hafi o. Medi be makpɔtɔ anye Ðasefo le nusianu si mewɔna me eye naneke mate ŋu ahem ɖe megbe o.”—Brianne, ƒe 9.

“Fifia meyina ɖe xɔ enelia me eye mevem be malɔ̃ ɖe edzi be menye Yehowa Ðasefo o. Gbeɖeka ŋutsuvi aɖe gblɔ nam be nyemele dzidzɔ kpɔm o le esi nyemexɔa nunana le Kristmas dzi o ta, gake megblɔ nɛ be mexɔa nunana le ƒe bliboa katã me. Emegbe egblɔ nam be tɔnye nyo. Meka ɖe edzi be mele be Yehowa Ðasefo aɖeke nalé blanui le eƒe Yehowa Ðasefo nyenye ta o.”—Jeff, ƒe 10.

“Mía kple nɔvinyenyɔnu míetsɔ mía dzilawo ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui ɖuɖu wɔ míaƒe ƒomea ƒe ŋkekenyuie. Mekpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake le ɖoɖowɔwɔ ɖe nunanawo kple nyuidinamegbalẽviwo nana me kple nu bubuwo me kpakple le kpekpe ɖe dzinyelawo ŋu be woawɔ nusiwo womele mɔ kpɔm be yewoawɔ na yewo nɔewo o me wu nunana xɔxɔ tso ame bubuwo gbɔ. Nana nyo wu xɔxɔ.”—Rachel, ƒe 16.

“Esi menɔ sue wu esia la, ŋkeke aɖewo maɖumaɖu sesẽ nam. Gake mekpɔe dze sii emegbe be ŋkekenyuiwo ɖuɖu ate ŋu ahe ŋukeklẽ, nyaʋiʋli, kple blanuiléle vɛ. Ne woɖo ɣeyiɣi siwo me woana nu ame ɖi la, nunana si nàxɔ mawɔ mo yaa na wò o. Malɔ̃ boŋ be maxɔ nunana tɔxɛwo le ƒea ƒe ɣeyiɣi ɖesiaɖe me. Ŋkekenyui ɖuɖu alo emaɖumaɖu nye nyametsotso si de ŋgɔ wu ƒe akpa sue aɖe ko: eyae nye be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbee be yeasubɔ Yehowa alo màwɔe o. Ne mebu eŋu alea la, tiatia nyuitɔ si mawɔ me kɔna nam kɔtee.”—Ben, ƒe 13.

“Esi menye ɖevi la, mesenɛ le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi be nu le ŋunye tom, gake emegbe eɖia kokoe nam ne mebu alesi wotsɔ kokloziwo, Yesu, kple Easter ƒe afɔmizi tsakae ŋuti. Esi meva tsi eye dzinyelawo ɖe alesi eƒe dzesiawo katã wɔ va dzɔ me nam la, enyɔ ŋu nam ŋutɔŋutɔ. Ne mebu tame le alesi Yehowa kple Yesu woase le wo ɖokui me le alesi woyɔ woƒe ŋkɔwo ɖe trɔ̃subɔsubɔ ƒe nuwɔna mawo ŋui la ŋuti la, eveam ŋutɔ.”—Alexa, ƒe 18.

“Le Kristmasɖuɣi la, sukuyiyi tena ɖe ame dzi ŋutɔ eye ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me be woɖe ye ɖe aga. Emegbe meva kpɔe dze sii be Kristmasɖuɖu mate ŋu akpɔ kuxiwo gbɔ na ame o, mate ŋu ana miaƒe ƒomea nawɔ ɖeka o, eye mate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ o. Agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu ɖeɖekoe ate ŋu ana woakpɔ dzidzɔ.”—Joe, ƒe 15.

“Le esi teƒe be míaɖu Kristmas alo ŋkekenyui bubu aɖe la, míeɖua Fefenuwo ƒe Ŋkeke Gã. Wonaa ga mí míetsɔna ƒlea nusianu si dzro mí la. Le ƒe aɖe me la, meɖe subɔsubɔha si me mele ŋu nyawo me na nye sukuxɔ me viwo. Le esi teƒe be mazɔ xexeame ƒe toƒe la, meɖea kpekpewo yiyi ƒe toƒe na ɖokuinye, dea gbeadzi, eye metsɔa gbedodoɖa wɔa nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖee. Maxɔ nyɔnyrɔ̃ le takpekpe si gbɔna me.”—George, ƒe 11.

