INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 2/1 axa 31
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afi Kae Kain Kpɔ Srɔ̃ Le Ðe?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Dadavi Siwo Tu Nɔnɔme Vovovowo Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Vɔ Nyoameŋuwo Sasa Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Amekae wɔ wò?
    Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 2/1 axa 31

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Mawu xlɔ̃ nu Kain be “nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tame aɖe ɖe ŋuwò,” si dze abe lã wɔadã aɖe kple eƒe nuléle ŋuti wònɔ nu ƒom le ene. (Mose I, 4:7) Ne amagbe koe lãwo ɖu do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, ke nukata woazã nyagbe mawo atsɔ agblɔ nyae?

Le Mose ƒe agbalẽ siwo wòŋlɔ me la, míekpɔ kpukpui aɖewo siwo gblɔ nyateƒe alo ŋutinya me nudzɔdzɔ aɖewo siwo dze abe ɖe womesɔ tututu ɖe ɣeyiɣi siwo me nuawo dzɔ le nu o ene.

Le kpɔɖeŋu me, nuŋlɔɖi si le Mose I, 2:10-14 ƒo nu tso afisi Eden-bɔa nɔ ŋu. Mose ŋlɔe be tɔsisi ɖeka “to Asur ƒe ɣedzeƒe gome.” Gake ŋkɔ Asur-nyigba dzɔ tso Sem vi Asur si wodzi le Tsiɖɔɖɔa megbe la ƒe ŋkɔ me. (Mose I, 10:8-11, 22; Xezekiel 27:23; Mixa 5:5) Le nusi kpeɖodzi siwo li le Mose ƒe nyateƒe nuŋlɔɖi si gbɔgbɔ ʋã ŋu fia nu la, ɖeko wòzã ŋkɔ “Asur” tsɔ ƒo nu tso teƒe si eƒe nuxlẽlawo nya nyuie la ŋui.

Gabu kpɔɖeŋu bubu si tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta gbãtɔwo me la hã ŋu kpɔ. Esi Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ eye wonyã wo le abɔa me vɔ megbe la, Yehowa xe mɔ na wo be woagatrɔ age ɖe eme o. Le mɔ ka nu? Mose I, 3:24 gblɔ be: “Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.” De dzesi nya si wogblɔ be ‘yi si klẽna abe dzo ƒe aɖe ene.’ Ke Mawue to yiwo wɔwɔ vɛa?

Mehiã be míaƒo nya ta be mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ lae to nusi míeyɔna be yi la vɛ o. Adam kple Xawa kpɔ nane si nɔ keklẽm henɔ tɔtrɔm la le mawudɔlawo ŋgɔ. Nuka tututue wònye? Wonya yi eye wozãna wo le aʋawɔwɔ me hafi Mose va ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ. (Mose I, 31:26; 34:26; 48:22; Mose II, 5:21; 17:13) Eyata nya si Mose gblɔ be ‘yi si klẽna abe dzo ƒe aɖe ene’ kpe ɖe eƒe nuxlẽlawo ŋu be woakpɔ nusi nɔ Eden-bɔa ƒe mɔ nu le susu me vaseɖe afi aɖe. Nusiwo wonya le Mose ŋɔli la hã na be nya mawo gɔme anya se. Eye nyagbe siwo ŋudɔ Mose wɔ hã sɔ elabena Yehowa na woŋlɔ wo ɖe Biblia la me.—Timoteo II, 3:16.

Azɔ Mose I, 4:7 ya ɖe? Mawu xlɔ̃ nu Kain le afima be: “Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tame aɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi!” Abe alesi wòdzee ene la, ewɔ abe nya siwo wozã le nu ƒom tso lã wɔadã dɔwuitɔ aɖe si de xa be yeadze yeƒe nuléle dzi avuvu ami ŋu ene.

Gake Biblia me kpeɖodziwo ɖee fia be Adam kple Xawa nɔ ŋutifafa me kple lãwo. Amewo gbɔ nɔnɔ dze eme na lã aɖewo eye wòaɖe vi na wo gɔ̃ hã. Bubuwo nye gbemelã siwo le dzɔdzɔme nu la, womedina be yewoanɔ ame gbɔ o. (Mose I, 1:25, 30; 2:19) Gake Biblia mele gbɔgblɔm be lã aɖewo léa lã bubuwo alo amewo abe woƒe nuléle ene o. Le gɔmedzedzea me la, Mawu gblɔe tẽ be amagbewoe yetsɔ na lãwo kple amegbetɔwo be woaɖu. (Mose I, 1:29, 30; 7:14-16) Ðoɖo ma metrɔ o vaseɖe Tsiɖɔɖɔa megbe hafi, abe alesi Mose I, 9:2-5 ɖee fia ene.

Ke nuxlɔ̃ame si Mawu na Kain si míexlẽ le Mose I, 4:7 ɖe? Kakaɖedzi li be lã wɔadã si de xa eye wòle klalo be yeadze yeƒe nuléle dzi ƒe nɔnɔme gɔme anya se na amewo le Mose ƒe ŋkekea me bɔbɔe eye míawo hã míese egɔme egbea. Eyata le afisia hã la, Mose anya zã nyagbe si nuxlẽla siwo nɔ anyi le Tsiɖɔɖɔa megbe nya nyuie. Eye ne Kain mekpɔ nuwɔwɔ ma tɔgbe kpɔ o hã la, ate ŋu ase nuxlɔ̃ame si me wotsɔ nudzodzro vɔ̃ si nɔ eme la sɔ kple lã wɔadã dɔwuitɔ la gɔme.

Gake nu vevitɔ siwo le be woawɔ dɔ ɖe mía dzi vevie nye esiawo: Dɔmenyo si Mawu ɖe fia be wòxlɔ̃ nu Kain, viɖe si le aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ ɖokuibɔbɔtɔe me, alesi ŋukeklẽ ate ŋu agblẽ ame bɔbɔe, kple alesi wòle be míatsɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃ame bubu siwo le Ŋɔŋlɔawo me la vevie.—Mose II, 18:20; Nyagblɔla 12:12; Xezekiel 3:17-21; Korintotɔwo I, 10:11; Hebritɔwo 12:11; Yakobo 1:14, 15; Yuda 7, 11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe