INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lmd nusɔsrɔ̃ 4
  • Bɔbɔ Ðokuiwò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Bɔbɔ Ðokuiwò
  • Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Paulo Wɔe
  • Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Paulo Gbɔ?
  • Srɔ̃ Paulo
  • Yehowa Dea Asixɔxɔ Esubɔla Siwo Bɔbɔ Wo Ðokuiwo La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Yi Edzi Nàbɔbɔ Ðokuiwò Ŋutɔŋutɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Yesu Ðo Ðokuibɔbɔ Ƒe Kpɔɖeŋu Ði
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Srɔ̃ Mawu Ƒe Nɔnɔmewo—Ðokuibɔbɔ
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
Kpɔ Bubuwo
Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
lmd nusɔsrɔ̃ 4

DZEÐOÐO GƆMEDZEDZE

Wode ga apostolo Paulo tsi ɖe dzɔla aɖe ŋu eye wòle nu ƒom na Fia Agripa, Nutodziɖula Festo kple Bernike bubutɔe.

Dɔw. 26:​2, 3

NUSƆSRƆ̃ 4

Bɔbɔ Ðokuiwò

Nya si Biblia gblɔ: “Mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi.”—Flp. 2:3.

Ale Si Paulo Wɔe

Wode ga apostolo Paulo tsi ɖe dzɔla aɖe ŋu eye wòle nu ƒom na Fia Agripa, Nutodziɖula Festo kple Bernike bubutɔe.

VIDEO: Paulo Ðe Gbeƒã Na Fia Agripa

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Dɔwɔwɔwo 26:​2, 3. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1. Aleke Paulo bɔbɔ eɖokui esi wònɔ nu ƒom na Fia Agripa?

  2. Aleke Paulo he susu yi Yehowa kple Ŋɔŋlɔawo dzi, ke menye eɖokui dzi o?—Kpɔ Dɔwɔwɔwo 26:22.

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Paulo Gbɔ?

2. Ne míebɔbɔ mía ɖokui eye míede bubu amewo ŋua, anɔ bɔbɔe na wo be woaɖo to mí.

Srɔ̃ Paulo

3. De bubu amewo ŋu. Mègaƒo nu wòadze abe wò koe nya nu sia nu eye amea ya menya naneke o ene o. Ƒo nu na amea le bubumɔ nu.

4. Na amewo nakpɔe be nu si fiam nèle yewoa tso Biblia me. Nya siwo le Biblia mea wɔa dɔ ɖe ame dzi. Eya ta ne èzãe tsɔ fia nu amewoa, àkpe ɖe wo ŋu woaxɔ nyateƒenyawo dzi ase.

5. Mègaʋli nya kple amewo o. Ne èle ɖase ɖim na amewoa, mègate tɔ ɖe edzi be nu si gblɔm yele koe nye dedietɔ o. Mímedi be míaʋli nya kple amewo o. Eya ta ne èkpɔe be dzeɖoɖoa di be yeazu nyaʋiʋlia, dzo kpoo. Esia aɖee afia be èbɔbɔ ɖokuiwò. (Lod. 17:14; Tito 3:2) Ne mèʋli nya kple amea oa, esia ate ŋu ana be ɣebubuɣia, wòalɔ̃ be nàɖo dze kpli ye.

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ

Rom. 12:​16-18; 1 Kor. 8:1; 2 Kor. 3:5

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe