TA 13
“Miwɔ Nuwo Katã Hena Mawu Ƒe Kafukafu”
ESI míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu be míasubɔe ta la, ele be míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna ɖe sia ɖe naɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe afia. Apostolo Paulo gblɔ gɔmeɖose si afia mɔ mí míawɔ esia esi wòŋlɔ bena: “Ne miele nu ɖum alo le nu nom alo le nu bubu aɖe wɔm la, miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.” (1 Kor. 10:31) Esia bia be míalé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔe siwo ɖea eya ŋutɔ ƒe amenyenye debliboa fiana la me ɖe asi. (Kol. 3:10) Ele be míazu Mawu srɔ̃lawo, abe ame kɔkɔewo ene.—Ef. 5:1, 2.
2 Apostolo Petro he Kristotɔwo ƒe susu yi esia dzi esi wòŋlɔ bena: “Abe vi ɖotowo ene la, migana nudzodzro siwo ɖu mia dzi tsã le numanyamanya me la nayi edzi anɔ miaƒe nɔnɔme trɔm o, ke boŋ miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me abe Kɔkɔetɔ si yɔ mi la ke ene, elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.’” (1 Pet. 1:14-16) Abe ale si wònɔ le blema Israel gome ene la, wodi tso ame siwo katã le Kristo hamea me si be woanɔ kɔkɔe. Esia fia be woanɔ dzadzɛ eye woagana nu vɔ̃ kple xexemenuwɔnawo naƒo ɖi wo o. Woato esia wɔwɔ me anɔ kɔkɔe hena subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ.—2 Mose 20:5.
3 Be ame nanɔ kɔkɔe la, ele be wòalé Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖose siwo dze ƒãa le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la me ɖe asi. (2 Tim. 3:16) Esi míenɔ Biblia srɔ̃m la, wofia nu mí tso Yehowa kple eƒe mɔwo ŋu, eye esia na míete ɖe eyama ŋu. Nusɔsrɔ̃a na míeva kpɔe be ehiã be míadi Mawu Fiaɖuƒea gbã eye míana Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na mí le agbe me. (Mat. 6:33; Rom. 12:2) Esia bia be míado amenyenye yeye la.—Ef. 4:22-24.
GBƆGBƆ ME KPLE AGBENƆNƆ ME DZADZƐNYENYE
4 Agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo nu menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Míaƒe adikãtɔ Satana Abosam dzea agbagba be yeana míatra ɖa tso nyateƒea gbɔ. Xexe sia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖiwo kple míawo ŋutɔwo míaƒe dzodzro vɔ̃wo hã nana nuwo sesẽna na mí ɣeaɖewoɣi. Agbenɔnɔ ɖe adzɔgbe si míeɖe na Mawu nu bia be míawɔ gbɔgbɔmeʋa. Ŋɔŋlɔawo na míenya be ne míedo go tsitretsiɖeŋu alo tetekpɔwo la, mele be wòawɔ nuku na mí o. Eva hiãna be míakpe fu le dzɔdzɔenyenye ta. (2 Tim. 3:12) Ke hã, ne míele tetekpɔwo me tom la, dzi dzɔa mí, elabena míenya be tetekpɔ mawo nye kpeɖodzi be míele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm.—1 Pet. 3:14-16; 4:12, 14-16.
5 Togbɔ be ame debliboe Yesu nye hã la, esrɔ̃ toɖoɖo to fu siwo wòkpe me. Mena ta le Satana ƒe tetekpɔwo me alo ti xexemenuwo yome ɣeaɖekeɣi kpɔ o. (Mat. 4:1-11; Yoh. 6:15) Yesu mebui kpɔ gbeɖe be yeana ta o. Togbɔ be eƒe nuteƒewɔwɔ wɔe be xexea lé fui hã la, elé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi goŋgoŋ. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be xexea alé fu woawo hã. Tso ɣemaɣi va de asi na egbea la, Yesu yomedzelawo le xaxawo me tom, gake wolé dzi ɖe ƒo, elabena wonyae be Mawu ƒe Vi la ɖu xexea dzi.—Yoh. 15:19; 16:33; 17:16.
6 Be míaganye xexea ƒe akpa aɖeke o la, ele be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi, abe ale si mía Aƒetɔ la wɔe ene. Mele be míade nu xexea ƒe dunyahehe kple hadomenyaʋiʋliwo me o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be míatsi tsitre ɖe xexea ƒe agbe ƒaƒã nɔnɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu. Esia ta míebua nuxlɔ̃ame si le Yakobo 1:21 la nya vevii. Afi ma gblɔ be: “Miɖe ɖiƒoƒowo katã kple vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa, eye mixɔ nya si ƒãm wole ɖe mia me, si ate ŋu axɔ mi ɖe agbe la, kple dzi faa.” Nusɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede wɔnɛ be ‘woƒãa nyateƒenya la’ ɖe míaƒe dzi kple susu me, ale be nu siwo xexea tsɔ ɖoa mía ŋkume la nagadzro mí gɔ̃ hã o. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Mienyae be xɔlɔ̃dzedze xexea nye futɔnyenye na Mawu oa? Eya ta ame sia ame si dina be yeanye xexea xɔlɔ̃ la, ewɔa eɖokui Mawu ƒe futɔ.” (Yak. 4:4) Susu sia tae Biblia xlɔ̃ nu mí vevie be míalé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi eye míaganye xexea ƒe akpa aɖeke o.
7 Mawu ƒe Nyaa xlɔ̃ nu mí be míagaƒo mía ɖokui ɖe ŋukpenanuwɔwɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ me o. Egblɔ be: “Migana woayɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu kple makɔmakɔnyenye aɖeke ƒomevi alo ŋukeklẽ ŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe ale si ko wòdze ame kɔkɔewo ene.” (Ef. 5:3) Eya ta mele be míanɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ŋukpenanuwɔna dzeakaɖawo ŋu bum o, eye mele be míaƒo nu le wo ŋu le míaƒe dzeɖoɖowo me o. Ne míewɔnɛ alea la, míeɖoa kpe edzi be míedi be míawɔ ɖe Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu dzɔdzɔe siwo le dzadzɛ la dzi.
ŊUTILÃ ME DZADZƐNYENYE
8 Hekpe ɖe gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ me dzadzɛnyenye ŋu la, Kristotɔwo nyae be ele vevie ŋutɔ be yewoanɔ dzadzɛ le ŋutilã me hã. Le blema Israel la, kɔkɔenyenye ƒe Mawu la bia tso dukɔa si be woƒe asaɖa me nanɔ dzadzɛ. Ele be míawo hã míanɔ dzadzɛ ale be Yehowa ‘nagakpɔ fenu aɖeke’ le mía gbɔ o.—5 Mose 23:14.
9 Biblia ɖee fia be kadodo kplikplikpli le kɔkɔenyenye kple ŋutilã me dzadzɛnyenye dome. Le kpɔɖeŋu me, Paulo ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, eye míanɔ kɔkɔe geɖe wu le mawuvɔvɔ̃ me.” (2 Kor. 7:1) Eya ta ele be Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nadze agbagba ana woƒe ŋutilã nanɔ dzadzɛ to tsilele kple woƒe nudodowo nyanya edziedzi me. Togbɔ be nɔnɔmeawo to vovo le dukɔ ɖe sia ɖe me hã la, zi geɖe la, míate ŋu akpɔ adzalẽ kple tsi si míawo ŋutɔwo míale ahakpɔ egbɔ be mía viwo hã le dzadzɛ.
10 Míaƒe ɖaseɖiɖidɔa na be amewo nya mí nyuie le nuto si me míele me. Ne míaƒe aƒe me kple egodo siaa kɔ hele dzadzɛ eye nu sia nu le ɖoɖo nu la, esia hã nyea ɖaseɖiɖi na míaƒe aƒelikawo. Ƒome bliboa ate ŋu akpe asi ɖe esia ŋu. Ele be nɔviŋutsuwo natsɔ ɖe le aƒea me kple egodo siaa ƒe dzadzɛnyenye me vevie, elabena aƒe si wolé be na eye eme le dzadzɛ la ƒoa nu nyui le ame ŋu. Ne ƒome ƒe tawo wɔa esia eye le ɣeyiɣi ma ke me woxɔa ŋgɔ le gbɔgbɔmenuwo me la, esia ɖenɛ fiana be wole woƒe aƒe dzi kpɔm nyuie. (1 Tim. 3:4, 12) Agba le nɔvinyɔnuwo hã dzi be woalé be na nuwo, vevietɔ le aƒea me. (Tito 2:4, 5) Ðevi siwo womla nyuie la wɔa wo tɔ sinua henaa woawo ŋutɔwo kple woƒe xɔdɔme nɔa dzadzɛ. Ne ƒomea wɔa dɔ ɖekae alea la, ekema wole dzadzɛnyenye si anɔ xexe yeye, si anɔ Mawu Fiaɖuƒea te, me la srɔ̃m.
11 Yehowa ƒe amewo dometɔ geɖe zãa woawo ŋutɔwo ƒe ʋuwo tsɔ yia kpekpewo egbea. Le teƒe aɖewo la, ʋuzazã dea ame dzi ŋutɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ele be ʋua nanɔ dzadzɛ eye wòanɔ nɔnɔme nyui me. Ele be míaƒe aƒewo me kple míaƒe ʋuwo naɖee afia be míenye Yehowa ƒe ame dzadzɛ siwo le kɔkɔe. Alea kee wòle be wòanɔ le míaƒe gbeadzidekplowo kple Bibliawo hã gome.
12 Ele be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nasɔ ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo nu. Mava susu me na mí gbeɖe be míado ɖe amegã aɖe ŋkume ne míedo awu ɖewoɖewoe o. Ekema aleke wòle vevie wu ye nye esi be míalé ŋku ɖe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋui ne míele Yehowa teƒe le gbeadzi alo le kplɔ̃ta! Míaƒe dzadzraɖo kple míaƒe awudodo ƒe atsyã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si amewo bua Yehowa subɔsubɔe dzi. Masɔ kura be míaƒe nudodowo nanyɔ dzodzro vɔ̃ ɖe ame me alo wòanye ame bubuwo ŋu mabumabu o. (Mika 6:8; 1 Kor. 10:31-33; 1 Tim. 2:9, 10) Eya ta ne míele dzadzram ɖo be míayi gbeadzi alo hame ƒe kpekpewo alo takpekpe suewo kple takpekpe gãwo la, ele be míaɖo ŋku nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ ku ɖe dzadzɛnyenye kple dzedzeme si sɔ dzi. Míedina be míaƒe nuwɔna nade bubu Yehowa ŋu ahahe ŋutikɔkɔe vɛ nɛ ɣesiaɣi.
Esi míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu be míasubɔe ta la, ele be míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna ɖe sia ɖe naɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe afia
13 Nenema kee wòle be wòanɔ ne míeɖi tsa yi habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã alo Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe. Ðo ŋku edzi be ŋkɔ Betel gɔmee nye “Mawu Ƒe Aƒe.” Eya ta ele be míado awu ahawɔ nu abe ale si míawɔe ne míeyi kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me ene.
14 Ne míele gome kpɔm le dzidzɔdonamenuwo me gɔ̃ hã la, ele be míalé ŋku ɖe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋu. Míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ne medi be maɖi vomeɖase la, ɖe ŋu akpem le awu si medo ta?’
MODZAKAÐEÐE KPLE DZIDZƆDONAMENU ÐƆƲUWO
15 Ðiɖiɖeme kple modzakaɖeɖe le vevie be míada asɔ ahanɔ lãmesẽ me. Gbe ɖeka, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woava ne yewoayi teƒe si ame aɖeke mele o, ne ‘yewoaɖi ɖe eme vie.’ (Marko 6:31) Ðiɖiɖeme kple modzakaɖeɖe alo dzidzɔdonamenu ɖɔʋuwo ate ŋu ana míadzudzɔ vie tso míaƒe dɔwɔnawo me. Ate ŋu ana ŋusẽ yeye naɖo mía me be míayi míaƒe gbe sia gbe dɔwo dzi.
16 Esi wònye be modzakaɖenu ƒomevi vovovowo va bɔ egbea ta la, ele be Kristotɔwo nawɔ mawumenunya ŋu dɔ le nu si woatia atsɔ aɖe modzakae kple nu siwo woawɔ me. Togbɔ be modzakaɖeɖe nyo hã la, menye eyae nye nu vevitɔ le agbe me o. Woxlɔ̃ nu mí be le “ŋkeke mamlɛawo me” la, amewo azu “ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu.” (2 Tim. 3:1, 4) Nu siwo ame geɖewo yɔna egbea be modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo la dometɔ geɖe masɔ na ame siwo di be yewoalé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi o.
17 Ehiã be Kristotɔ gbãtɔwo naƒo asa na modzakaɖeɖe dzeakaɖa siwo yia edzi le ame siwo tia vivisese yome la dome. Wotsɔa amewo ƒe fukpekpe ɖea modzakae na nukpɔlawo le Romatɔwo ƒe fefewɔƒewo. Tagbɔsesẽnuwɔwɔ, ʋukɔkɔɖi kple gbɔdɔdɔ manɔsenu nye nu siwo koŋ woɖena fiana be woatsɔ ado dzidzɔ na nukpɔlawo, gake Kristotɔ gbãtɔwo ɖe wo ɖokui ɖa tso nu mawo gbɔ. Nu mawo tɔgbi kee woɖena fiana egbea le xexea ƒe modzakaɖenuwo dometɔ geɖe me tsɔ ɖia kɔ na amewo ƒe dzodzro vɔ̃wo. Ele be ‘míakpɔ nyuie’ le ale si míezɔnae ŋu, ale be míaƒo asa na modzakaɖeɖe gblẽkuwo. (Ef. 5:15, 16; Ps. 11:5) Eye ne naneke megblẽ le modzakaɖeɖea ŋutɔ ŋu o hã la, ɖewohĩ nɔnɔme si me modzakaɖeɖea ayi edzi le la masɔ o.—1 Pet. 4:1-4.
18 Modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenu ɖɔʋuwo li siwo me Kristotɔwo ate ŋu akpɔ gome le. Ŋɔŋlɔawo ƒe nuxlɔ̃ame kple aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le míaƒe agbalẽwo me la dzi wɔwɔ ɖe vi na ame geɖe.
19 Ɣeaɖewoɣi la, nɔvi aɖe ate ŋu akpe ƒome aɖewo ava eƒe aƒe me hena Kristotɔwo ƒe hadede. Alo woakpe nɔviwo ava srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe alo wɔna siawo tɔgbi teƒe. (Yoh. 2:2) Ele be amekpelawo nanyae be nu siwo ayi edzi le afi ma la ƒe agba le yewo dzi. Ne ƒuƒoƒo gã aɖee va kplɔ̃ɖoƒea la, edze ƒãa be ele be woaɖɔ ŋu ɖo. Dziɖeɖi si nɔa kplɔ̃ɖoƒe mawo wɔe be ame aɖewo wɔ nu wògbɔ ale si dze Kristotɔ be wòawɔ nui la ŋu ale be woɖu nu no nu wògbɔ eme eye wowɔ nu vɔ̃ gã bubuwo hã. Susu sia ta, Kristotɔ dzeaɖaŋuwo kpɔe be nunya le eme be yewoakpe ame ʋɛ aɖewo ko eye modzakaɖeɣia nagadidi fũu akpa o. Ne aha sesẽwo anɔ anyi la, ele be woanoe le ŋuɖɔɖo me. (Flp. 4:5) Ne wodze agbagba ɖe sia ɖe wɔ ɖoɖo ɖe kplɔ̃ɖoɖoa ŋu be wòatu ame ɖo le gbɔgbɔ me la, aha kple nuɖuɖu manye nu vevitɔ siwo ŋu woatsi dzi ɖo o.
20 Enyo ŋutɔ be woanye amedzrowɔla. (1 Pet. 4:9) Ne míele Kristotɔwo kpem hena nuɖuɖu, fefewɔwɔ, ɖiɖiɖeme kple hadede la, anyo be míabu ame siwo dzi nu mede o la ŋu. (Luka 14:12-14) Ne wokpe mí la, ele be míaƒe nuwɔna nasɔ ɖe nuxlɔ̃amenya si le Marko 12:31 la nu. Enyo ɣesiaɣi be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe dɔmenyo si wowɔ na mí la ŋu.
21 Kristotɔwo kpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe nunana gbogboawo ŋu, elabena wonyae be yewoate ŋu ‘aɖu nu ano nu ahakpɔ dzidzɔ le yewoƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo katã me.’ (Nyagb. 3:12, 13) Ne míewɔ “nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu” la, kplɔ̃ɖolawo kple ame kpekpeawo siaa ate ŋu aɖo ŋku kplɔ̃ɖoɖoawo dzi kple dzidzeme be edo ŋusẽ yewo le gbɔgbɔ me.
SUKUDEDE
22 Sukudede ase ɖe afi si sɔ ɖea vi na Yehowa Ðasefowo ƒe viwo. Le woƒe sukudede me la, woléa fɔ ɖe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ŋu nyuie. Nu bubu siwo wofiana le suku ate ŋu aɖe vi na sɔhɛwo esime wole gbɔgbɔmetaɖodzinuwo minyam. Wodzea agbagba vevie be ‘yewoaɖo ŋku yewo Wɔla Gã la dzi’ le yewoƒe sukudeɣi to gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me.—Nyagb. 12:1.
23 Ne Kristotɔ sɔhɛ si le suku demee nènye la, ɖɔ ŋu ɖo be nàganɔ ha dem kple xexe sia me sɔhɛwo madzemadzee o. (2 Tim. 3:1, 2) Esi Yehowa na ametakpɔnu siwo hiã la mí ta la, nu geɖe li nàte ŋu awɔ atsɔ atsi tsitre ɖe xexea me ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ŋu. (Ps. 23:4; 91:1, 2) Eya ta wɔ ametakpɔkpɔ ƒe ɖoɖo siwo Yehowa wɔ na mí la ŋu dɔ be nànɔ dedie.—Ps. 23:5.
24 Ðasefo sɔhɛ akpa gãtɔ tiae be yewomakpɔ gome le nuwɔna bubu siwo wotsɔ kpena ɖe sukunusɔsrɔ̃wo ŋu la me o, ale be yewoaganye xexea ƒe akpa aɖeke o. Asesẽ be hati sukuviwo kple nufialawo nase egɔme. Gake Mawu ŋu dzedze ye le vevie wu. Esia bia be nàwɔ wò dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la ŋu dɔ ahaɖoe kplikpaa be yemaƒo ye ɖokui ɖe xexea ƒe hoʋiʋli alo dukɔmevinyenye ƒe nuwɔnawo me o. (Gal. 5:19, 26) Sɔhɛwo, toɖoɖo mia dzila siwo vɔ̃a Mawu la ƒe nuxlɔ̃ame siwo tso Ŋɔŋlɔawo me kple hadede nyuiwo le hamea me akpe ɖe mia ŋu mialé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi.
ŊUTILÃMEDƆ KPLE ZƆHƐWO
25 Ŋɔŋlɔawo fia nu be ele be ƒome ƒe tawo nakpɔ woawo ŋutɔwo ƒe aƒemetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (1 Tim. 5:8) Ke hã, esi wonye Mawu subɔlawo ta la, wonyae be fɔléle ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu le vevie wu yewoƒe ŋutilãmedɔwo. (Mat. 6:33; Rom. 11:13) Wonyae be ne yewotsɔ yewo ɖokui na Mawu eye nuɖuɖu kple nudodo si le yewo si dzea yewo ŋu la, ekema yewoate ŋu aƒo asa na dzimaɖitsitsi kple ŋutilãmenudidi ƒe mɔ̃ si ɖea amewo.—1 Tim. 6:6-10.
26 Ele be Kristotɔ ɖeadzɔgbe siwo katã wɔa ŋutilãmedɔ la naɖo ŋku Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzi. Míaƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ le anukwareɖiɖi me fia be míagawɔ nu siwo ana míada le Mawu ƒe se alo dukɔa ƒe se dzi o. (Rom. 13:1, 2; 1 Kor. 6:9, 10) Míenɔa ŋudzɔ ɖe hadede vɔ̃wo ƒe afɔkuwo ŋu. Esi míenye Kristo ƒe asrafowo ta la, míeƒoa asa na asitsatsa me nuwɔna siwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu kple esiwo awɔe be míate ŋu alé míaƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi o kpakple esiwo agblẽ ƒomedodo nyui si le mía kple Mawu dome la me. (Yes. 2:4; 2 Tim. 2:4) Eye míedoa ka kple Mawu ƒe futɔ si nye “Babilon Gã la” o.—Nyaɖ. 18:2, 4; 2 Kor. 6:14-17.
27 Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me léle ɖe asi akpe ɖe mía ŋu be míagawɔ míaƒe teokrasihadedewo ŋu dɔ atsɔ anɔ asitsanyawo alo míawo ŋutɔwo ƒe taɖodzinu bubuwo dom ɖe ŋgɔ o. Taɖodzinu si koŋ tae míedea ha kple mía nɔviwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo mee nye be míasubɔ Yehowa. Ne míeva ƒo ƒu alea la, míeɖua nu le eƒe gbɔgbɔmekplɔ̃ ŋu eye ‘míedea dzi ƒo na mía nɔewo.’ (Rom. 1:11, 12; Heb. 10:24, 25) Eya ta ele be míana hadede siawo naku ɖe gbɔgbɔmenuwo ɖeɖe ko ŋu.
KRISTOTƆWO ƑE ANYINƆNƆ LE ÐEKAWƆWƆ ME
28 Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo bia hã be eƒe amewo nalé “gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.” (Ef. 4:1-3) Míedia mía ɖokui tɔ o, ke boŋ ame sia ame dina be yeawɔ nyui na ye nɔvi. (1 Tes. 5:15) Ðikeke mele eme o be ède dzesi gbɔgbɔ sia le hame si me nèle la me. Ŋutigbalẽ ƒe amadede kae ɖale mía ŋu o, dukɔ ka mee míeɖatso o, ɖoƒe kae ɖale mía si o, eye aleke kee míaƒe ganyawo ɖale alo afi ka kee míeɖade suku se ɖo o, dzidzenu dzɔdzɔe ɖeka koe kplɔa mí katã. Egodotɔwo gɔ̃ hã kpɔe dze sii be nɔnɔme sia ɖe dzesi le Yehowa ƒe amewo ŋu.—1 Pet. 2:12.
29 Esi apostolo Paulo nɔ gbe tem ɖe nu si dzi wotu ɖekawɔwɔ sia ɖo dzi la, eŋlɔ bena: “Ŋutilã ɖeka kple gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si ko woyɔ mi va mɔkpɔkpɔ ɖeka si ta woyɔ mi ɖo la gbɔ ene; Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka; Mawu ɖeka, si nye amewo katã Fofo, ame si le amewo katã nu, ame si wɔa dɔ to amewo katã dzi, eye wòwɔnɛ le amewo katã me.” (Ef. 4:4-6) Esia fia be ne míelɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi la, gɔmesese ɖeka anɔ mí katã si le Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo kple Biblia me nufiafia goglowo gɔ̃ hã ŋu. Vavãe, Yehowa na eƒe nyateƒea ƒe gbegbɔgblɔ dzadzɛ la eƒe dukɔa, si na be wote ŋu le esubɔm le ɖekawɔwɔ me.—Zef. 3:9.
30 Ðekawɔwɔ kple ŋutifafa si le Kristo hamea me la nye gbɔɖeme na ame siwo katã subɔa Yehowa. Míekpɔ ŋugbe si Yehowa do be, “Mana woanɔ anyi ɖekae, abe alẽha le alẽkpo me ene” la me vava teƒe. (Mika 2:12) Míedi be míalé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi ale be ŋutifafa ƒe ɖekawɔwɔ sia nakpɔtɔ anɔ anyi.
31 Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo katã woxɔ ɖe Yehowa ƒe hame dzadzɛa me! Nu sia nu si míatsɔ asa vɔe be woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe mía ŋu la mazu dzodzro o. Esi míeyi edzi le ƒomedodo xɔasi si le mía kple Yehowa dome la me lém ɖe asi la, míadze agbagba vevie be míatsɔ eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo awɔ dɔe eye míakafu wo na ame bubuwo hã.—2 Kor. 3:18.