Singapore Tu Afɔ Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Me
LE FEBRUARY 24, 1995 ƒe fiẽ me la, kpovitɔwo dze aƒe ene dzi le Singapore-dua me. Wolé ame 69.a Nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 71 kple ɖetugbivi eve siwo nye ƒe 15 viwo hã nɔ wo dome. Nukae dzɔ? Hlɔ̃nu alo dugbãnu aɖee wowɔa? Kpao. Wo dometɔ ɖeka pɛ hã mewɔ naneke si wòava susu me na ame be afɔku le eŋu, alo be mesɔ o, alo agblẽ nu le ame ŋu o. Womewɔ naneke si agblẽ nu le wo tɔ Singaporetɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo, dedienɔnɔ, kple woƒe nyonyo ŋu o. Gake esi kpovitɔwo va ka aƒe eneawo me la, wokplɔ ame 69 siwo va kpe ta be yewoasrɔ̃ Biblia ne yewoakpɔ gome le hadomeƒuƒoƒo aɖe me la yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee. Wosika wo ɖe afima zã ma me, wobia gbe wo, woɖe woƒe asinuflidzesiwo ɖe agbalẽ dzi heɖe foto wo—ẽ, wowɔ nu ɖe wo ŋu abe hlɔ̃dolawo ene! Le ɣeyiɣi sia me—gaƒoƒo 18 sɔŋ le nɔnɔme manyomanyowo me—wogbe be womegakpɔ senyalawo o eye wode se na wo gɔ̃ hã be womegaƒo ka na woƒe ƒometɔwo agblɔ afisi wole na wo o. Àte ŋu akpɔ alesi nuwɔna kpata masɔmasɔ sia agblẽ nu le dumevi sedziwɔla ŋutifafalɔ̃la siawo ŋui ɖa le susu me!
Nu bliboa katã ɖeko wòana nàɖo ŋku ŋɔdziɣeyiɣiwo le Nazi Germania kple Kɔmiunisttɔwo ƒe dziɖuɣi le Soviet Union kple Ɣedzeƒe Europa dzi. Menye nusi amedzro si menya naneke le Singapore ŋu o la asusu be yeakpɔ le egbegbedu nɔɖokuisi kɔŋkume ma si me kesinɔnuwo bɔ ɖo me o. Wonya Singapore ƒe ŋgɔyiyi nukutɔe le ganyawo kple hadomegbenɔnɔnyawo me le ƒe alafa 20 lia me nyuie. Enye dukɔ si ƒu asi akɔ be yelɔ̃ ɖe amehawo ƒe dziɖuɖu ƒe ɖoɖo si ɖe mɔ le amegbetɔ ƒe gomenɔamesi veviwo, si me nuƒoƒo, mawusubɔsubɔ, kple takpekpe ƒe ablɔɖe hã le, ŋu na eƒe dumeviwo la dzi.
Gake amesiwo wolé le February me la, esi wonye Yehowa Ðasefo siwo kpe ta be yewoasrɔ̃ Biblia eye yewoakpɔ gome le Kristotɔwo ƒe hadede me ta koe wolé wo ɖo. Nya si wotsɔ ɖe wo ŋue nye be “woyi habɔbɔ manɔsenu aɖe ƒe kpekpe.”
Le nyateƒe me, wogbe mɔɖeɖe na Yehowa Ðasefowo le Singapore le se nu tso keke ƒe 1972 me ke esi woɖe Singapore Hamea ƒe ŋkɔ le dziɖuɖua ƒe agbalẽ me eye woxe mɔ ɖe Gbetakpɔxɔ Biblia kple Trakt Habɔbɔa ƒe agbalẽwo, siwo dome Bibliawo hã le, nu. Womena mɔ be woahe nya ɖe susu siwo tae woɖe afɔ ma la ŋu o. Nyitsɔ laa sia wohe nya le dziɖuɖua ƒe vovototodedeameme sia ŋu le Singapore ƒe ʋɔnuwo le Ðasefo ene siwo wolé le February 1994 me be Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo nu wode se ɖo le wo si la ƒe nya me. Wonɔ anyi ɖe nya si wotsɔ yii ŋu le August 1994 me eye ɖeko wote fli ɖe nyaa me. Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gã ƒe Ʋɔnudrɔ̃lagã Yong Pung How gblɔ eƒe susu le dzinu si kplɔe ɖo me. Egblɔ be menye dada le mawusubɔsubɔblɔɖe aɖeke dzie wònye o eye be nya siwo wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la sɔ elabena wonye ŋɔdzi na dukɔa ƒe dedienɔnɔ le esi woƒe hameviwo mewɔa asrafodɔ o ta. Le February 17, 1995 dzi la, Ðasefo eneawo bia be woaɖe mɔ na yewo ne yewoatsɔ nya la ayi Singapore ƒe Nyagbugbɔdrɔ̃ƒee. Wogbe woƒe biabia la.
Woƒo nu geɖe tso nyametsotso mamle sia ŋu le Singapore ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si dzi dziɖuɖua kpɔ ŋusẽ ɖo la me. Ðikekemanɔmee la, ʋɔnudrɔ̃ƒe sia ƒe nyametsotso kple nya siwo wokaka le eŋu le nyadzɔdzɔgbalẽa me la nye kpɔɖeŋu na nudzɔdzɔ siwo kplɔe ɖo. Le kwasiɖa ɖeka ko me la, wolé Ðasefo 69. Wonyã amesiawo dometɔ ene—wonye Britania, France, and Luxembourg tɔwo. Gake nusi wowɔ amesiawo gɔ̃ hã la dzi ŋɔ ŋutɔ. Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a nɔ Singapore wɔ dɔ ƒe geɖe. Woƒe dɔwo ge le wo si kple aƒe siwo wohaya eye wozi wo dzi be woadzo le wo xɔlɔ̃ vevi geɖewo gbɔ.
Wotsɔ nya ɖe ame tsitsi 63 mamleawo ŋu be wole ha si nu wode se ɖo me, eye wotsɔ nya ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu be agbalẽ siwo nu wode se ɖo le wo si. Woanɔ xɔ ƒe etɔ̃ alo woado fe si nye Singaporetɔwo ƒe dɔlar 3,000 (Amerika dɔlar 2,100) na wo alo woawɔ nu evea siaa wo. Woɖe ɖetugbivi ƒe 15 viawo ɖe vovo kplɔ wo yi ɖeviwo ƒe ʋɔnui. Woɖoe be woadrɔ̃ nya na wo le ƒe sia ƒe May me.
Womenye Ŋɔdzi na Dukɔa Kple Eƒe Ðekawɔwɔ O
Wonya Yehowa Ðasefowo le xexeame katã le dukɔ siwo wu 200 siwo me wole me be agbedzadzɛnɔla kple anukwareɖila siwo wɔa se dzie wonye. Wonya wo nyuie be wogbena be yewomakpɔ gome le dugbãnuwɔwɔ, alo aglãdzedze ɖe dziɖuɖu ŋu ƒe wɔna aɖeke me o—nusiawo medze Kristotɔ o siwo ta woate ŋu aɖe wo le ha me ɖo. Le nyateƒe me la, mele be Singapore-dziɖuɖua navɔ̃ na wo o. Womenye ŋɔdzi na Singapore-dukɔa ƒe dedienɔnɔ alo dukɔnyenye kple ɖekawɔwɔ o. (Romatɔwo 13:1-7) Esia dze le lɛta aɖe si woŋlɔ le March 21, 1995 dzi si tso Milton G. Henschel, Gbetakpɔxɔ Biblia kple Trakt Habɔbɔa ƒe zimenɔla, gbɔ si wòɖo ɖe Singapore Dudɔnunɔlawo ƒe Tatɔ Goh Chok Tong la me. Míede lɛta sia afisia na míaƒe nuxlẽlawo.
Ablɔɖelɔ̃la siwo le dɔwɔhawo me, dziɖuɖuwo me, kple ɖokuisimewo adi be yewoakpɔ alesi nya sia ava yii le Singapore ɖa. Ðe Singapore-dziɖuɖua awɔ nu wòasɔ ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo kple ablɔɖe siwo li nɛ si dzi woawo ŋutɔ ƒe dukplɔse kple dukɔ bubu geɖe tɔ da asi ɖo la dzia? Ðikekemanɔmee la, Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã tsi dzi ɖe wo hatitadeagula siwo le Singapore la nu vevie ŋutɔ. Woɖoa ŋku wo dzi le woƒe gbedodoɖawo me eye woɖoa ŋku kakaɖedzinya si le Biblia me dzi be: “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o.”—Psalmo 37:28.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le dzinu siwo kplɔe ɖo tso esime wolé ame 69 siawo me la, wogalé Ðasefo 11 bubu eye wotsɔ nya ɖe wo ŋu be agbalẽ siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o la le wo si.
[Aɖaka si le axa 30]
March 21, 1995
Goh Chok Tong
Prime Minister
Istana Annexe
Singapore 0923
Republic of Singapore
Lee Kuan Yew
Senior Minister
Prime Minister’s Office
460 Alexandra Road
37-00 PSA Bldg
Singapore 0511
Republic of Singapore
Aƒetɔ Lɔlɔ̃tɔwo:
Nya aɖe si ta Reuters ka tso Singapore le February 25, 1995 dzi la ɖe fu ŋutɔŋutɔ. Egblɔ be kpovitɔwo ge ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe siwo me wosrɔ̃a Biblia le me eye wolé ame 69. Nyatakaka sia he xexeame katã ƒe susu yi nɔnɔme si me Yehowa Ðasefowo le le Singapore, afisi woxe mɔ ɖe woƒe dɔwɔnawo kple woƒe agbalẽwo nu le ƒe 20 kple edzivɔwoe nye sia la dzi.
Esesẽ be woase nusita wode se ɖe mawusubɔsubɔha si wɔa dɔ le gaglãgbe, amesiwo le se ƒe takpɔkpɔ blibo te le dukɔ siwo wu 200 me la nu le Singapore, dukɔ si lɔ̃ ɖe demokrasi gɔmeɖosewo dzi la me. Ne èbu alesi Singapore na mawusubɔsubɔblɔɖe eƒe dukɔmeviwoe ŋu la, agaɖe fu na wò ɖe edzi wu.
Yehowa Ðasefowo menye ŋɔdzi na dukɔ aɖeke ƒe dedienɔnɔ ɣeaɖekeɣi le teƒe aɖeke kpɔ o. Le nyateƒe me, le xexeame katã la, wonya wo be wonye ame fafa kple dɔsesẽwɔla siwo ƒe agbenɔnɔ ŋu kɔ eye wowɔa se dzi—mexɔe se be nɔnɔme nyui siawo ƒe dzi dem ƒo miele na amewo le miaƒe dukɔa me.
Enye nyateƒe be ɣeaɖewoɣi la, amewo mesea Yehowa Ðasefowo ƒe kuku ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose siwo woɖo na Kristotɔwo ŋu goŋgoŋ la me na wo o alo wobua wo ame bubuwoe. Gake ɖe menye nenemae wowɔ ɖe Kristotɔnyenye gɔmeɖola si si woka aʋatso ɖo be etsi tre ɖe “Kaisaro,” dziɖuɖu si nɔ anyi le eƒe ŋkekea me, ŋu oa? Yesu kple Kristotɔ gbãtɔwo ƒe kpɔɖeŋu ko srɔ̃m Yehowa Ðasefowo le. Wodea bubu dziɖuɖu ŋu le afisiwo wole, woxea woƒe adzɔwo, eye wodea agbenyuinɔnɔ ƒe dzi ƒo. Wonye dukɔmevi siwo zɔna ɖe woƒe dzitsinya nu kple nudzɔdzɔewɔlawo. Yehowa Ðasefowo menɔ dugbãnu aɖeke me le dukɔ aɖeke me kpɔ o eye mate ŋu aka ɖe edzi na mi be woƒe Singapore nɔnɔ menye ŋɔdzi aɖeke na dukɔa ƒe nyonyo o.
Nyitsɔ laa nyatakaka siawo na be fifia amesiame va nya nu le asiɖoamedzinu siwo miaƒe dziɖuɖua wɔ ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Singapore ŋu la ŋuti. Enye nusi ŋu wo hati miliɔn 12 siwo le xexeame katã tsi dzi ɖo vevie. Mele biabiam tso asiwò be nàzã Dudɔnunɔlawo ƒe Tatɔnyenye ƒe ŋusẽ si le asiwò atsɔ akpɔ nya la gbɔe eye nàɖe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ kple dzitsinya ƒe ablɔɖe si ŋu Dukplɔsea ɖe mɔ ɖo le la ŋu na Yehowa Ðasefo siwo le wò dukɔa me.
Mexɔ se be dzeɖoɖo kple Yehowa Ðasefowo teƒenɔlawo akɔ nusiwo gɔme miese le míaƒe habɔbɔa ŋu o la me na mi eye wòana miaka ɖe edzi be mele be Singapore-dziɖuɖua navɔ̃ Yehowa Ðasefowo o. Adzɔ dzi nam be mawɔ ɖoɖo ɖe kpekpe sia ŋu.
Mele mɔ kpɔm vevie na miaƒe ŋuɖoɖo.
Bubutɔe,
Milton G. Henschel
Zimenɔla
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]
Nik Wheeler/H. Armstrong Roberts