Xɔsee Ʋãe Wòwɔ Nu
ESIME Yehowa de dɔ asi na Mose be wòakplɔ Israel dukɔa tso kluvinyenye me le Egipte la, Mose do taflatse gbã be: “Taflatse, Aƒetɔ, nyemenya nuƒoƒo o, eye esia metso etsɔ kple nyitsɔ alo tso esime nède asi nuƒoƒo me kple wò dɔla o, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o.” (Mose II, 4:10) Ẽ, Mose mesusui be yedze na dɔdeasi kpekpe ma wɔwɔ o.
Nenema ke egbea hã ewɔna na Yehowa subɔla geɖe ɣeaɖewoɣi be yewomedze awɔ dɔ siwo wode asi na yewo la o. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ dɔdzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Theodore gblɔ be: “Le nusiwo katã Yehowa di tso asinye be mawɔ dome me la, gbeadzisubɔsubɔdɔae sesẽna nam wu. Esime menye ɖevi la, meɖea abla yia ʋɔtrua nu, wɔna abe ɖe mele ʋɔtrunuga ƒom ene eye mewɔna dzaa dzona, ahanɔ mɔ kpɔm be ame aɖeke masee alo akpɔm o. Esi metsi vie la, medzudzɔ nu ma wɔwɔ, gake ne mebu alesi mayi tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nui ŋu la, enaa medzea dɔ. Vaseɖe egbea gɔ̃ hã la, nyemevona le ɖokuinye me hafi yia gbeadzi o, gake meyina ya.”
Nukae kpe ɖe Mose kpe egbe ŋkekea me Ðasefowo abe Theodore ene ŋu be wote ŋu ɖua vɔvɔ̃ mawo dzi? Biblia ɖo eŋu be: “Le xɔse me [Mose gblẽ] Egipte ɖi . . . elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.”—Hebritɔwo 11:27.
Le Nyateƒe me esi Mose tsɔ Yehowa dzixɔxɔse wɔ dɔe la, ete ŋu ɖu alesi wòsusu be yemedzee o dzi eye wòte ŋu wɔ eƒe dɔdeasi siwo nye ʋɔnudrɔ̃la, nyagblɔɖila, dukplɔla, Se ƒe nubabla ƒe avuléla, gbeɖela, ŋutinyaŋlɔla, kple Biblia-ŋlɔla ƒe dɔwo.
Nenema ke ne xɔse le mía si abe Mose ene la, míanɔ agbe abe ɖe míele ‘Amesi womekpɔna o la kpɔm ene.’ Xɔse ma tɔgbe dea dzi ƒo na ame, ekpena ɖe mía ŋu be míatsɔ míaƒe Kristotɔnyenye ƒe agbanɔamedziwo—le ɣeyiɣi siwo me wòawɔ na mí be míedze o gɔ̃ hã.