Vidzidzi Kple Aʋawɔwɔ Mawunɔwo
LE TOMENUKUKU aɖe si wowɔ le Ebla, Syria me la, wofɔ blemakpe kakɛa ɖe si dzi Babilontɔwo ƒe vidzidzi kple aʋawɔwɔ mawunɔ Ishtar ƒe nɔnɔmewɔwɔ le. Tomenukula Paolo Matthiae ɖɔ kpe sia be enye nu “mlimɔ aɖe si dzi trɔ̃subɔsubɔ ƒe nɔnɔmetata le, trɔ̃si aɖe tsyɔ nu ŋkume hele tsitre ɖe mawu aɖe ƒe kpetata ŋgɔ . . . nu lɛɛ kɔkɔ aɖe lé eƒe ta ɖe te.”
Nufɔfɔ sia ɖe dzesi ŋutɔ, elabena ƒe alafa 18 lia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo nue wònye. Matthiae gblɔ be, esia nye “kpeɖodzi si ŋu womate ŋu ake ɖi le o” be Ishtar subɔsubɔ nɔ anyi ade ƒe 2,000.
Ishtar subɔsubɔ dze egɔme le Babilon eye wòkaka ɖe Roma Fiaɖuƒea katã me le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo la me. Yehowa de se na Israel-viwo be woaɖe alakpasubɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe ɖa le Ŋugbedodonyigba la dzi, gake esi womewɔe o ta la, Astarot (Kanaanitɔwo ƒe mawu si sɔ kple Ishtar) subɔsubɔ zu mɔ̃ ɖe wo.—Mose V, 7:2, 5; Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:6.
Togbɔ be Ishtar kple mawu si sɔ kplii si nye Astarot megali egbea o hã la, agbenɔnɔ siwo wonɔ tsitre ɖi na—agbegbegblẽnɔnɔ, kple ŋutasesẽ—do agbogbo. Asɔ be míabia be ɖe ameƒome si li egbea ƒe nɔnɔmewo to vovo tso blematɔ siwo subɔa vidzidzi kple aʋawɔwɔ mawunɔ siawo ƒe nɔnɔmewo gbɔ hã.
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Wotsɔa ɖeviwo hã saa vɔe na Tanit
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Ralph Crane/Bardo Museum