Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Ekpɔkpɔ Mele Bɔbɔe O
ARNOLD nye ɖevi si lɔ̃a fefe kple fefenu si wowɔ ɖe kpɔ̃ ƒe nɔnɔme nu. Afisiafi si wòayi la, ehenɛ le anyigba kplɔnɛ yina—ne ele fefem, ne eyina nuɖuƒe, ne eyina anyimlɔƒe. Le eya gome la, kpɔ̃ siae na wòkpɔa akɔfafa kple dedienɔnɔ. Kuxi aɖe do mo ɖa gbeɖeka. Kpɔ̃a bu!
Arnold nɔ avi dzi, eye dadaa, fofoa, kple nɔviaŋutsu tsitsitɔ etɔ̃awo nɔ nuwo me kam le aƒea me nɔ kpɔ̃a dim. Wo dometɔ ɖeka ke ɖe eŋu mlɔeba le kplɔ̃ŋuɖaka me. Edze ƒã be Arnold ye tsɔe de eme eye enumake eƒe ŋku dzo le afisi wòle dzi. Wotsɔ kpɔ̃a na Arnold eye wòtutu aɖatsia le ŋkume. Dzi dzɔe eye wògakpɔ dedienɔnɔ ake.
Anyo ŋutɔ ne ɖe woate ŋu akpɔ kuxiwo katã gbɔ bɔbɔe nenema—abe alesi woake ɖe fefenu si nye kpɔ̃ ŋu le kplɔ̃ŋuɖaka me bɔbɔe ene! Gake le ame geɖe gome la, nya siwo ku ɖe dedienɔnɔ ŋu nye ŋkubiãnya eye wosesẽ wu ema kura. Le afisiafi kloe la, amewo biana be, ‘Ðe madze hlɔ̃dolawo kple ŋutasẽlawo si mea? Ðe wòadzɔ be dɔwɔɖui age le asinyea? Ðe kakaɖedzi li be nye ƒomea akpɔ nuɖuɖu si ade wo nua? Ðe ame bubuwo mate ɖe ŋunye o le nye mawusubɔsubɔ alo afisi metso taa?’
Amesiwo mele dedie o ƒe xexlẽme sɔ gbɔ ale gbegbe. Dukɔ Ƒoƒuawo gblɔ be menye ɖeko amesiwo ade biliɔn etɔ̃ mekpɔa atikewɔwɔ nyui na dɔléle siwo bɔ la dada o ke womekpɔa atike vevi siwo wohiã gɔ̃ hã o. Amesiwo wu biliɔn ɖeka le ahedada kolikoli ƒe fu kpem. Amesiwo ade biliɔn ɖeka kloe mekpɔ dɔ nyui awɔ o togbɔ be woate ŋu awɔ dɔ hã. Sitsoƒedilawo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi. Le ƒe 1994 ƒe nuwuwu la, ehiã be ame abe 1 le 115 ɖesiaɖe me ene nasi adzo le woƒe aƒewo me. Wogblẽa ame miliɔn geɖe ƒe agbe dome to atikevɔ̃ɖiwo ƒe asitsatsa si me wokpɔa ga dɔlar biliɔn 500 ƒe sia ƒe le la me eye esia na hlɔ̃dodo kple ŋutasesẽ nuwɔna dzi ɖe edzi ŋutɔ. Aʋawɔwɔ tsrɔ̃a ame miliɔn geɖe ƒe agbe. Le ƒe 1993 dzaa ko me la, dukɔ 42 kpe aʋa sesẽwo, eye dunyahehe me ŋutasẽnuwɔwɔ yi edzi le dukɔ 37 bubuwo me.
Aʋawɔwɔ, ahedada, nuvlowɔwɔ, kple nu bubu siwo nye ŋɔdzi na amegbetɔ ƒe dedienɔnɔ la katã do ƒome kple wo nɔewo, eye dzidzim ɖe edzi ko wole. Kuxi siawo gbɔ kpɔkpɔ mele bɔbɔe abe kpɔ̃ kpɔkpɔ le kplɔ̃ŋuɖaka me ene o. Nyateƒeae nye be, amegbetɔwo mate ŋu akpɔ wo katã gbɔ o.
Mawu ƒe Nya Biblia xlɔ̃ nu be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” Ke ameka ŋue míate ŋu aɖo ŋu ɖo? Ŋɔŋlɔ sia yi edzi be: “Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi; eya, amesi wɔ dzi kple anyi, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme.”—Psalmo 146:3-6.
Nukatae míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be ahe dedienɔnɔ ava anyigba sia dzi? Ðe wòanya wɔ be woakpɔ dedienɔnɔ kple dzidzɔ le agbenɔnɔ me fifia? Aleke Mawu aɖe nusiwo xe mɔ na amegbetɔ ƒe dedienɔnɔkpɔkpɔ la ɖae?