INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 60 axa 144-axa 145 mm. 2
  • Fiaɖuƒe Aɖe Si Anɔ Anyi Tegbee

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒe Aɖe Si Anɔ Anyi Tegbee
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Legba Gã Aɖe ƒe Dodo Kple Eƒe Mumu
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Nya Vevi Siwo Tso Daniel Ƒe Agbalẽa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Fiaɖuƒe Aɖe Si Le Abe Ati Gã Ene
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Ati Gã La Ŋuti Nya Ɣaɣla La Me Ðeɖe
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 60 axa 144-axa 145 mm. 2
Fia Nebukadnezar ku drɔ̃e tso legba gã aɖe si kpe aɖe gbã la ŋu

NUSƆSRƆ̃ 60

Fiaɖuƒe Aɖe Si Anɔ Anyi Tegbee

Le zã aɖe me la, Fia Nebukadnezar ku drɔ̃e aɖe si na wòvɔ̃. Drɔ̃e la na wòtɔtɔ ale gbegbe be mete ŋu dɔ alɔ̃ o. Eyɔ eƒe afakalawo eye wògblɔ na wo be: ‘Miɖe drɔ̃e si meku la gɔme nam.’ Wogblɔ nɛ be: ‘Oo fia lĩ drɔ̃e si nèku la na mí.’ Gake Nebukadnezar gblɔ na wo be: ‘Gbeɖe! Milĩ drɔ̃e la nam, ne menye nenema o la, mawu mi.’ Wogagblɔ nɛ be: ‘Lĩ drɔ̃e si nèku la na mí, eye míaɖe egɔme na wò.’ Fia la gblɔ be: ‘Ðeko miedi be yewoablem. Milĩ drɔ̃ea nam.’ Wogagblɔ na fia la be: ‘Ame aɖeke mele xexe sia me si ate ŋu awɔ nu sia o. Nu si biam nèle la manya wɔ o.’

Dzi ku Nebukadnezar vevie ale be wòɖe gbe be woawu nunyalawo katã. Esia fia be woawu Daniel, Sadrak, Mesak kple Abednego hã. Daniel bia be fia la nana ɣeyiɣi vi aɖe ye. Emegbe eya kple exɔlɔ̃awo do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Nu kae Yehowa wɔ?

Le ŋutega aɖe me la, Yehowa ɖe Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea fia Daniel eye wòɖe eme nɛ. Esi ŋu ke la, Daniel yi fia ƒe subɔvi gbɔ eye wògblɔ nɛ be: ‘Mègawu nunyalawo dometɔ aɖeke o. Mate ŋu aɖe fia ƒe drɔ̃ea gɔme.’ Subɔvia kplɔ Daniel yi Nebukadnezar gbɔ. Daniel gblɔ na fia la be: ‘Mawu ɖe nu si adzɔ le etsɔme la fia wò. Drɔ̃e si nèku lae nye esi: Èkpɔ legba gã aɖe si ƒe ta nye sika, eƒe akɔta kple abɔwo nye klosalo, eƒe ƒodo kple atawo nye akɔbli, eƒe afɔwo nye gayibɔ, eye eƒe afɔbayawo nye gayibɔ kple tsu tsaka. Woka kpe aɖe tso to aɖe dzi wòva dze legba la ƒe afɔbayaa dzi. Legba la gbã gudugudu eye ya kplɔe dzoe. Kpea zu to gã aɖe hexɔ anyigba la dzi.’

Eye Daniel gblɔ be: ‘Drɔ̃e si nèku la gɔmee nye esi: Wò fiaɖuƒe lae nye legbaa ƒe ta si nye sika la. Klosalo la nye fiaɖuƒe si ava ɖe yowòme. Emegbe fiaɖuƒe bubu ava si anɔ abe akɔbli ene, eye aɖu anyigba bliboa dzi. Fiaɖuƒe si ava ɖe eyome la asesẽ abe gayibɔ ene. Fiaɖuƒe si ava mlɔeba la, ama ɖe eve, akpa aɖewo asesẽ abe gayibɔ ene eye akpa bubuwo masesẽ o abe tsu ene. Kpe si va zu to lae nye Mawu Fiaɖuƒea. Agbã fiaɖuƒe siawo katã eye wòanɔ anyi tegbee.’

Nebukadnezar tsyɔ mo anyi ɖe Daniel ŋkume. Egblɔ be: ‘Wò Mawu lae ɖe drɔ̃e sia fia wò. Mawu bubu aɖeke mesɔ kplii o.’ Nebukadnezar mewu Daniel o ke boŋ etsɔe ɖo nunyalawo katã ƒe tatɔe eye wòɖu Babilon nutoa katã dzi. Èkpɔ ale si Yehowa ɖo gbe si Daniel do ɖa la ŋua?

“Woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe si woyɔna le Hebrigbe me be, Armagedon.”—Nyaɖeɖefia 16:16

Nyabiasewo: Nu kae kpe ɖe Daniel ŋu wòte ŋu ɖe Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea gɔme? Drɔ̃ea gɔme ɖe?

Daniel 2:1-49

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe