INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 9/15 axa 24-25
  • Yehowa Ðasefowo le Xexeame Katã—India

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ðasefowo le Xexeame Katã—India
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tenɔnɔ Sesĩe Le Tadedeagu Dzadzɛ Me le Suku
  • Viɖe Do tso Mawu ƒe Se le Ʋu ŋu dzi Wɔwɔ Me
  • ‘Tso Ðeviwo ƒe Nu Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
    Nyɔ!: Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
  • Sɔhɛ Siwo Si ‘Ŋusẽ Si Tri Akɔ Wu Dzɔdzɔmetɔ’ Le
    Nyɔ!—1994
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 9/15 axa 24-25

Yehowa Ðasefowo le Xexeame Katã​—India

INDIA! Amesiwo le anyigba dzi dometɔ 1 le 6 ɖesiaɖe mee le dukɔ gã sia me. Le ye katã me la, gbe 1,000 kple vɔe wodona le dukɔ sia si me ameƒomevi vovovowo le la me. Ameawo ƒe akpa gãtɔ, si nye 83 le alafa me nye Hindutɔwo, ame 11 le alafa me nye Moslemtɔwo, eye kpɔtɔeawo nye Sikhtɔwo, Buddhatɔwo, Jaintɔwo, kple esiwo tɔ ŋkɔ be Kristotɔwo.

Yehowa Ðasefowo le dzidzedze ɖedzesiwo kpɔm le India le ƒe siawo me. Woke ɖe amesiwo ɖi alẽwo siwo di be yewoanɔ Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi sesĩe, aleke ke woaƒo nya ɖe yewo nui alo ati yewo yomee o, la ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, tutudɔ na nyɔnuvi aɖe si le ƒome si nye Hindutɔwo me la zu bafa tso ɖevime. Alesi wòkpe fui na wòbua tame le Mawu kple tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti. Edi ŋuɖoɖoa le subɔsubɔha geɖe me, gake mekpɔ akɔfanya aɖeke o. Esia na eƒe lãme fa ɖe mawusubɔsubɔ ŋu, gake menye ɖe Mawu ŋu o.

Ðasefo eve va ke ɖe nyɔnuvi sia ŋu le woƒe aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me. Egblɔ be: “Mefa avi esi mesee woxlẽ Nyaɖeɖefia 21:4.” Exɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ geɖe eye togbɔ be dadaa tsi tre ɖe eŋu hã la, elɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye. Nyɔnuvia wɔ tɔtrɔ geɖe le eƒe agbenɔnɔ me eye wònɔ te ɖe ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu nu kalẽtɔe hexɔ nyɔnyrɔ̃ zu Ðasefo. Egblɔ be: “Mewɔ ŋgɔyiyi geɖe evɔ menɔ bɔbɔe o. Gake Yehowa Mawu nɔ kplim ɣesiaɣi hena tomefafa kple dzidzɔ geɖem.”

Tenɔnɔ Sesĩe Le Tadedeagu Dzadzɛ Me le Suku

Nɔvinyɔnu sue aɖe ƒe nufiala gblɔ nɛ be wòakplɔ sukuvi mamleawo ɖo ayi sɔleme le Katoliko-ha me. Nɔvinyɔnua gbe bubutɔe hegblɔ be Yehowa Ðasefoe yenye eye be yemade ta agu na ame alo nu bubu aɖeke tsɔ wu Yehowa o. Nufiala la gblɔ be ne sukuvi bubuawo katã yi sɔleme la, ele be eya hã nayi. Gake nɔvinyɔnua nɔ te sesĩe hegblɔ be esi wònye menye Yehowae amesiwo yia sɔleme doa gbe ɖa na o ta la, yemenya nusitae wòle be yeayi afima ɖo o.

Nyɔnuvia ƒe tenɔnɔ sesĩe na eƒe nufiala di be yeanya nu geɖe. Eyata esi ŋu ke la, nɔvinyɔnua tsɔ Gbetakpɔxɔ ƒe nyati si ƒo nu tso Yehowa subɔsubɔ ŋu nɛ. Esi nusi nufiala la xlẽ wɔ dɔ ɖe edzi ta la, eɖee le subɔsubɔnuwɔna ɖesiaɖe me le suku. Nɔvinyɔnua te ŋu na magazine ewo eya kple nufiala bubuawo.

Viɖe Do tso Mawu ƒe Se le Ʋu ŋu dzi Wɔwɔ Me

Nyitsɔ laa la, ŋudza aɖe zu dɔvɔ̃ dze amewo dzi le Kerala-nuto ƒe akpa aɖewo. Dɔléle sia gblẽa nu le ayikuwo ŋu vevie si wɔnɛ be wòhiãna be woaɖe dɔlékuiawo le lãme na ame. Ʋu koe wodona na ame zi geɖe. Woxɔ ame 14 siwo xɔ dɔ sia ɖe kɔdzi le dugã aɖe me. Dɔnɔawo dometɔ ɖeka nye Ðasefo si nye hamemegã le afima. Wogblɔ nɛ be ʋudodo koe nye atike si li yewoawɔ nɛ. Hamemegã la ɖe eƒe dzixɔse siwo nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi me eye wògbe ʋua dodo. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Esi ɖɔktawo he nya vevie megbe la, wogblɔ nɛ be aku le esi wògbe ʋudodo ta.

Dɔnɔ 13 mamleawo do ʋua. Nublanuitɔe la, wo katã ku le ŋkeke ʋee aɖewo megbe. Nɔviŋutsua koe tsi agbe! Ewɔ nuku na kɔdzimegãwo ŋutɔ. Alesi hamea me tɔwo va kɔa dzi edziedzi wɔ dɔ ɖe kɔdzidɔwɔlawo dzi vevie. Esi woɖe nɔviŋutsua le kɔdzi megbe la, eyi ɖada akpe na ɖɔktawo, gake wogblɔ be: “Nukatae nàda akpe na mí? Da akpe na wò Mawu Yehowa. Eyae nye Amesi ɖe wò. Taflatse, do gbe ɖa na wò Mawu Yehowa ɖe míawo hã ta.”

[Aɖaka si le axa 24]

DUKƆA ƑE AKƆNTABUBU

Ƒe 1994 Subɔsubɔƒea

ÐASEÐILAWO ƑE AGBƆSƆSƆ GBOGBOTƆ: 14,271

ÐASEFO 1 NA AME: 65,266

ŊKUÐODZIVALAWO: 38,192

MƆÐELAWO ƑE MAMÃ DEDIE: 1,780

BIBLIA NUSƆSRƆ̃ ƑE MAMÃ DEDIE: 12,453

NYƆNYRƆ̃XƆLAWO: 1,312

HAMEWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 410

ALƆDZEDƆWƆƑE: LONAVLA

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Alɔdzedɔwɔƒe, Lonavla

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ðaseɖiɖi na amewo tso ƒe 1963 “Nyanyui Mavɔ” nutome gã takpekpea ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Gbeƒãɖeɖe na nudzrala aɖe le Red Fort godo le Delhi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe