Subɔsubɔha Si Me Nèle Tɔdziʋu si Mele Be Nàgblẽ Ði Gbeɖe O ye Wònyea?
TƆDZIƲU aɖe ɖo ahom sesẽ aɖe me. Nyametsotso gã aɖe dze ŋgɔ emenɔla siwo le agbagba dzem vevie be yewoakpɔ yewoƒe ʋua ta: woanɔ ʋua me loo alo woagblẽe ɖi aɖe woa ŋutɔwo ƒe agbe. Ènya be wozãa nudzɔdzɔ ɖivɔvɔ̃ sia wɔa kpɔɖeŋu le mawunyaŋutinunya mea?
Zi geɖe la, mawunyaŋununyalawo, vevietɔ Katolikotɔ agbalẽnyalagãwo tsɔa woƒe sɔlemeha sɔna kple tɔdziʋu si le dagbadagbam le ahom me. Wogblɔna be tɔdziʋu sia si ƒe kuɖɔɖolawoe nye Yesu alo Petro la nye afisi ko woanɔ akpɔ ɖeɖe. Nya si nunɔlawo gblɔnae nye be: ‘Migagblẽ tɔdziʋua ɖi gbeɖe o. Sɔlemeha la to nɔnɔme sesẽwo me kpɔ, gake enye tɔdziʋu si te ŋu to ahom siwo katã tu le ŋutinya me kpɔ la me.’ Ame aɖewo gblɔna be, ‘Nukata míagblẽe ɖi? Sɔlemeha kawoe gade enu? Nukata míanɔ eme ana kpekpeɖeŋu woakui ayi afisi tsia dze kɔ anyi le wu o?’
Ame geɖe siwo le subɔsubɔha vovovowo me la wɔa nu wòsɔna ɖe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia nu eye wogblɔna be, ‘Menya be nu gbegblẽ geɖe le nye subɔsubɔha me, gake meka ɖe edzi be atrɔ. Nyemedi be magblẽe ɖi o. Madi be nye hã mana kpekpeɖeŋui wòaɖu eƒe kuxi sesẽwo dzi.’ Susu sia tɔgbe anya tso lɔlɔ̃ anukwareɖiɖitɔe na subɔsubɔha si me wodzi ame ɖo alo vɔvɔ̃ be “yeava gbe nu le egbɔ” gɔ̃ hã gbɔ.
Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye Hans Küng si nye mawunyaŋununyala nyanyɛ si melɔ̃ ɖe Katolikotɔwo ƒe nufiafiawo dzi o, amesi gblɔ be: “Ðe magblẽ tɔdziʋua ɖi le ahomtuɣia, eye magblẽ amesiwo mía kple wo míezɔ ƒu dzi vaseɖe fifia la ɖi be woadze ŋgɔ ahom, woaku tsi le ʋua me aƒu gbe eye ɖewohĩ woaʋli woƒe agbe taa?” Eɖo eŋu be: “Nyemadzudzɔ agbagbadzedze le sɔlemea me o.” Nu bubu si woate ŋu awɔe nye be “woado le sɔleme sia me, le eƒe dɔwo mawɔmawɔ ta, bene nɔnɔme siwo xɔ asi wu, kple ɖewohĩ, le Kristotɔ akuakua si woazu ta.”—Die Hoffnung bewahren.
Gake ɖe ame ate ŋu anɔ eya ŋutɔ ƒe sɔleme ƒe tɔdziʋua me ahanɔ mɔ kpɔm be le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ me la, ana ɣeyiɣi gbogbo aɖe subɔsubɔhawo katã be woaɖɔ wo ɖoa? Biabia vevi aɖee nye ma. Abe alesi kpɔɖeŋua ɖee fia ene la, afɔku si le dzitsitsi tsɔtsɔ ado le tɔdziʋu si ɖo ŋɔdzi me la me age ɖe agbeɖeʋu manyomanyowo me la kee le tɔdziʋu si le nyɔnyrɔ̃m me nɔnɔ me. Ðe nunya le eme be nànɔ sɔleme aɖe me kokoko, eɖanye aleke eƒe nɔnɔme le oa? Mɔkpɔkpɔ kawoe li egbea be subɔsubɔhawo aɖɔ ɖo? Vaseɖe ɣekaɣie Mawu aɖe mɔ na wo be woawɔ nusi tsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu?
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]
Chesnot/Sipa Press