“Nunanawo xɔxɔ dzɔa dzi nam, eye menɔa wo xɔxɔ dzi le ƒe bliboa katã me. Nu boo aɖeke mele ŋunye tom le kplɔ̃ɖoɖo gome o. Nusi ado dzidzɔ na Yehowa wɔmee mele ne mele nyateƒea ƒe akpa dzi sesĩe. Eɖia kokoe nam ne mekpɔ nye sukuhatiwo dometɔ aɖewo siwo menye Kristotɔwo o, ke boŋ wonye Hindutɔwo, Yudatɔwo, kple subɔsubɔha bubu me tɔwo le Kristmas ɖum hexɔa nunanawo evɔ womenya nusi tututu nye ŋkekenyuia o.”—Julia, ƒe 12.

“Ne suku me zãwo to ŋunye la, meveam o. Ðeviwo wɔa nu tɔŋku geɖewo, abe Ame Kɔkɔewo ƒe Ŋkeke ƒe nudodowo ene. Mewɔna nam be nu to ŋunye o. Megblɔa alesi dzinyelawo ƒlea nuwo nam le ƒe bliboa katã me la na wo. Wogblɔa woƒe sɔlemedede ŋu nya kple alesi wòtia woe nam, eye nye hã megblɔa kpekpe siwo míewɔna le abɔ me ŋu nyawo na wo, eye wòzua ŋuʋaʋã na wo ɣeaɖewoɣi. Gake nye ya nyemeʋãa ŋu wo o. Ðeko magblɔ atsɔ aƒo etae be dze xɔlɔ̃ kple amesiwo dea bubu wò dzixɔsewo ŋu eye mègana sukuvi alo nufiala aɖeke nazi dziwò be nàwɔ nusi atsi tre ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu o.”—Justin, ƒe 12.

“Ðe nane le ŋunye toma? Kpao, elabena míedea kplɔ̃ɖoƒe bubuwo, eye ne wole Kristmas ɖum la, Santa Claus ŋu koe ɖeviwo buna, alo le Easterɖuɣi la, Easter ƒe afɔmiziwo ŋu koe wobuna, gake nye ya menya be trɔ̃subɔsubɔ mee wodzɔ tso. Gbeadzidede vivia nunye elabena enana nye susu nɔa nyateƒea dzi ɣesiaɣi.”—Sharon, ƒe 8.

“Mate ŋu agblɔ anukwareɖiɖitɔe be Yehowa Ðasefo nyenye mena mexa nu kpɔ o. Mía kple nye ƒomea míeɖea modzaka geɖe. Ne woaɖo kplɔ̃ na mí le suku la, danye kplɔam míeyia gbɔme ɖaɖua ŋdɔnuɖuɖu. Dzinyelawo tsɔa modzakaɖenuwo vaa sukui, menye le susu tɔxɛ aɖeke ta o, eye sukuviawo katã nyana be míawo hã míeɖea modzaka. Tsi metoa mía kple dzinyelawo dome o, eye ne sukuviwo biam be nukatae nyemeɖua ŋkekenyuiwo o la, meɖoa eŋu na wo be nye ya gbesiagbee meɖua nye ŋkekenyuiwo. Aleke Ðasefo abu be nu le ye ŋu tom?”—Megan, ƒe 13.

“Ame Kɔkɔewo ƒe Ŋkekenyui. Ðeviwo doa nu abe gbɔgbɔ vɔ̃wo kple nukokoedonamegbalẽ me mewo ene—ɖe susu ka ta? Ðeviwo nɔa tsatsam le kpɔdomeewo nɔa gegem ɖe aƒewo me henɔa akpɔnɔ kple kpetikewo xɔm. Alo wogbãa kokloziwo ɖe xɔwo ŋu, daa nugododegbalẽwo ɖe atiwo dzi, eye nusi gavlo wue nye be dzila akpa gãtɔ hã kpena ɖe wo ŋu.”—Zachary, ƒe 10.

“Mehiã be malala vaseɖe esime azã tɔxɛ aɖe ɖo hafi maxɔ nunanawo o. Papa kple dada naa fefenu geɖewom ɣesiaɣi. Ame Kɔkɔewo ƒe Ŋkeke ɖuɖu nye tɔgbui kukuwo subɔsubɔ. Mesɔ o. Mawu ɖeka pɛ si wòle be míasubɔe nye Yehowa.”—Nicholas, ƒe 6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe