INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 3/15 axa 31
  • Wode Bubu Dɔnɔwo ƒe Gomenɔamesi Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wode Bubu Dɔnɔwo ƒe Gomenɔamesi Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðɔkta ƒe Dɔ
    Nyɔ!—1993
  • Yehowa Ðasefowo Kple Atikewɔlawo Wɔ Ðeka
    Nyɔ!—1994
  • Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
    Nyɔ!: Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 3/15 axa 31

Wode Bubu Dɔnɔwo ƒe Gomenɔamesi Ŋu

‘Mɔ aɖeke meli si dzi mato awɔ dɔ sia na wò ʋu madomadoe o. Ne èdi be mawɔ dɔ na ye la, ke ele be nàlɔ̃ ɖe nye dɔdamɔnu dzi. Ne menye nenema o la, ke ele be nàdi ɖɔkta bubu.’

ÐƆKTA la ƒe nyawo meʋuʋu Cheng Sae Joo si nye Yehowa Ðasefo le Thailand ƒe xɔse kura o. Wokpɔ dɔléle si nye meningioma, si nye ahɔhɔ̃ me nutete ƒomevi aɖe le Cheng ŋu eyata edi vevie be woawɔ dɔ na ye. Gake eɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe Biblia ƒe sededea dzi be: “Miatsri . . . ʋu.”—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.

Cheng yi kɔ eve bubuwo dzi, kple didi be woawɔ dɔ na ye le ye dedukɔa me ne anya wɔ. Nublanuitɔe la, ɖɔkta siwo le teƒe mawo hã gbe be yewomawɔ dɔa ʋumadomadoe o. Mlɔeba la, Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakaha (HIS) si le Thailand kplɔ Cheng de asi na Tokyo Nyɔnuwo ƒe Atikewɔwɔ me Hehexɔƒe ƒe akpa si nye Ahɔhɔ̃ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe. Kɔdzi ma zã gamma knife, si nye keklẽŋusẽ ƒe dɔdamɔnu yeye si woto vɛ tsɔ da dɔ na dɔnɔ siwo wu 200 siwo ŋu ahɔhɔ̃ me nutete nɔ.

Wowɔ ɖoɖo be Cheng nanɔ Ðasefo Japantɔ siwo te ɖe kɔa dzi ŋu la gbɔ. Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe, si me ame eve siwo doa Thailandgbe hekpe ɖe HIS teƒenɔla aɖe ŋu yi va do goe le yameʋudzeƒea. Le kwasiɖa ɖeka ƒe dodokpɔwo wɔwɔ na Cheng megbe la, woxɔe ɖe kɔa dzi eye wotsɔ gamma knife ƒe dɔdamɔnua da dɔ nɛ. Abe gaƒoƒo ɖeka ene koe dɔdamɔnu sia xɔ. Woɖe asi le Cheng ŋu le kɔa dzi le ŋkeke eveagbe eye wòtrɔ yi Thailand le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi.

Cheng gblɔ be: “Nyemebui kura be woate ŋu ana kpekpeɖeŋu sia gbegbe le ɖoɖowɔwɔ sia me o. Lɔlɔ̃ si woɖe fia kple ɖekawɔwɔ si le ame geɖe siwo kpe asi ɖe eŋu me la nye nusi wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”

Esi Japantɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Mainichi Shimbun nɔ nu ƒom tso nya sia ŋu la, egblɔ be: “Vaseɖe fifia la, wote gbe ɖe ʋumadomado le mawusubɔsubɔ ƒe susuwo ta dzi vevie. Gake afɔkuwo abe AIDS, dɔlékui si nye hepatitis C, kple nu bubu siwo menyo na ŋutilã la o ene nye nusiwo woate ŋu axɔ tso ʋudodo me. Le esia ta dɔnɔ aɖewo li siwo medi ʋudodo o metsɔ le eme mawusubɔsubɔ ƒe dzixɔse ka kee ɖale wo si o.”

Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ yi edzi be: “Wozi dɔnɔ geɖe siwo medi ʋudodo o dzi be woayi kɔ bubuwo dzi, gake ehiã be atikewɔƒewo nawɔ tɔtrɔ le akpa sia gome le bubudede dɔnɔwo ƒe tiatiawɔwɔ ŋu me. Dɔdamɔnu me ɖeɖe kple lɔlɔ̃ ɖe edzi (si nye be woaɖe mɔnu siwo dzi woato ada dɔe me na dɔnɔa wòalɔ̃ ɖe ezazã dzi) hiã, eye esiwo me woawɔ ʋu ŋuti dɔ le hã kpe ɖe eŋu. Ele be woade dzesii be menye subɔsubɔha aɖe ko ŋue nya sia ku ɖo o.”

Abe Cheng Sae Joo ene la, ele be ame geɖe siwo le dɔdada dim ʋumadomadoe nayi kɔ bubuwo dzi. Ke hã wokpɔa ŋudzedze ɖe ɖɔkta siwo lɔ̃ be yewoade bubu woƒe dɔnɔwo ƒe gomenɔamesi ŋu ƒe agbagbadzedze ŋuti.

Yehowa Ðasefowo ɖo Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakahawo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo be woadi atikewɔla siwo lɔ̃ be yewoade bubu woƒe dzixɔsewo ŋu la ƒe kpekpeɖeŋu. Le xexeame katã la, HIS tua ɖekawɔwɔ ɖo kple kɔdziwo, atikewɔlawo, dɔnɔdzikpɔlawo, senyalawo, kple ʋɔnudrɔ̃lawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe