INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 22 axa 58-axa 59 mm. 6
  • Nusrɔ̃la Ene Ava Nye Ameɖelawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusrɔ̃la Ene Ava Nye Ameɖelawo
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Eyɔ Nusrɔ̃la Ene
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Edze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Edze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Yesu Ðe Eɖokui Fia Lãɖelaawo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 22 axa 58-axa 59 mm. 6
Yesu le nu ƒom na Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes le Galilea-ƒua to

TA 22

Nusrɔ̃la Ene Ava Nye Ameɖelawo

MATEO 4:13-22 MARKO 1:16-20 LUKA 5:1-11

  • YESU YƆ NUSRƆ̃LA SIWO ANYE EYOMEDZELAWO KOŊ

  • LÃÐELAWO VA ZU AMEÐELAWO

Esi Nazaretetɔwo te kpɔ be yewoawu Yesu vɔ megbe la, edzo yi du si nye Kapernaum, si gogo Galilea-ƒua, si wogayɔna be “Genezaret-ta” la me. (Luka 5:1) Esia na nyagblɔɖi si le Yesaya ƒe agbalẽa me si gblɔ be Galileatɔ siwo le ƒuta la akpɔ kekeli gã aɖe la va eme.—Yesaya 9:1, 2.

Ɛ̃, le Galilea afi sia la, Yesu yi edzi le gbeƒã ɖem be “Dziƒofiaɖuƒe la gogo.” (Mateo 4:17) Yesu va ke ɖe eƒe nusrɔ̃la ene ŋu. Ame siawo zɔ mɔ kplii kpɔ do ŋgɔ, gake esi wo kple Yesu wotrɔ tso Yudea gbɔ la, wogatrɔ ɖe woƒe ɖɔkpɔkplɔdɔa ŋu. (Yohanes 1:35-42) Gake fifia ɣeyiɣia de be woanɔ Yesu ŋu ɣeawokatãɣi, ale be wòate ŋu ana hehe wo be woayi subɔsubɔdɔa dzi le eƒe dzodzo megbe.

Esi Yesu nɔ ƒua ta zɔm la, ekpɔ Simon Petro, nɔvia Andrea kple woƒe zɔhɛ aɖewo wonɔ woƒe ɖɔwo kpalam. Yesu te ɖe wo ŋu, ege ɖe Petro ƒe tɔdziʋua me, eye wògblɔ nɛ be wòakui adzoe le go ŋu. Esi woyi ŋgɔ vie la, Yesu bɔbɔ nɔ anyi hede asi nufiafia ameha siwo le ƒua ta la me tso Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒea ŋu.

Emegbe Yesu gblɔ na Petro be: “Ku ʋua yi afi si goglo, ne miaɖi miaƒe ɖɔawo aɖe lã.” Petro ɖo eŋu be: “Nufiala, míeku kutri zã blibo la katã, ke míeɖe naneke o, gake maɖi ɖɔawo le wò nya la nu.”—Luka 5:4, 5.

Andrea, Yakobo kple Yohanes le kutri kum vevie be yewoahe ɖɔa ade ʋua me; Petro bɔbɔ ɖe Yesu ŋkume

Woɖi ɖɔawo, eye lã si woɖe la sɔ gbɔ ale gbegbe be ɖɔawo nɔ dzedzem! Ŋutsuawo mia asi wo tɔ aɖewo siwo le ʋu aɖe si te ɖe wo ŋu me kaba be woava kpe asi ɖe yewo ŋu. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi lã yɔ ʋu evea siaa ale gbegbe be wode asi toyiyi me o. Esi Petro kpɔ esia la, edze klo ɖe Yesu ŋkume hegblɔ be: “Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nu vɔ̃ wɔlae menye.” Yesu gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o. Tso fifia dzi la, ànɔ amewo ɖem agbagbee.”—Luka 5:8, 10.

Yesu gblɔ na Petro kple Andrea be: “Miva dze yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawoe.” (Mateo 4:19) Emia asi tɔƒodela eve bubu siwo nye Yakobo kple Yohanes, siwo nye Zebedeo viwo hã. Woawo hã womehe ɖe megbe o. Eya ta ame ene siawo gblẽ woƒe ɖɔkpɔkplɔdɔa ɖi eye wova zu Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo kplɔnɛ ɖo ɣesiaɣi la ƒe gbãtɔwo.

  • Ame kawo ƒomevie Yesu yɔ be woanye ye yomedzelawo koŋ, eye woƒe ŋkɔwo ɖe?

  • Nukunu kae tso dzika ƒo na Petro?

  • Lãɖeɖedɔ ka ƒomevie nusrɔ̃la eneawo anɔ wɔwɔm tso fifia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe