INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 3/15 axa 32
  • Nudzɔdzɔ aɖe Si Mele Be Wòato Ŋuwò O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nudzɔdzɔ aɖe Si Mele Be Wòato Ŋuwò O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 3/15 axa 32

Nudzɔdzɔ aɖe Si Mele Be Wòato Ŋuwò O

“Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” tso Mawu, míaƒe Dziƒofofo la gbɔ. (Yakobo 1:17) Nunana vevitɔ kekeake si Mawu na ameƒomea si dze nuvɔ̃ mee nye ɖoɖo si wòwɔ be yeaɖe wo to yeƒe Tenuvi, Yesu Kristo, dzi. Yesu ƒe kuku ɖe mía ta si na wòzu míaƒe Tafexela la wɔe be míate ŋu anɔ agbe le paradisonyigba dzi tegbee. Wode se na mí le Luka 22:19 be míaɖo ŋku eƒe kua dzi.

Yehowa Ðasefowo le kpewòm dzidzɔtɔe be nàva wɔ ɖeka kple yewo ne yewoawɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi. Woawɔ ƒe sia ƒe wɔna sia le ɣletiŋkeke si dze Nisan 14 lia dzi le Biblia ƒe ɣletigbalẽ si wobuna ɖe dzinu dzi la ƒe ɣeɖoto megbe, esi nye le Braɖa, April 2, 1996 dzi. De dzesi ɣletiŋkeke sia bene màgaŋlɔe be o. Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me la ate ŋu agblɔ teƒe si woawɔe le kple game si tututu woawɔe na wò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe