INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 5/1 axa 21-24
  • Na Wò Kakaɖedzi Me Nasẽ Vaseɖe Nuwuwu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Wò Kakaɖedzi Me Nasẽ Vaseɖe Nuwuwu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wò Xɔse Fia
  • Kakaɖedzi Tutu Ðo To Nuteƒekpɔkpɔ Me
  • Hadedewo Ate Ŋu Ana Míatra
  • Kesinɔnuwo ƒe Amebleŋusẽ
  • Dzi si Xɔa Nya Dzie Xɔse Nɔa Te Ðo
  • Mía Mawu Xɔnametɔ la Sinu Kpɔkpɔ
  • Èxɔ Nyanyuia Dzi Se Ŋutɔŋutɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Xɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • “Na Míaƒe Xɔse Nadzi Ðe Edzi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Mina Míanye Amesiwo Si Xɔse Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 5/1 axa 21-24

Na Wò Kakaɖedzi Me Nasẽ Vaseɖe Nuwuwu

TSƆE be yameʋu sue aɖe ɖo yame ƒe nɔnɔme madeamedziwo me. Ekula la megate ŋu le dzesiɖoƒewo kpɔm le anyigba dzi o. Alilikpo dodowo blae. Mete ŋu gale naneke kpɔm to ŋgɔgbehuhɔ̃e me o, gake eka ɖe edzi be yeate ŋu awu yeƒe mɔzɔzɔa nu dedie. Nukata kakaɖedzi le esi?

Dɔwɔnu siwo de pɛpɛpɛ la le esi si na wòte ŋu kua yameʋua to alilikpo me hedzena le viviti me. Le eƒe mɔa dzi, vevietɔ ne ete ɖe yameʋudzeƒea ŋu la, mɔfiakaɖiwo li si fiaa mɔe, eye eƒoa nu kple yamemɔfiala siwo le anyigba to radio dzi.

Le mɔ si sɔ kple esia nu la, míate ŋu adze ŋgɔ etsɔme kple kakaɖedzi, togbɔ be xexeame ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi gbesiagbe hã. Míaƒe mɔzɔzɔ to nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me adidi wu alesi ame aɖewo kpɔ mɔe, gake míate ŋu aka ɖe edzi be mɔ nyuitɔ dzie míele hele game dzi. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi nenema gbegbe? Elabena mɔfiame si na míete ŋu kpɔa nusi amegbetɔ mate ŋu akpɔ o la le mía si.

Mawu ƒe Nya ‘nye akaɖi na míaƒe toƒe,’ eye ‘woate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu, enana bometsilawo dzea nunya.’ (Psalmo 19:8; 119:105) Biblia si le abe mɔfiakaɖi si fiaa afisi yameʋukula aku yameʋu toe ene la gblɔ nusiwo adzɔ le etsɔme wòsɔ pɛpɛpɛ eye ena mɔfiafia siwo me kɔ la mí ale be míate ŋu aɖo afisi yim míele dedie. Gake hafi Mawu ƒe mɔfiame naɖe vi na mí la, ele be míaka ɖe edzi.

Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo me la, exlɔ̃ nu Yudatɔ Kristotɔwo be ‘woalé kakaɖedzi si wokpɔ le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.’ (Hebritɔwo 3:14) Kakaɖedzi ate ŋu aʋuʋu ne womelé eme ɖe asi “sesĩe” o. Eyata biabia sia fɔ ɖe te be, Aleke míawɔ ana míaƒe kaka ɖe Yehowa dzi me nasẽ vaseɖe nuwuwu?

Ðe Wò Xɔse Fia

Hafi yameʋukula nate ŋu aku yameʋu ŋgɔgbemakpɔmakpɔe, eye wòanɔ te ɖe eƒe ʋukunuwo kple yamemɔfiala siwo le anyigba ɖeɖeko dzi la, ehiã na hehexɔxɔ nyuie kple gaƒoƒo geɖe tsɔtsɔ ku yameʋui. Nenema ke wòhiã be Kristotɔ nawɔ eƒe xɔse ŋudɔ ɣesiaɣi ale be wòate ŋu ana eƒe kaka ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi me nasẽ, vevietɔ ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Esi xɔse ƒe gbɔgbɔ ma ke le mía si ŋuti la, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Mexɔe se, eyata meƒo nu ɖo’ la; míawo hã míexɔna sena, eyata míegblɔa nya hã.” (Korintotɔwo II, 4:13) Eyata ne míeƒo nu tso Mawu ƒe nyanyuia ŋu la, eɖea míaƒe xɔse fiana hedoa ŋusẽe.

Magdalena, amesi nɔ fuwɔamesaɖa me ƒe ene le xexemeʋa evelia wɔɣi la, ɖe asixɔxɔ si le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu me be: “Danye fiam be hafi xɔse sẽŋu nanɔ asinye la, ele vevie be matsi dzi ɖe ame bubuwo ƒe gbɔgbɔmenyonyo ŋu. Meɖo ŋku nudzɔdzɔ aɖe si ɖe alesi míese le mía ɖokui me fia dzi. Esi woɖe mía kple danye tso Ravensbrück-fuwɔamesaɖa me megbe la, míeɖo míaƒe aƒeme le Fiɖa aɖe gbe. Ŋkeke eve megbe, le Kwasiɖagbe la, míewɔ ɖeka kple nɔviwo heɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme. Mexɔe se vevie be ne míetsɔ susu ɖo kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo be woaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu ŋuti la, ŋugbedodo mawo anɔ susu me na mí geɖe wu.”—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 5:42.

Nana be míaƒe kakaɖedzi me nasẽ vaseɖe nuwuwu bia gbɔgbɔmedɔ wɔwɔ le go bubuwo hã me. Ðokuisinusɔsrɔ̃ nye nu nyui bubu si doa ŋusẽ xɔse. Ne míesrɔ̃ Beroiatɔwo eye míetsɔ veviedodo dzro Ŋɔŋlɔawo me gbesiagbe la, akpe ɖe mía ŋu be “mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo [nanɔ mía si] vaseɖe nuwuwu.” (Hebritɔwo 6:11; Dɔwɔwɔwo 17:11) Nyateƒee, ɖokuisinusɔsrɔ̃ bia ɣeyiɣi kple eɖoɖo kplikpaa. Anɔ eme be ema tae Paulo xlɔ̃ nu Hebritɔwo le afɔku si le ‘fafa,’ alo kuviawɔwɔ, le go siawo me ŋu.—Hebritɔwo 6:12.

Kuviawɔwɔ ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa geɖe ŋu. Salomo de dzesii be “alɔ gblɔlɔ wɔwɔ nana xɔ ɖuɖuna.” (Nyagblɔla 10:18) Xɔ si womeléa be na o va ɖuɖuna le ɣeyiɣi aɖe megbe. Ne míewɔ alɔ gblɔlɔ le gbɔgbɔ me eye míegbe míaƒe xɔse tutu ɖo la, ɖikekewo age ɖe mía me. Gake ŋugbledede le Mawu ƒe Nya la ŋu kple esɔsrɔ̃ edziedzi ado ŋusẽ míaƒe xɔse ahakpɔ eta.—Psalmo 1:2, 3.

Kakaɖedzi Tutu Ðo To Nuteƒekpɔkpɔ Me

Le nyateƒe me la, yameʋukula toa nuteƒekpɔkpɔ kple nusɔsrɔ̃ siaa me kpɔnɛ be kakaɖedzi le yeƒe dɔwɔnuwo ŋu. Nenema ke míaƒe kaka ɖe Yehowa dzi tsina ɖe edzi ne míekpɔ eƒe beléle lɔlɔ̃tɔe le mía ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ me. Yosua kpɔ ema teƒe, eye eɖo ŋku edzi na ehati Israel-viwo be: “Mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.”—Yosua 23:14.

Josefina, nɔvinyɔnu srɔ̃tɔ si tso Philippines, srɔ̃ nu ma ke. Egblɔ alesi agbenɔnɔ nɔ nɛ hafi wòva dze si nyateƒea be: “Srɔ̃nye noa aha ŋutɔ, eye ne emu la, edoa dziku heƒoam. Míaƒe srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ menɔ o la nɔ nu gblẽm le mía viŋutsuvi hã ŋu. Mía kple srɔ̃nye siaa míenɔ dɔ wɔm, eye míekpɔa ga geɖe, gake míetsɔa míaƒe fetu ƒe akpa gãtɔ daa tsatsae. Xɔlɔ̃ geɖe nɔ srɔ̃nye si, gake wo dometɔ akpa gãtɔ dze xɔ̃e ale be wòanɔ aha dzem na wo, eye wo dometɔ aɖewo dzea agbagba gɔ̃ hã be yewoana wòamu ne yewoakoe ko.

“Nuwo trɔ esi míeva nya Yehowa eye míetsɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo de dzime. Srɔ̃nye meganoa aha o, edzudzɔ tsatsadada, eye xɔlɔ̃ nyui siwo lɔ̃ mí eye wokpena ɖe mía ŋu la le mía si. Dzidzɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me eye mía viŋutsuvi la le tsitsim le ɖekakpui nyui zum. Míeɖe ɣeyiɣi si míetsɔ wɔa dɔe dzi kpɔtɔ, gake míekpɔa ga geɖe. Nuteƒekpɔkpɔ fia mí be Yehowa le abe Vifofo lɔlɔ̃tɔ ene, amesi kplɔa mí toa mɔ nyuitɔ dzi ɣesiaɣi.”

Mɔfiafia siwo woxɔ tso yamemɔfialawo gbɔ alo ŋkuléle ɖe dɔwɔnu aɖe ŋu naa yameʋukulawo kpɔnɛ dzea sii ɣeaɖewoɣi be ele be yewoaɖɔ mɔ si tom yewole la ɖo. Ðewohĩ ahiã be míawo hã míatrɔ asi le nɔnɔme aɖewo ŋu wòasɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia nu. “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.” (Yesaya 30:21) To eƒe Nya kple to eƒe habɔbɔa dzi la, míexɔa aɖaŋuɖoɖo siwo naa nyanya mí le gbɔgbɔmefɔkuwo ŋu. Esiawo dometɔ ɖeka ku ɖe hadedewo ŋu.

Hadedewo Ate Ŋu Ana Míatra

Yameʋu sue ate ŋu atra bɔbɔe ne womewɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã o. Nenema ke nyaƒoɖeamenu siwo tsoa egodo ɖea to ɖe Kristotɔwo ɣesiaɣi egbea. Míele xexe si me wobua ŋutilãmenuwo ɖeɖeko ŋu hedoa vlo gbɔgbɔmenuxɔasiwo, eye wodea asixɔxɔ ga kple vivisese ŋu geɖe wu la me. Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be ŋkeke mamleawo “me nɔnɔ asẽ.” (Timoteo II, 3:1-5, NW) Vevietɔ hadede vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe ƒewuivi siwo dia amewo ŋu dzedze kple ŋkɔxɔxɔ la dzi.—Timoteo II, 2:22.

Amanda si xɔ ƒe 17 la ɖe eme be: “Le ɣeyiɣi aɖe me la, nye sukuhatiwo na nye xɔse gbɔdzɔ vaseɖe afi aɖe. Wonɔa gbɔgblɔm be nye subɔsubɔha xea mɔ ɖe nuwo nu eye emenɔnɔ sesẽ akpa, eye esia na dzi va nɔ ɖeɖem le ƒonye. Gake dzinyelawo kpe ɖe ŋunye mese egɔme be Kristotɔwo ƒe mɔfiamewo kpɔa mía ta boŋ, womexea mɔ ɖe ame nu o. Fifia mekpɔe be gɔmeɖose siawo le kpekpem ɖe ŋunye mele dzidzeme kpɔm le agbe me wu nye tsã sukuhatiwo. Mesrɔ̃ alesi maɖo ŋu ɖe amesiwo tsɔ ɖe le eme nam ŋutɔŋutɔ la ŋu—dzinyelawo kpakple Yehowa—eye mele dzidzɔ kpɔm le mɔɖeɖedɔa me.”

Eɖanye ƒe ka kee míexɔ o, míado go amesiwo agblɔ vlodonyawo le míaƒe dzixɔsewo ŋu. Woadze nunyalawo, gake le Mawu gbɔ la, wonye ŋutilãmemewo, menye gbɔgbɔmemewo o. (Korintotɔwo I, 2:14) Ƒuƒoƒo aɖe si kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi le Korinto le Paulo ƒe ŋkekea me lae nye xexemenunyala Ðikelawo. Anɔ eme be xexemenunyala siawo ƒe nufiafiawo na Korinto Kristotɔ aɖewo megaxɔ tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa dzi se o. (Korintotɔwo I, 15:12) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.”—Korintotɔwo I, 15:33.

Gake hadede nyuiwo doa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. Le Kristo-hamea me la, mɔnukpɔkpɔ le mía si be míanɔ amesiwo nɔa agbe le xɔse me la dome. Norman, nɔviŋutsu si srɔ̃ nyateƒea le ƒe 1939 me la, kpɔtɔ nye dzideƒo geɖe tsoƒe na amesiame. Nukae na wògale ŋute le gbɔgbɔ me? Eɖo eŋu be: “Kpekpewo dede kple hadede kplikplikpli kple nɔvi nuteƒewɔlawo le vevie ŋutɔ. Hadede sia ƒomevi kpe ɖe ŋunye mekpɔ vovototo si le Mawu ƒe habɔbɔa kple Satana tɔ dome nyuie.”

Kesinɔnuwo ƒe Amebleŋusẽ

Brian si nye yameʋukula kpɔnuteƒe la ɖe eme be “esesẽna na yameʋukula ɣeaɖewoɣi be wòaxɔ eƒe dɔwɔnuwo dzi ase—le esi eƒe seselelãme to vovo ta ko. Wonya asrafoyameʋukula kpɔnuteƒewo be wokua yameʋu hetrɔa ta gbo elabena akaɖi siwo le anyigba la nɔa dzedzem abe ɣletiviwo ene—togbɔ be woƒe dɔwɔnuwo ɖee fia wo be mele nenema o hã.”

Nenema ke míaƒe ɖokuitɔdidi ƒe seselelãmewo ate ŋu able mí le gbɔgbɔ me. Yesu gblɔ be ‘kesinɔnuwo blea ame,’ eye Paulo xlɔ̃ nu be ‘galɔlɔ̃ kplɔ ame geɖe dzoe le xɔsea me.’—Marko 4:19; Timoteo I, 6:10.

Ŋutilãmetaɖodzinu dzroame siwo le abe akaɖi keklẽ bleamewo ene ate ŋu akplɔ mí ato mɔ gbegblẽ dzi. Le esi teƒe be míakpɔ dzidzɔ le “dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu” me la, xexeme si va yina la ƒe nu dzroamewo ate ŋu akplɔ mí atrae. (Hebritɔwo 11:1; Yohanes I, 2:16, 17) Ne ‘míedina’ be míanye kesinɔtɔwo la, anɔ eme be ɣeyiɣi sue aɖe koe anɔ mía si míatsɔ atsi le gbɔgbɔ me.—Timoteo I, 6:9; Mateo 6:24; Hebritɔwo 13:5.

Ðekakpui srɔ̃tɔ aɖe si ŋkɔe nye Patrick lɔ̃ ɖe edzi be ye kple ye srɔ̃ yewotsɔ gbɔgbɔmetaɖodzinuwo sa vɔe ɖe agbenɔnɔ si nyo wu nɔnɔ ta. Eɖe eme be: “Amesiwo si ʋu xɔasiwo kple aƒe dzeaniwo le le hamea me la kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Togbɔ be Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ mebu ɖe mí gbeɖe o hã la, míebu be ele be míawo hã míanɔ agbe le dzidzeme me. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míede dzesii be Yehowa subɔsubɔ kple tsitsi le gbɔgbɔ mee hea dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ. Fifia míetrɔ asi le míaƒe agbenɔnɔ ŋu wòle bɔbɔe. Míeɖe gaƒoƒo siwo míetsɔ wɔa dɔe dzi kpɔtɔ, eye míezu gbesiagbe mɔɖelawo.”

Dzi si Xɔa Nya Dzie Xɔse Nɔa Te Ðo

Dzi si xɔa nya hã wɔa akpa vevi aɖe le kaka ɖe Yehowa dzi me. Nyateƒee, “xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o [alo, “kpeɖodzi si dze ƒã,” Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ] la dzi.” (Hebritɔwo 11:1) Gake ne dzi si xɔa nya mele mía si o la, manya wɔ be míaka ɖe edzi o. (Lododowo 18:15; Mateo 5:6) Esia tae apostolo Paulo gblɔ be “menye amewo katã si xɔse la le o.”—Tesalonikatɔwo II, 3:2.

Ekema aleke míawɔ axɔ kpeɖodzi si ŋu kakaɖedzi le siwo katã li la ade dzimee? To mawumenɔnɔmewo, nɔnɔme siwo doa ŋusẽ xɔse heʋãnɛ la, tutuɖo me. Petro xlɔ̃ nu mí be ‘míatsɔ amewɔwɔ, sidzedze, ɖokuidziɖuɖu, dzidodo, mawusosroɖa, nɔvilɔlɔ̃, kple lɔlɔ̃ akpe ɖe míaƒe xɔse ŋu.’ (Petro II, 1:5-7; Galatiatɔwo 5:22, 23) Gake ne míenɔ agbe ɖokuiŋudzedzetɔe alo míetsɔa subɔsubɔdɔ sue aɖe ko na Yehowa la, míate ŋu akpɔ mɔ be míaƒe xɔse atsi ɖe edzi wòasɔ o.

Ezra “tsɔ eƒe dzi ɖo” Yehowa ƒe Nya la xexlẽ ŋu eye be wòatsɔe awɔ dɔe. (Ezra 7:10) Dzi si xɔa nya nɔ Mixa hã si nenema ke. “Nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu; nye Mawu ase nye gbe.”—Mixa 7:7.

Magdalena si ƒe ŋkɔ míeyɔ va yi hã kpɔa Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe. (Xabakuk 2:3) Egblɔ be: “Míele gbɔgbɔmeparadiso me xoxo. Esi kplɔe ɖo si nye Ŋutilãmeparadiso ava kpuie. Hafi ɣeyiɣi ma nava la, ame akpe alafa geɖe le ɖeka wɔm kple ameha gã la. Edzɔa dzi nam ne mekpɔ ame gbogbo siwo le Mawu ƒe habɔbɔa me vam.”

Mía Mawu Xɔnametɔ la Sinu Kpɔkpɔ

Nana be míaƒe kakaɖedzi me nasẽ vaseɖe nuwuwu bia be míaɖe míaƒe xɔse afia eye míaɖo to mɔfiame siwo míexɔna tso Yehowa kple eƒe habɔbɔa gbɔ la nyuie. Míakpɔ viɖe geɖe le agbagba si míadze la me godoo. Yameʋukula kpɔa dzidzeme deto ne ele ɖiɖim va anyigba eye wòto alilikpo dodo la me do mlɔeba le eƒe mɔzɔzɔ didi si me sesẽ la megbe. Anyigba nɔa eŋgɔ gbadzaa—ede ama eye edzinɔnɔ dzroa ame. Yameʋudzeƒea ƒe gbadzaƒea le anyime ɖaa le elalam be wòadze ɖe edzi.

Nu dodzidzɔname aɖe le míawo hã lalam. Dzɔdzɔenyenye ƒe anyigba yeye axɔ ɖe xexe vɔ̃ɖi sia si do viviti la teƒe. Mawu ƒe dzaadoname le mía lalam. Míate ŋu aɖo afima ne míewɔ ɖe hakpala la ƒe nyawo dzi be: “Wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nusi ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke! . . . Nye kafukafu enye tɔwò ɖaa.”—Psalmo 71:5, 6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe