INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 11/15 axa 21-24
  • Ðe Nàtsi Ðovu Si Mele Bibim Nyuie Oa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nàtsi Ðovu Si Mele Bibim Nyuie Oa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkuléle Ðe Nyagblɔɖia Ŋu
  • Nusi Ðeklemiɖeɖe Wɔna
  • Ke Amewo Tsɔtsɔ Sɔ Kple Wo Nɔewo Ya Ðe?
  • Mɔ Aɖewo Siwo Dzi Míato Atu Ame Ðo
  • Tu Ame Ðo Ɣesiaɣi
  • Nana be Yesaya ƒe Nyagblɔɖia Nava Eme
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Ena Yesaya Ƒe Nyagblɔɖia Va Eme
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nu Yeye Si Wotsɔ Kpe Ðe Kwasiɖa Domedome Kpekpea Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Yehowa—Elɔ̃a Dzɔdzɔenyenye Kple Ʋɔnu Dzɔdzɔe Dɔdrɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 11/15 axa 21-24

Ðe Nàtsi Ðovu Si Mele Bibim Nyuie Oa?

YESU KRISTO ɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na ameƒomevi ɖesiaɖe. Wote wo dometɔ geɖe ɖe anyi, eye woɖe dzi le wo ƒo. Gake Yesu gblɔ dzideƒonya aɖe na wo. Eƒe dɔme trɔ ɖe amesiwo nɔ fu kpem ŋu.

Nyanyuiŋlɔla Mateo te gbe ɖe Yesu ƒe veveseɖeamenu dzi esime wòhe susu yi nyagblɔɖi aɖe si Yesaya ŋlɔ dzi. Esi Mateo nɔ nya siwo va eme ɖe Kristo dzi yɔm la, eŋlɔ be: “Mele aƒla ŋeŋe la ɖe ge le enu o, eye mele ɖovu bibi fiɖifiɖi la tsi ge o, vaseɖe esime wòawu ʋɔnudɔdrɔ̃ nu hena dziɖuɖu o.” (Mateo 12:20; Yesaya 42:3) Nukae nya siawo fia, eye aleke Yesu na nyagblɔɖi sia va emee?

Ŋkuléle Ðe Nyagblɔɖia Ŋu

Ba me koŋue aƒla miena ɖo eye mesesẽna henɔa anyi didina o. Eyata “Aƒla ŋeŋe” anɔ belie nyateƒe. Eyata edze abe amesiwo wote ɖe anyi alo amesiwo nɔ fu kpem abe ŋutsu si titi lé asi na si Yesu da dɔ na le Sabat dzi lae wòtsi tre ɖi na ene. (Mateo 12:10-14) Ke akaɖi me ɖovu si woyɔ le nyagblɔɖia me ya ɖe?

Akaɖi si koŋ wozãna le aƒeme le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me nye anyigoe si ŋu nugbɔ, kple alɔ xaxɛ aɖe le. Gbotsetsemie wolɔ̃a dede eme. Alesi nu ƒuƒui te ŋu lɔa tsii la, nenemae akaɖi me ɖovu si wotsɔa ati bɔbɔe aɖe me ka lɔ̃na la lɔa amia vaa dzi si wɔnɛ be wònɔa bibim. Le nyateƒe me la, ‘ɖovu si mele bibim’ nyuie o la anye esi le tsitsim.

Yesu gblɔ eƒe akɔfanya na ame geɖe siwo le abe aƒla ŋeŋe si bi hele ya mum le kpɔɖeŋumɔ nu ene. Amesiawo gale abe ɖovu si mele bibim nyuie o ene elabena ekpɔtɔ vie ko nu mamlea si lé woƒe agbe ɖe te nu natso. Wote wo ɖe anyi heɖe dzi le wo ƒo vavã. Gake Yesu meɖe kpɔɖeŋu ƒe aƒla ŋeŋe la le enu alo tsi kpɔɖeŋu ƒe ɖovu si mele bibim nyuie o la o. Eƒe nya siwo me lɔlɔ̃, dɔmetɔtrɔ, kple veveseɖeamenu le la megaɖe dzi le amesiwo nɔ fu kpem ƒo ne woaxa nu o. Boŋ la eƒe nya kple alesi wòwɔ nu ɖe wo ŋu na dzi dzɔ wo.—Mateo 11:28-30.

Egbea hã ame geɖe hiã veveseɖeamenu kple dzideƒo elabena kuxi geɖe siwo ɖea dzi le ame ƒo le fu ɖem na wo. Menye ɣesiaɣie Yehowa subɔlawo gɔ̃ hã nɔa te sesĩe le kuxiwo me o. Ɣeaɖewoɣi la, wo dometɔ aɖewo ɖia ɖovu si mele bibim nyuie o. Eyata ele be Kristotɔwo nanye dzideƒonamelawo—woaƒlɔ dzoa ɖo le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu—ale be woado ŋusẽ wo nɔewo.—Luka 22:32; Dɔwɔwɔwo 11:23.

Esi míenye Kristotɔwo la, míedi be míanye amesiwo tua ame ɖo. Míaɖoe ate kpɔ be míatu lãme na amesiwo hiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu la o. Le nyateƒe me la, míedi be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le alesi wòdo ŋusẽ amewoe me. (Hebritɔwo 12:1-3; Petro I, 2:21) Nyateƒe si wònye be míate ŋu aɖe dzi le amesi hiã míaƒe dzideƒo ƒo le manyamanya me nye susu nyui si tae wòle be míabu alesi míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui la ŋu vevie. Le nyateƒe me la, míadi be ‘míatsi ɖovu si mele bibim nyuie o la’ o. Ŋɔŋlɔawo me mɔfiafia kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia me?

Nusi Ðeklemiɖeɖe Wɔna

“Ne vodada aɖe ɖi ɖe” Kristotɔ “aɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me.” (Galatiatɔwo 6:1) Gake ɖe wòdze be woanɔ gbɔdzɔgbɔdzɔwo dim le amewo ŋu ne woakpɔ mɔnu anɔ wo ɖɔm ɖoa? Alo ɖe wòanyo be woazi wo dzi be woadze agbagba wu atsɔ afia be woƒe fifi agbagbadzedzewo mesɔ gbɔ o, si awɔe be ɖewohĩ ŋukpe nalé woa? Ðaseɖiɖi aɖeke meli si fia be Yesu wɔ nu ma tɔgbe o. Togbɔ be enye míaƒe didi be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woayi ŋgɔ hã la, ne míeɖe ɖeklemi ame aɖe madzemadzee la, awɔe be wòagbɔdzɔ tsɔ wu be wòado ŋusẽe. Ðeklemiɖeɖe nyuitɔ si kpena ɖe ame ŋu wowɔa ŋgɔyiyi gɔ̃ hã ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo ne wowɔe wògbɔ eme. Ne womekpɔa ŋudzedze ɖe Kristotɔ dovevienu aɖe ƒe agbagbadzedzewo ŋu o la, dzi aɖe le eƒo keŋkeŋ eye wòagblɔ be ‘Nukata wòle be madze agbagba?’ Nyateƒee, ana ta kura.

Togbɔ be aɖaŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me nana le vevie hã la, megazu hamemegãwo alo hamea me tɔ bubuwo ƒe nɔnɔme o. Menye aɖaŋuɖoɖo nana kple exɔxɔe nye nu vevi si koŋ tae wowɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɖo o. Ke ɖe míekpena edziedzi dea dzi ƒo hetua mía nɔewo ɖo ale be mí katã míate ŋu ase vivi le hadede kple subɔsubɔ dzadzɛ si tsɔm míele na Mawu la me. (Romatɔwo 1:11, 12; Hebritɔwo 10:24, 25) Aleke gbegbe wònyo enye esi be miakpɔ nusi nye nuvɔ̃ adze sii, eye wònye nusi me nunya kple lɔlɔ̃ le be míaŋe aɖaba aƒu nusiwo dzɔna le blibomademade ta la dzii!—Nyagblɔla 3:1, 7; Kolosetɔwo 3:13.

Dzideƒo wɔa dɔ ɖe ame dzi wu ɖeklemiɖeɖe. Le nyateƒe me la, ne amewo se le wo ɖokui me be woɖe ɖeklemi yewo madzemadzee la, wogawɔa nusi ta woɖe ɖeklemi wo ɖo la wu! Gake ne wokafu wo alesi dze la, dzi dzɔa wo eye esia ʋãa wo wowɔa ŋgɔyiyi. (Lododowo 12:18) Abe Yesu ene la, mina míanye dzideƒonamelawo be ‘míagatsi ɖovu si mele bibim nyuie o la’ gbeɖe o.

Ke Amewo Tsɔtsɔ Sɔ Kple Wo Nɔewo Ya Ðe?

Kristotɔ bubuwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo sese ate ŋu ado ŋusẽ ame ŋutɔ. Yesu ŋutɔ hã kpɔ dzidzɔ esime wòse eƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedasia me. (Luka 10:17-21) Nenema ke ne míese ame bubu siwo le xɔse la me ƒe dzidzedzekpɔkpɔ, kpɔɖeŋu nyuiwo, alo woƒe nuteƒewɔwɔ ŋu nyawo la, esia dea dzi ƒo na mí eye míeɖonɛ kplikpaa be míanɔ Kristotɔwo ƒe mɔa dzi sesĩe wu.

Ke ne wogblɔ nya aɖe le mɔ aɖe nu si fia be ‘Miawo ya miele agbagba dzem abe Kristotɔ siawo ene o, eye ele be miawɔ geɖe wu hafi ɖe’? Ðe toɖola la adze ɖoɖo wɔwɔ gɔme vevie be yeayi ŋgɔa? Dzi ate ŋu aɖe le eƒo eye ɖewohĩ wòana ta, vevietɔ ne wotsɔnɛ sɔna kple ame bubuwo edziedzi. Esia anɔ abe dzila aɖe si anɔ via biam ene be ‘Nukata manɔ abe nɔviwò ene oa?’ Nya sia tɔgbe gbɔgblɔ ate ŋu ahe dzikukpɔkpɔ kple dziɖeleameƒo vɛ, ke mana woawɔ nu nyui wu o. Amewo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ma tɔgbe ɖe ame tsitsiwo hã dzi, eye woana woakpɔ dziku ɖe amesiwo wotsɔ wo le sɔsɔm kplii la ŋu.

Míate ŋu akpɔ mɔ be amewo katã ƒe dɔwɔwɔ nasɔ le Mawu subɔsubɔ me o. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu aɖe me la, aƒetɔ aɖe na klosalo talento ɖeka, eve, alo atɔ̃ eƒe dɔlawo. Etsɔ esia na “wo dome amesiame le eƒe ŋutete nu.” Togbɔ be viɖe vovovowoe dɔla eve siwo tsɔ woƒe talentoawo tsa asii nunyatɔe eye wodzi ɖe edzi kpɔ hã la, wokafu wo le esi wowɔ nuteƒe ta.—Mateo 25:14-30.

Apostolo Paulo ŋlɔe wòsɔ be: “Amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.” (Galatiatɔwo 6:4) Eyata be míate ŋu ade dzi ƒo na ame bubu nyateƒe la, ele be míadze agbagba atsri amewo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo madzemadzee.

Mɔ Aɖewo Siwo Dzi Míato Atu Ame Ðo

Nukae míate ŋu awɔ atsɔ atu amesi ƒo dzi ɖe le la ɖo be míagatsi ‘ɖovu si mele bibim nyuie o la o’? Dzidede ƒo na ame menye mɔnuɖoɖi aɖe kpɔkplɔ ɖoe wònye o. Ke boŋ míaƒe nyawo atu ame bubuwo ɖo ne míetsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe. Ke nusiawo dometɔ aɖewo ɖe?

Bɔbɔ ɖokuiwò. Paulo xlɔ̃ nu mí le Filipitɔwo 2:3 be: “Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o.” Ke boŋ ele be míaƒo nu ahawɔ nu ɖokuibɔbɔtɔe. ‘Ele be míatsɔ ɖokuibɔbɔ abu mía nɔewo gã wu mía ɖokui.’ Paulo megblɔ be míagabu mía ɖokui ɖe naneke me o. Ke hã la, ele be míanya be amesiame nye gã na mí le mɔ aɖe nu. Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “gã” fia be ame “naɖe eƒe ŋku ɖa le eƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋu, eye wòabu ame bubuwo ƒe dzɔdzɔmenunana siwo me wonye gã nɛ le ŋu vevie.” (New Testament Word Studies si John Albert Bengel ŋlɔ, Babla 2, axa 432) Ne míewɔ esia eye míebu ame bubuwo gãe la, míawɔ nu ɖe wo ŋu le ɖokuibɔbɔɖeanyi me.

De bubu ame ŋu. Ne míegblɔa nya siwo tso dzime la, míate ŋu aɖee afia be míeka ɖe haxɔsetɔ nuteƒewɔlawo dzi, eye míebua wo amesiwo dina be yewoadze Mawu ŋu. Gake tsɔe be gbɔgbɔmekpekpeɖeŋue wohiã. Ekema mina míana kpekpeɖeŋu le bubu kple asixɔxɔ dede ame ŋu me. Paulo gblɔe ale: “Mitre mia nɔewo bubu.”—Romatɔwo 12:10.

Nye toɖola nyui. Ẽ, be míate ŋu ade dzi ƒo na amesiwo ado go kuxi sesẽwo la, ehiã be míanye toɖola nyuiwo ke menye nufialawo o. Le esi teƒe be míatso ko aɖo aɖaŋu siwo me mekɔ o la, mina míatsɔ dzigbɔɖi si hiã la atsɔ ana Ŋɔŋlɔawo me mɔfiafia siwo akpɔ kuxi si li la gbɔ. Ne míenya nya si míagblɔ o la, Biblia me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míaƒo nu akɔfafatɔe atsɔ ado ŋusẽ ame bubuwo.

Ðe lɔlɔ̃ fia. Ehiã be míaɖe lɔlɔ̃ afia amesiwo míedi be míade dzi ƒo na. Le haxɔsetɔ Yehowa subɔlawo gome la, ele be míaƒe lɔlɔ̃ na wo nade to wu nusiwo aɖe vi na wo wɔwɔ ko. Ele be míase veve ɖe wo nu vevie. Ne lɔlɔ̃ sia tɔgbe le mía si na Yehowa ƒe amewo katã la, míaƒe nyawo ade dzi ƒo na wo nyuie. Ne ehiã be míaɖo aɖaŋu na wo ne woawɔ ŋgɔyiyi hã la, madzɔ be woase nusi míagblɔ gɔme bubui alo wòagblẽ nu le wo ŋu o, elabena menye míaƒe susue nye be míagblɔ alesi míesusu ko o, ke lɔlɔ̃ ƒe kpekpeɖeŋu nam míele. Abe alesi Paulo gblɔe wòsɔ ene la, “lɔlɔ̃ la tua ame ɖo.”—Korintotɔwo I, 8:1; Filipitɔwo 2:4; Petro I, 1:22.

Tu Ame Ðo Ɣesiaɣi

Le ‘ŋkeke mamle’ sesẽ siawo me la, Yehowa ƒe amewo doa go tetekpɔ geɖe. (Timoteo II, 3:1-5) Mewɔ nuku o be ɣeaɖewoɣi la, wodoa go nɔnɔme sesẽ aɖewo siwo dzena abe ɖe wògbɔ woƒe dzidodo ŋu ene. Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míadi kura be míagblɔ nya alo awɔ nusiwo awɔe be míaƒe haxɔsetɔ aɖe nase le eɖokui me abe ɖovu si mele bibim nyuie o si le tsitsim ene o.

Eyata aleke gbegbe wòle vevie enye si be míade dzi ƒo na mía nɔewo! Mina míadze agbagba ɖesiaɖe be míatu hatitadeagula siwo ƒo dzi ɖe le la ɖo to mía ɖokui bɔbɔ kple bubu dede wo ŋu me. Mina míaɖo to wo nyuie ne wole woƒe dzime nyawo gblɔm na mi, eye míadi ɣesiaɣi be míakpe ɖe wo ŋu to woƒe susu hehe yi Mawu ƒe Nya Biblia dzi me. Ƒo wo katã ta la, mina míaɖe lɔlɔ̃ afia elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kutsetse sia akpe ɖe mía ŋu míado ŋusẽ mía nɔewo. Megadzɔ gbeɖe be míagblɔ nya alo awɔ nane si ‘atsi ɖovu si mele bibim nyuie o la o.’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe