Woƒe Akaɖiwo Metsi O
YEHOWA ƒe Ðasefo nuteƒewɔlawo do go mɔxenuwo kple kuxi geɖe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Woto yometiti kple nusiwo dze abe kplamatsedonuwo ene me. Gake womena ta le dziɖeleameƒo ta o. Eyata woƒe akaɖiwo metsi o.
Le kpɔɖeŋu me, wona dɔ nyagblɔɖila Yeremya be wòanye Mawu ƒe nyagblɔɖila ɖe Yuda-dukɔ si gbe xɔse la ŋu. Egblɔ Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ si ava ŋu nya na wo. (Yeremya 1:11-19) Le esia ta Yeremya detɔ geɖe siwo bui be enye dzɔgbevɔ̃eɣlidola la he nya kplii.
Le nya si Yeremya gblɔ ɖi ta la, nunɔla Pasxur si nye dzikpɔlawo ƒe amegã le Mawu ƒe aƒeme ƒoe kpɔ eye wòbɔ pae. Yeremya gblɔ le nusia si dze abe mɔxenu ene ŋu be: “Mezu alɔmeɖenu ŋkeke blibo la, eye wo katã wole koyem. Elabena ne mebe, maƒo nu ɣesiaɣi la, ele be, manɔ ɣli dom, eye manɔ boblo dom nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple ŋutasesẽ; elabena Yehowa ƒe nya zu dzu kple vlododo nam ŋkeke blibo la.” Dzi ɖe le nyagblɔɖila la ƒo ale gbegbe be wògblɔ be: ‘Nyemagaƒo nu le Yehowa ƒe ŋkɔ me o.’—Yeremya 20:1, 2, 7-9.
Gake Yeremya mena dziɖeleameƒo ɖu edzi o. Egblɔ le “Yehowa ƒe nya” ŋu be: “Enɔa nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo de nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia kɔ nam, eye wògloam.” (Yeremya 20:8, 9) Esi Yeremya ɖoe kplikpaa be yeagblɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo ta la, gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽe wòwɔ eƒe dɔdasia wu enu.
Ne ɖe apostolo Paulo ɖe mɔ le eɖokui ŋu la anye ne nu geɖe ɖe dzi le eƒo. Eto dzɔdzɔmefɔkuwo, tɔdziʋugbagbã, yometiti, kple ƒoƒo geɖe me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ‘nusi ŋu wòbuna gbesiagbe enye beléle na hamewo katã.’ (Korintotɔwo II, 11:23-28) Ẽ, gbesiagbe la, kuxi geɖe ɖea fu na Paulo eye wòtsia dzi ɖe hame yeye siwo wònɔ eme woɖo la ŋu. Azɔ hã enye ame madeblibo si nɔ te ɖe ‘ŋù si nɔ eƒe ŋutilã me’ si anye ŋkudɔ si nɔ eŋu la nu. (Korintotɔwo II, 12:7; Romatɔwo 7:15; Galatiatɔwo 4:15) Ame aɖewo gɔ̃ hã li Paulo ŋu wòse.—Korintotɔwo II, 10:10.
Ke hã la, Paulo mena mɔ dziɖeleameƒo ɖu edzi keŋkeŋ o. Ao menye ɖe wòtri akɔ wu amegbetɔ o. (Korintotɔwo II, 11:29, 30) Nukae na ‘dzo si le eme’ nɔ bibim? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be xɔlɔ̃ siwo do alɔe le esi, wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã kplɔe ɖo yi Roma, afisi wotui ɖe aƒeme le. (Dɔwɔwɔwo 28:14-16) Evelia enye be apostoloa da sɔ le eƒe nɔnɔmea ŋu bubu me. Eyometilawo kple tsitretsiɖeŋulawo gbɔe wòtso ke menye Paulo o. Esi wòsusɔ vie wòawu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu la, ebu eƒe subɔsubɔdɔa ƒe asixɔxɔ ŋu le mɔ nyui aɖe nu hegblɔ be: “Tso [ema] dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam.”—Timoteo II, 4:8.
Ƒo wo katã ta la, Paulo doa gbe ɖa na Yehowa Mawu edziedzi, eye ‘Aƒetɔ la tsi tre ɖe egbɔ hedo ŋusẽe.’ (Timoteo II, 4:17) Paulo gblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.” (Filipitɔwo 4:13) Dzeɖoɖo kple Mawu kple hati Kristotɔwo kpakple eƒe subɔsubɔdɔa ƒe asixɔxɔ ŋu bubu le mɔ nyuitɔ nu kpe ɖe Paulo ŋu wònɔ te sesĩe le Yehowa subɔsubɔ me.
Mawu ʋã Paulo woŋlɔ be: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.” (Galatiatɔwo 6:7-9) Nukae míaŋe? Agbe mavɔe. Eyata nɔ abe Yeremya, Paulo, kple Yehowa ƒe ɖasefo nuteƒewɔla bubu geɖe siwo woyɔ le Ŋɔŋlɔawo me la ene. Ẽ, nɔ abe woawo ene, eye mègana dziɖeleameƒo naɖu dziwò o. Mègana wò akaɖia natsi o.—Tsɔe sɔ kple Mateo 5:14-16.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]
Paulo kple Yeremya mena woƒe akaɖiwo tsi o