INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 10/1 axa 32
  • Esime “yaƒoƒo aɖeke menyea yaƒoƒo nyui o”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Esime “yaƒoƒo aɖeke menyea yaƒoƒo nyui o”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 10/1 axa 32

Esime “yaƒoƒo aɖeke menyea yaƒoƒo nyui o”

“NE AME menya afisi wòɖo tae o la, yaƒoƒo aɖeke menyea yaƒoƒo nyui o.” Nya siawo siwo wogblɔ be ƒe alafa gbãtɔ me Romatɔ xexemenunyala Lucius Annaeus Seneca ye gblɔe la ɖe nyateƒe si li xoxoxo la fia be: Taɖodzinuwo hiã vevie hafi taɖoƒe nanɔ agbe ŋu.

Gake zi geɖe la, tameɖoɖo menɔa agbe ŋu o. Nusi ŋu ame geɖe tsia dzi ɖo koe nye be woaƒo asa na gbesiagbegbenɔnɔ me agakpewo kple ƒutsotsoewo. Esi taɖoƒe aɖeke mele wo si o ta la, wova zua abe ƒutsotsoe siwo “ya ƒona yina gbɔna” ene. (Yakobo 1:6) Le amesiawo gome la, “yaƒoƒo aɖeke menyea yaƒoƒo nyui o.”

Biblia gblɔ amesiwo ɖo taɖodzinuwo na wo ɖokui eye woto ema me zu amesiwo wòle be Kristotɔwo nasrɔ̃ egbea la ƒe kpɔɖeŋuwo. Mose “[kpɔ] teƒeɖoɖofetu la ɖa.” Paulo ŋlɔ bena: “nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesi ɖoƒe yome tim.” Ede dzi ƒo na haxɔsetɔwo be ‘nɔnɔme sia ke nanɔ wo si.’—Filipitɔwo 3:14, 15.

Esi míaƒe ŋkuwo le Biblia me ŋugbedodowo dzi tẽ la, mina míasrɔ̃ amesiawo siwo ɖo taɖodzinu na wo ɖokui la ƒe xɔse.—Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 13:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe