INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 32
  • Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum Fifia!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum Fifia!
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Nu Kae Biblia Ƒe Ɣeyiɣikɔntabubuwo Ðe Fia Tso Ƒe 1914 Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme?—Akpa 2
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Mawufiaɖuƒe La Ede Ŋgɔ le Go sia Go Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • 1914—Ƒe Ðedzesi Aɖee Wònye le Biblia ƒe Nyagblɔɖi Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 32
Nusɔsrɔ̃ 32 lia. Yesu Kristo si nye Fia le dziƒo la lé fiatikplɔ ɖe asi eye wòle fia ɖum ɖe anyigba dzi.

NUSƆSRƆ̃ 32

Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum Fifia!

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le dziƒo le ƒe 1914 me. Ƒe ma ke mee amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋkeke mamlɛawo dze egɔme. Aleke míewɔ nya? Na míakpɔ nya siwo Biblia gblɔ ɖi tso nya sia ŋu kple ale si nuwo va trɔ le xexea me kpakple ale si amewo ƒe agbenɔnɔ va le tso ƒe 1914 me.

1. Nu kae Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ɖe fia?

Biblia gbalẽ si nye Daniel ɖee fia be Mawu Fiaɖuƒea adze dziɖuɖu gɔme le ɣeyiɣi ƒe didime si woyɔ be “ɣeyiɣi adre” la ƒe nuwuwu. (Daniel 4:16, 17) Ƒe alafa geɖe megbe la, Yesu va yɔ ɣeyiɣi ma be “dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo,” eye eƒe nyawo ɖee fia be ɣeyiɣi ma mekpɔ wu enu haɖe o. (Luka 21:24) Abe ale si míava kpɔe ene la, ɣeyiɣi adre ma va wu enu mlɔeba le ƒe 1914 me.

2. Aleke nɔnɔmeawo kple amewo ƒe agbenɔnɔ va le tso ƒe 1914 me?

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Nu kae anye wò anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mateo 24:3) Esi Yesu nɔ nyaa ŋu ɖom na wo la, egblɔ nu geɖe siwo adzɔ ne yedze dziɖuɖu gɔme le dziƒo le Mawu Fiaɖuƒea me vɔ megbe la ɖi. Nu siawo ƒe ɖewoe nye aʋawɔwɔ, nuɖuɖu ƒe veve, kple anyigbaʋuʋuwo. (Xlẽ Mateo 24:7.) Biblia gblɔe ɖi hã be, ale si amewo anɔ agbe nɔm le “ŋkeke mamlɛawo me” la awɔe be agbea ‘nasesẽ.’ (2 Timoteo 3:1-5) Nyagblɔɖi siawo katã dze emevava gɔme, vevietɔ tso ƒe 1914 me.

3. Nu ka tae nuwo va gblẽ ɖe edzi alea gbegbe tso esime Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme?

Esi Yesu va zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia megbe kpuie la, ewɔ aʋa kple Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo le dziƒo. Eɖu Satana dzi. Biblia gblɔ be ‘wotsɔ Satana ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu.’ (Nyaɖeɖefia 12:9, 10, 12) Eya ta, dzi le Satana kum vevie, elabena enyae be woava tsrɔ̃ ye. Esia tae wòna vevesese kple fukpekpe xɔ anyigba dzi alea gbegbe ɖo. Mewɔ nuku o be nuwo gblẽ ɖe edzi le xexea me alea gbegbe! Mawu Fiaɖuƒea ava ɖe kuxi siawo katã ɖa.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si míewɔ nya be Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me kple nu si wòle be esia nyanya naʋã mí míawɔ.

4. Biblia ƒe akɔntabubu ɖee fia be Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me

Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme Le Ƒe 1914 Me (5:02)

Mawu na blema Babilon Fia Nebukadnezar ku drɔ̃e tso nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu. Drɔ̃e ma me nyawo kple ale si Daniel ɖe egɔmee la ɖee fia be eku ɖe Nebukadnezar ƒe fiaɖuƒea kple Mawu Fiaɖuƒea hã ŋu.—Mixlẽ Daniel 4:17.a

Mixlẽ Daniel 4:20-26, eye miazã aɖaka si le axa si kplɔe ɖo la me nyawo atsɔ aɖo biabia siwo gbɔna ŋu:

  • (A) Nu kae Nebukadnezar kpɔ le drɔ̃e si wòku la me?—Kpɔ kpukpui 20 kple 21 lia.

  • (B) Nu kae ava dzɔ ɖe atia dzi?—Kpɔ kpukpui 23 lia.

  • (D) Nu kae adzɔ le ‘ɣeyiɣi adreawo’ ƒe nuwuwu?—Kpɔ kpukpui 26 lia.

Ale Si Atia Ŋuti Drɔ̃e La Ku Ðe Mawu Fiaɖuƒea Ŋu

NYAGBLƆÐIA (Daniel 4:20-36)

Fiaɖuɖu

(A) Ati si kɔ ŋutɔ

Ati si kɔkɔ ŋutɔ.

Wotso fiaɖuɖua me

(B) “Milã ati la ƒu anyi,” va se ɖe esime “ɣeyiɣi adre nava yi”

Wotsɔ gayibɔ kple akɔbli bla ati takpoe aɖe.

Wogaɖo fiaɖuƒea te

(D) “Wò fiaɖuƒe agasu asiwò”

Ati si kɔkɔ ŋutɔ.

Le nyagblɔɖi sia me vava gbãtɔ me la . . .

  • (Ð) Ame kae atia nɔ tsitre ɖi na?—Kpɔ kpukpui 22 lia.

  • (E) Aleke wotso eƒe fiaɖuɖua mee?—Mixlẽ Daniel 4:29-33.

  • (Ɛ) Nu kae dzɔ ɖe Nebukadnezar dzi le “ɣeyiɣi adre” la ƒe nuwuwu?—Mixlẽ Daniel 4:34-36.

EMEVAVA GBÃTƆ

Fiaɖuɖu

(Ð) Nebukadnezar, Babilon Fia la

Fia Nebukadnezar tɔ ɖi dadatɔe.

Wotso fiaɖuɖua me

(E) Ɣeaɖeɣi le ƒe 606 D.Y. megbe la, Nebukadnezar ƒe tagbɔ da eye megate ŋu ɖu eƒe fiaɖuƒea dzi o ƒe adre

Nebukadnezar le klo dzi le gbe ɖum abe lã ene.

Wogaɖo fiaɖuƒea te

(Ɛ) Nebukadnezar ƒe mo va kɔ eye wògadze eƒe fiaɖuƒea dzi ɖuɖu gɔme ake

Fia Nebukadnezar do eƒe asiwo ɖe dzi le dziƒo kpɔm.

Le nyagblɔɖia me vava evelia me la . . .

  • (F) Ame kawoe atia nɔ tsitre ɖi na?—Mixlẽ 1 Kronika 29:23.

  • (Ƒ) Aleke wotso woƒe fiaɖuɖua mee? Aleke míewɔ nya be dometsotso ma gakpɔtɔ nɔ anyi esime Yesu nɔ anyigba dzi?—Mixlẽ Luka 21:24.

  • (G) Ɣekaɣie wogbugbɔ ɖo dziɖuɖu sia te, eye le afi ka?

EMEVAVA EVELIA

Fiaɖuɖu

(F) Israel fia siwo nɔ tsitre ɖi na Mawu ƒe dziɖuɖu

Israel fia siwo va ɖe wo nɔewo yome la nɔ anyi ɖe fiazikpuiwo dzi. Kekeli klẽ ɖe wo dzi tso dziƒo.

Wotso fiaɖuɖua me

(Ƒ) Wotsrɔ̃ Yerusalem, si wɔe be Israel fiawo ƒe dziɖuɖua me tso hena ƒe 2,520

Wotɔ dzo blema Yerusalem le ƒe 607 D.Y. me. Esia megbe la, ƒe 2,520 va yi.

Wogaɖo fiaɖuƒea te

(G) Woɖo Yesu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia eye wòdze dziɖuɖu gɔme le dziƒo

Yesu le fia ɖum ɖe anyigba dzi tso eƒe fiazikpui dzi le dziƒo tso ƒe 1914 me. Kekeli le keklẽm tso egbɔ.

Ɣeyiɣi didi kae ɣeyiɣi adreawo xɔ?

Biblia ƒe akpa aɖewo kpena ɖe mía ŋu míesea eƒe akpa bubuwo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ɖee fia be ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã nye ŋkeke 1,260. (Nyaɖeɖefia 12:6, 14) Eya ta, ɣeyiɣi adre anye ŋkeke mawo ƒe teƒe eve, si nye ŋkeke 2,520. Ɣeaɖewoɣi le Biblia me la, ŋkeke ɖeka nɔa tsitre ɖi na ƒe ɖeka. (Ezekiel 4:6) Aleae wòle le ɣeyiɣi adre si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel ƒe agbalẽa me la gome. Eya ta, ɣeyiɣi adreawo le tsitre ɖi na ƒe 2,520.

5. Xexea trɔ kura tso ƒe 1914 me

Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: Xexea Trɔ Tso Ƒe 1914 Me (1:10)

Yesu gblɔ nu siwo adzɔ le xexea me ne yeva zu Fia la ɖi. Mixlẽ Luka 21:9-11, eye miadzro biabia sia me:

  • Nudzɔdzɔ siawo dometɔ kawo teƒee nèkpɔ loo alo se nu tsoe?

Apostolo Paulo ɖɔ ale si amewo ƒe nɔnɔme anɔ le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋkeke mamlɛawo me. Mixlẽ 2 Timoteo 3:1-5, eye miadzro biabia sia me:

  • Nɔnɔme siawo dometɔ kawoe nèdea dzesii le amewo ŋu egbea?

Nɔnɔmetata vovovoawo: Ale si nɔnɔmeawo le le ŋkeke mamlɛawo me. 1. Asrafomegã aɖe le kplɔ̃ta do eƒe asiwo ɖe dzi le ɣli dom. 2. Anyigbaʋuʋu na aƒewo gbã. 3. Asrafowo ƒe yameʋuwo. 4. Amewo ɖɔ ŋɔtitsyɔnu le zɔzɔm le mɔ dzi. 5. Xɔ kɔkɔ tsralaa eve siwo le New York la le bibim vlavlavla esi nu vlo wɔlawo va dze wo dzi. 6. Ŋutsu aɖe le atike vɔ̃ɖi dom na eɖokui. 7. Ŋutsu aɖe le srɔ̃a ƒom hele ɣli dom ɖe eta. 8. Atike vɔ̃ɖi kple aha sesẽ vovovowo. 9. Nyɔnu nyɔnugbɔdɔla eve siwo do atsyɔ̃ɖowu kple kɔgɛwo la le foto ɖem wo ɖokui. 10. Haƒola aɖe le dzo dem lãme na amewo le ɣeɖuƒe. 11. Ame siwo lɔ gbɔ la dometɔ ɖeka le atukpa si me dzo le bibim le la dam.

6. Ale si míaɖee afia be míeka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum

Mixlẽ Mateo 24:3, 14, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Dɔ vevi ka wɔm wole egbea si ɖee fia be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum?

  • Aleke nàwɔ be wò hã nàkpɔ gome le dɔ sia me?

Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum fifia, eye ɣeyiɣi si me Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu ava xɔ anyigba bliboa katã dzi la gogo. Mixlẽ Hebritɔwo 10:24, 25, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ ‘esi míekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom’?

Nɔnɔmetata vovovoawo: 1. Biblia nusrɔ̃vi aɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe me. 2. Nusrɔ̃vi ma ke le gbeƒã ɖem na eƒe ame nyanyɛ aɖe.

Ne ènya nane si ate ŋu aɖe vi na amewo eye wòaxɔ wo ɖe agbe la, nu kae nàwɔ?

AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Nu ka tae Yehowa Ðasefowo ƒoa nu tso ƒe 1914 ŋu nenema gbegbe ɖo?”

  • Ne ame aɖe bia nya ma la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Biblia me nyagblɔɖiwo, Biblia ƒe akɔntabubuwo, kple nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me la ɖo kpe edzi be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum fifia. Míeɖenɛ fiana be míeka ɖe edzi be Fiaɖuƒea le dzi ɖum ne míeɖea gbeƒã tso eŋu eye míedea hame ƒe kpekpewo.

Numetoto

  • Nu kae dzɔ le ɣeyiɣi adre si ƒe nya Biblia gbalẽ si nye Daniel gblɔ ɖi la ƒe nuwuwu?

  • Nu kae na nèka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me?

  • Aleke nàte ŋu aɖee afia be èxɔe se be Fiaɖuƒea le dzi ɖum fifia?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu tso nya siwo ŋutinyaŋlɔlawo kple ame bubuwo gblɔ tso tɔtrɔ siwo va xexea me tso ƒe 1914 me ŋu.

“Ɣeyiɣi Si Me Agbe Nyui Nɔnɔ Yi To Keŋkeŋ” (Nyɔ! ƒe nyati)

Xlẽ nu tso ale si nyagblɔɖi si le Mateo 24:14 la wɔ dɔ ɖe ŋutsu aɖe dzi la ŋu.

“Melɔ̃ Bezbɔlƒoƒo Wu Nu Sia Nu!” (Gbetakpɔxɔ No. 3 2017)

Aleke míewɔ nya be nyagblɔɖi si le Daniel ta 4 lia me la ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu?

“Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme? (Akpa 1)” (Gbetakpɔxɔ, October 1, 2014)

Nu kae ɖee fia be “ɣeyiɣi adre” si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel ta 4 lia me la wu enu le ƒe 1914 me?

“Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme? (Akpa 2)” (Gbetakpɔxɔ, November 1, 2014)

a Kpɔ nyati eve mamlɛtɔ siwo dze le nusɔsrɔ̃ sia ƒe akpa si nye Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe