INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 62 axa 148-axa 149 mm. 1
  • Fiaɖuƒe Aɖe Si Le Abe Ati Gã Ene

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒe Aɖe Si Le Abe Ati Gã Ene
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ati Gã La Ŋuti Nya Ɣaɣla La Me Ðeɖe
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Fiaɖuƒe Aɖe Si Anɔ Anyi Tegbee
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Legba Gã Aɖe ƒe Dodo Kple Eƒe Mumu
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Nu Kae Biblia Ƒe Ɣeyiɣikɔntabubuwo Ðe Fia Tso Ƒe 1914 Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 62 axa 148-axa 149 mm. 1
Wolã ati si Fia Nebukadnezar kpɔ le drɔ̃ea me la ƒu anyi

NUSƆSRƆ̃ 62

Fiaɖuƒe Aɖe Si Le Abe Ati Gã Ene

Le zã aɖe me la, Nebukadnezar ku drɔ̃e dziŋɔ aɖe. Eyɔ eƒe nunyalawo be woava ɖe drɔ̃ea gɔme na ye. Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nɛ o. Emegbe fia la ƒo nu kple Daniel.

Nebukadnezar gblɔ na Daniel be: ‘Mekpɔ ati aɖe le drɔ̃e me. Ekɔkɔ ale gbegbe be etɔ dziƒo. Woate ŋu akpɔe le xexea ƒe afi sia afi. Eƒe aŋgbawo nya kpɔ eye kutsetse geɖe le edzi. Lãwo nɔa eƒe vɔvɔli te eye xeviwo wɔa atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi. Eye mawudɔla aɖe ɖi tso dziƒo va. Edo ɣli gblɔ be: “Milã ati la ƒu anyi, eye milã eƒe alɔwo. Ke migblẽ eƒe takpoea ɖe to me, eye mitsɔ gayibɔ kple akɔbli blae. Woatrɔ eƒe dzi, be wòaganye amegbetɔ ƒe dzi azɔ o, eye wòazu abe lã ƒe dzi ene, va se ɖe esime ɣeyiɣi adre nava yi nɛ. Ne agbagbeawo nanyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye Dziɖula si kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye ame si dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ nana.”’

Yehowa ɖe drɔ̃ea gɔme na Daniel. Esi Daniel va se drɔ̃ea gɔme la, evɔ̃ ŋutɔ. Egblɔ be: ‘Oo fia, wò futɔwo ŋue wòle be drɔ̃e sia naɖi hafi, gake ŋuwòe wòku ɖo. Wòe nye ati gã si wolã ƒu anyi la. Woaxɔ fiaɖuƒe la le asiwò, eye àɖu gbe le gbe me abe gbemelã ene. Gake esi mawudɔlaa gblɔ be woagblẽ takpoea ɖe to me ta la, àgazu fia ake.’

Le ƒe ɖeka megbe la, Nebukadnezar nɔ zɔzɔm le eƒe xɔta si le gbadzaa eye wònɔ ŋku lém ɖe ale si Babilon nya kpɔe ŋu. Egblɔ be: ‘Mikpɔ du gã si metso la ɖa. Menye ame vie menye o! Esi wònɔ nua ƒom la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: ‘Nebukadnezar! Woxɔ fiaɖuƒe la le asiwò.’

Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Nebukadnezar dze aɖaʋa eye wòzu abe gbemelã ene. Wonyae le eƒe fiasãa me eye wòyi ɖanɔ lãwo dome le gbe me. Nebukadnezar ƒe ɖa to legbee abe hɔ̃ ƒe fuwo ene, eye eƒe fewo to abe xewo tɔ ene.

Le ƒe adre megbe la, Nebukadnezar ƒe mo kɔ eye Yehowa gatsɔe ɖo fia le Babilon. Eye Nebukadnezar gblɔ be: ‘Mele Yehowa, Dziƒofia la kafum. Azɔ menyae be Yehowae nye Dziɖula. Ebɔbɔa dadalawo ɖe anyi, eye ate ŋu atsɔ fiaɖuƒe ana ame sia ame si wòdi.’

“Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.”—Lododowo 16:18

Nyabiasewo: Nu kae drɔ̃e si Nebukadnezar ku la fia? Nu kae Nebukadnezar gblɔ be yesrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe ye dzi la me?

Daniel 4:1-37

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe