Ƒe 1996 “Mawu Me Ŋutifafa Ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe
LE BLEMA ɣeyiɣiwo me la, Yehowa ƒe amewo ɖua azã gã etɔ̃ ƒe sia ƒe. Nenema ke le egbeɣeyiɣiwo me la, amesiwo ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ le kpea ta zi etɔ̃ ƒe sia ƒe na azãɖuɖuwo. Edzɔa dzi na wo be woakpe ta awɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ, ŋkeke eve ƒe nutome sue takpekpe, kple ŋkeke etɔ̃ alo ene ƒe nutome gã takpekpe. Le ƒe sia me la, tanya si woɖo na nutome gã takpekpea enye “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo.”
Aleke gbegbe tanya sia sɔe enye si! Mía Mawu Yehowa enye “ŋutifafa Mawu,” ẽ, enye ‘Mawu si naa ŋutifafa.’ Mía Kplɔla Yesu Kristo enye “Ŋutifafafia,” eye gbedasi si Yehowa ƒe subɔlawo lé ɖe asi enye Mawu me ŋutifafa ƒe gbedasi. (Filipitɔwo 4:9; Romatɔwo 15:33; Yesaya 9:5; Naxum 2:1) Wotrɔ asi le takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi nyui aɖe ŋu si akpe ɖe mí katã ŋu míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu me ŋutifafa ƒe vevienyenye ŋu geɖe wu.
Woawɔ takpekpe sia 37 le Ghana kple Togo ɖeɖe le ƒe sia me. Anɔ eme be takpekpea ɖeka atsɔ gbɔwò. Nukata màbia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me woafia wò ɣeyiɣi kple afisi tututu woawɔe le be nàwɔ ɖoɖo ayi o? Woatsɔ dzidzɔ ado dzaa na amesiwo katã di ŋutifafa vavãtɔ si anɔ anyi ɖaa lae.