Amekawoe Nye Ŋutifafa ƒe Dɔla Vavãwo?
LE May 31, 1996 dzi la, wogblɔ nya si ɖi ŋutifafanya le nyadzɔdzɔwo me. Le ŋkeke si do ŋgɔ dzi la, dziɖuɖua ɖo kpe edzi le nuƒo aɖe me be Benjamin Netanyahu si le Israel-dukplɔla zu ge la “ɖoe kplikpaa be yeayi ŋutifafa ƒe ɖoɖowo wɔwɔ dzi, be ŋutifafa kple dedienɔnɔ nanɔ Israel kple eŋu dukɔwo katã kpakple Palestinetɔwo hã dome.”
Akɔdada na Netanyahu si woɖe gbeƒãe bobobo la na ame geɖe bia nenye be ŋutifafa le Titina Ɣedzeƒe manye drɔ̃e aɖe ko o. Ne ava eme la, ɖe dukɔ bubuwo hã akpɔe awɔ ahaŋlɔ woƒe masɔmasɔwo bea?
Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ be ŋutifafa ava le bɔbɔe wu ehehe vɛ. Esi ame geɖe nya alea ta la, woke ɖi le wo ɖokui me. Nyadzɔdzɔŋlɔla Hemi Shalev gblɔ be, “fifia Israeltɔ afã ƒe susue nye be ɖeɖe gogo, eye afã mamlɛa hã xɔe se be ɖe wotsɔe de hell me le anyigba dzi boŋ.” Kpuie ko la, egblɔ be: “Ame aɖewo le aseye tsom; bubuwo hã le avi fam.”
Aleae wònɔna ne amegbetɔ le togodoe dom na ŋutifafa. Kplɔla ɖeka kple edzidelawo ƒe dziɖuɖukpɔkpɔ nye akpa kemɛ ƒe anyidzedze. Ŋudzedzemakpɔmakpɔ hea dziɖeleameƒo vɛ eye dziɖeleameƒo hã hea aglãdzedze vɛ zi geɖe. Eɖanye le Titina Ɣedzeƒe, Latin Amerika, Ɣedzeƒe Europa, alo teƒe bubu aɖe o—kakaɖedzi mele ameƒomea ƒe agbagbadzedze ɖe ŋutifafa ŋuti kura o.
Ŋutifafa Vavãtɔ Gogo!
Esime wonɔ nu ƒom tso ŋutifafa le Titina Ɣedzeƒe ŋu vevie le nyadzɔdzɔwo me la, ŋutifafanya bubu aɖe hã ɖi wose. Menye dunyahehe me ŋugbedodo si wogblɔna sesĩe wònye o; eye menye dukɔwo dome ŋutifafanubabla hã o. Ke enye gbedasi le ŋutifafa si Mawu ƒe Fiaɖuƒe ɖeka ko ahe vɛ ŋu. Afikae wose gbedasi sia le? Wosee le “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe siwo ade 1,900 siwo Yehowa Ðasefowo wɔ le xexeame katã le ƒe 1996/97 me.
Wona eme kɔ le takpekpe siawo me be amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ vɛ o. Nukata? Elabena abia be woaɖe nusiwo xɔa ŋutifafa le mía si gbesiagbe ɖa. Ŋutifafa vavãtɔ fia be míafɔ ŋdi sia ŋdi eye aʋawɔwɔ alo ŋutasesẽ mado ŋɔdzi na mí o. Efia be hlɔ̃dodo maganɔ anyi o, míagade ga míaƒe ʋɔtruwo me o, míagavɔ̃ na mɔdodo dzi zɔzɔ o, ƒomewo magagbã o. Dziɖuɖu kae le anyigba dzi si ate ŋu awɔ nu mawo katã? Le nyateƒe me dziɖuɖu kae le anyigba dzi si wòadzro gɔ̃ hã be yeado eƒe ŋugbe?
Gake Mawu ƒe Fiaɖuƒea ate ŋui eye awɔ wo hã. Biblia do ŋugbe be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Gbɔdzɔe ka gbegbe enye si wòanye na ameƒome si le fu kpem la!
Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodo menye ŋugbedodo gbɔlo o. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Mawu menye amegbetɔ wònye, ne wòaka aʋatso o, eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ðe wòagblɔ nya, eye mawɔ edzi oa? Ðe wòaƒo nu, eye mawɔe oa?” (Mose IV, 23:19) Ẽ, nusi ŋugbe Mawu do la ava eme—wòanye yayra na amesiwo va eƒe akpa dzi.
Mawu ƒe Ŋutifafa ƒe Dɔlawo
Wonya Yehowa Ðasefowo nyuie be woɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea veviedodotɔe. Wo katã wozãa gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple edzivɔ ƒe sia ƒe tsɔ gblɔa Biblia me gbedasi dedziƒonamea na ame bubuwo. Esia nye nya si Yesu gblɔ me vava be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Gbedasi si Ðasefoawo gblɔna nye ‘nyanyui’ nyateƒe, elabena eɖea gbeƒã Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea be eya koe nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Eye etsɔmemɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le ka gbegbe enye si!
Fifia gɔ̃ hã la, Mawu ƒe Fiaɖuƒea na ŋutifafa kple havilɔlɔ̃ vavã ƒe nublanu le eteviwo dome. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Yehowa Ðasefowo dzea agbagba nɔa agbe ɖe Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe nudidi vevi sia nu. Esia na havilɔlɔ̃ wɔnuku aɖe le wo dome si bla Yudatɔwo kple Arabiatɔwo, Croatiatɔwo kple Serbiatɔwo, Hututɔwo kple Tutsitɔwo ɖekae. Ŋutifafa sia si ameƒomea ƒe akpa gãtɔ mekua drɔ̃e gɔ̃ hã o lae le Yehowa Ðasefo miliɔn nanewo dome le xexeame katã.
Wode dzi ƒo le “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpea me nuƒoawo me be míayi edzi awɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo dzi ahayi edzi aɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui la. Míekpe wò be nàxlẽ nyatakaka siwo gbɔna le ŋkeke etɔ̃ takpekpe ʋãme si ame miliɔn geɖewo de la ŋu.