INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 52 axa 126-axa 127 mm. 1
  • Yehowa Ƒe Aʋakɔ Dziŋɔ La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ƒe Aʋakɔ Dziŋɔ La
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Elisa Kpɔ Dzotasiaɖamwo​—Wò Hã Èle Wo Kpɔma?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • “Kɔ Viwò La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ðokuitsɔtsɔsavɔ Kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Kpɔɖeŋu Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 52 axa 126-axa 127 mm. 1
Siria-ʋakɔa ƒo xlã Elisa kple eƒe subɔvi la

NUSƆSRƆ̃ 52

Yehowa Ƒe Aʋakɔ Dziŋɔ La

Siria-fia Ben-Hadad hoa aʋa ɖe Israel-viwo ŋu edziedzi. Gake nyagblɔɖila Elisa gblɔnɛ na Israel-fia la, si wɔnɛ be metea ŋu va dzea wo dzi o. Eya ta Ben-Hadad ɖoe be yealé Elisa sesẽe adzoe. Ese be Elisa le Dotan dua me, eya ta edɔ Siria-ʋakɔa be woalée vɛ.

Siria-ʋakɔa va Dotan le zã me. Esi ŋu ke la, Elisa ƒe subɔvi la do go eye wòkpɔ be aʋakɔ gã aɖe ƒo xlã dua. Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòdo ɣli gblɔ be: ‘Aléle, Elisa nu kae míawɔ?’ Elisa gblɔ nɛ be: ‘Ame siwo le mía dzi la sɔ gbɔ wu ame siwo le wo dzi.’ Enumake, Yehowa na Elisa ƒe subɔvi la kpɔ be sɔwo kple dzotasiaɖamwo yɔ to siwo katã ƒo xlã wo la dzi taŋtaŋ.

Elisa kple eƒe subɔvi la kpɔ mawudɔla gbogbo siwo ƒo xlã wo

Esi Siria-ʋakɔa dze agbagba be yewoalé Elisa la, edo gbe ɖa be: ‘Yehowa, meɖe kuku na woƒe ŋkuwo nagbã.’ Ewɔ nublanui be asrafoawo nɔ nu kpɔm gake womeganya afi si tututu wole o. Elisa gblɔ na wo be: ‘Menye du lae nye esia o. Mikplɔm ɖo ne makplɔ mi yi ame si dim miele la gbɔ.’ Wodze Elisa yome yi keke Samaria, afi si Israel-fia la le.

Esi Siriatɔwo va nya afi si wole la, etsi megbe akpa. Israel-fia la bia Elisa be: ‘Mawu woa?’ Ðe Elisa kpɔe be mɔnukpɔkpɔe wònye na ye be yeaɖo eteƒe na ame siwo di be yewoatu nu kpli ye la? Kpao. Elisa gblɔ be: ‘Mègawu wo o. Na nuɖuɖu wo eye nàna woatrɔ adzo.’ Eya ta fia la ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo eye emegbe edo mɔ wo.

Siria-srafowo le nu ɖum le Samaria

“Kakaɖedzi sia le mía si le eya amea me be, nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—1 Yohanes 5:14

Nyabiasewo: Aleke Yehowa kpɔ Elisa kple eƒe subɔvi tae? Ðe nèkpɔe be Yehowa ate ŋu akpɔ ye hã ye ta?

2 Fiawo 6:8-24

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe