INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 5/15 axa 4-7
  • Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dedienɔnɔ na Mawu Subɔlawo
  • Nusi Mawu Wɔna na Eƒe Amewo
  • Ðe Dedienɔnɔ Vavãtɔ Asu Amesiame Sia?
  • Mlɔeba—Dedienɔnɔ Vavãtɔ Tegbee!
  • Mɔkpɔkpɔ Si Mawusubɔsubɔ Vavãtɔ Naa Ame
    Nyɔ!—1999
  • Agbe Si me Dedienɔnɔ Anɔ Ðaa
    Nyɔ!—1998
  • Nu Kae Mawu Awɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Wodo Agbenɔnɔ si Nyo Wu ƒe Ŋugbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 5/15 axa 4-7

Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me

ÐIKEKE aɖeke mele eme o be Yehowa Mawu ate ŋu ana dedienɔnɔ eƒe amewo. Eyae nye “Ŋusẽkatãtɔ la.” (Psalmo 68:15) Eƒe ŋkɔ ɖedzesi la gɔmee nye “Amesi Na Wòvaa Eme.” Esia ɖee fia be Eya ɖeka koe le xexeame godoo si ate ŋu aɖu mɔxeɖenu ɖesiaɖe dzi be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme eye wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Mawu ŋutɔ gblɔ be: “Nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”—Yesaya 55:11.

Mawu naa amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu la nɔa dedie. Eƒe Nya la ɖo kpe esia dzi. Gbɔgbɔ ʋã nunyala Fia Salomo wògblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.” Egblɔ kpee be: ‘Amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.’—Lododowo 18:10; 29:25.

Dedienɔnɔ na Mawu Subɔlawo

Yehowa naa dedienɔnɔ amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu la ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, Mawu kpɔ nyagblɔɖila Yeremya ta. Esi Babilon-ʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem si gbe xɔse la, ehiã be ameawo ‘natsɔ vɔvɔ̃ aɖu abolo ɖe dada nu.’ (Xezekiel 4:16) Nɔnɔmea va sẽ ale gbegbe be nyɔnu aɖewo ɖa woawo ŋutɔ ƒe dɔmeviwo ɖu. (Konyifahawo 2:20; 4:10) Togbɔ be wolé Yeremya ɣemaɣi le esi wònɔ gbeƒã ɖem vɔvɔ̃manɔmee ta hã la, Yehowa kpɔ egbɔ be “wotsɔa abolo ɖeka nɛ gbesiagbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, vaseɖe esime woɖu aboloawo katã wòvɔ le dua me.”—Yeremya 37:21.

Esime Yerusalem ge ɖe Babilontɔwo si me la, womewu Yeremya o eye womekplɔe yi Babilon abe gamenɔla ene hã o. Ke boŋ “[Babilon] fia ŋu srafowo ƒe amegã . . . tsɔ mɔ dzi nuɖuɖu kple nunana nɛ, eye wòdo mɔe wòdzo.”—Yeremya 40:5.

Ƒe alafa geɖe megbe Yesu Kristo na kakaɖedzi Mawu ƒe subɔlawo be: “Migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:31-33.

Ðe esia fia be Mawu akpɔ Yehowa subɔla ta tso afɔku siwo katã dzɔna egbea la mea? Ao, mefia nenema o. Nuteƒewɔlawo mevo tso nuveviwɔame si me o. Kristotɔ vavãwo léa dɔ, wodoa go yometiti, wodzea hlɔ̃dolawo si me, wokuna le afɔkuwo me, eye wokpea fu le mɔ bubuwo nu.

Togbɔ be Yehowa mena wonɔa dedie tso nuveviwɔamewo me keŋkeŋ o hã la, nyatakakawo ɖee fia be ezãa eƒe ŋusẽ tsɔ kpena ɖe eƒe subɔlawo ŋu eye wòkpɔa wo ta. Kristotɔwo vo hã tso kuxi geɖe me elabena wozɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi le woƒe agbe me. (Lododowo 22:3) Hekpe ɖe eŋu la, wokpɔa dedienɔnɔ si le hadede kple xexeame katã ƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo lɔ̃a ame, amesiwo kpena ɖe wo nɔewo ŋu le hiãɣi la me. (Yohanes 13:34, 35; Romatɔwo 8:28) Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa Ðasefo siwo le Europa se nɔnɔme sesẽ si me wo nɔvi siwo le Rwanda, afisi aʋawɔwɔ nɔ edzi yim le la, wodzɔ nu enumake eye wotsɔ nudodo siwo ƒe kpekpeme nye tɔn 65 kple atike, nuɖuɖu kpakple nu bubu siwo ƒe home de $1,600,000 ɖo ɖe wo.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 11:28, 29.

Togbɔ be Yehowa ɖea mɔ Kristotɔ vavãwo doa go nɔnɔme sesẽwo hã la, kakaɖedzi le wo si be ana ŋusẽdoame, kpekpeɖeŋu, kple nunya yewo be yewoanɔ te ɖe enu. Esi apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na haxɔsetɔwo la, egblɔ be: “Tetekpɔ [nɔnɔme sesẽ] aɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ [nɔnɔme sesẽ] ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.”—Korintotɔwo I, 10:13; The Emphatic Diaglott.

Nusi Mawu Wɔna na Eƒe Amewo

Enye dzidzɔ na ame miliɔn geɖe egbea be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Womezii ɖe wo dzi be woasubɔ Mawu o; wosubɔnɛ le esi wodze sii eye wolɔ̃e ta. Nenema ke esi wònye be Yehowa lɔ̃ esubɔla nuteƒewɔlawo ta la, eɖoe be yeatrɔ anyigba la wòazu paradiso si me ameƒomea akpɔ ŋutifafa, lãmesẽ, kple dedienɔnɔ le tegbee.—Luka 23:43.

Mawu ato dziƒodziɖuɖu si me Fia si wòtia, Yesu Kristo, nye Dziɖula le la dzi awɔ esia. (Daniel 7:13, 14) Biblia yɔ dziɖuɖu sia be “Mawufiaɖuƒe” kple “Dziƒofiaɖuƒe.” (Korintotɔwo I, 15:50; Mateo 13:44) Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe. Le esi dziɖuɖu geɖe nanɔ anyigba dzi teƒe la, dziɖuɖu ɖeka koe anɔe. Aɖu anyigba blibo la katã dzi le dzɔdzɔenyenye me.—Psalmo 72:7, 8; Daniel 2:44.

Yehowa le amewo katã kpem be woava nɔ Fiaɖuƒea te. Mɔ siwo dzi tom wòle le esia wɔm la dometɔ ɖekae nye be ena womãa Biblia si nye agbalẽ si ɖe nusi Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea me la le afisiafi. Bibliae nye agbalẽ si womã wu le xexeame, eye fifia agbalẽ bliboa alo eƒe akpa aɖe le gbegbɔgblɔ siwo wu 2,000 me.

Yehowa Mawu le kpekpem ɖe amewo ŋu lɔlɔ̃tɔe be woase nusi Biblia fia ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu gɔme. Ele esia wɔm to nufiafia amewo kple wo dɔdɔ be woaɖaɖe Ŋɔŋlɔawo me na ame bubuwo me. Yehowa ƒe Ðasefo siwo wu miliɔn atɔ̃ le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒea ƒe ŋutinya nyui le dukɔ siwo wu 230 me.

Ðe Dedienɔnɔ Vavãtɔ Asu Amesiame Sia?

Amesiamee awɔ ɖe amekpekpea dzi be woava zu Mawu ƒe Fiaɖuƒea te viwo to agbenɔnɔ ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu mea? Ao, elabena ame geɖe metsɔ ɖeke le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me o. Wogbea agbagba si dzem wole be woakpe ɖe wo ŋu be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ wòanyo wu la. Vavãe, wole eɖem fia be yewole abe amesiwo ŋu Yesu gblɔ le ene be: “Dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye [Mawu nada] gbe le wo ŋu o.”—Mateo 13:15.

Aleke gɔ̃e dedienɔnɔ vavãtɔ ate ŋu anɔ anyigba dzi ne amesiwo gbe be yewomanɔ agbe ɖe Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔewo nu o la li? Mate ŋu anɔ anyi o. Mawumavɔ̃lawo gblẽa amesiwo dina be yewoasubɔ Yehowa la ƒe dedienɔnɔ me.

Mawu mezinɛ ɖe amewo dzi be woatrɔ o, gake maɖe mɔ hã be ŋutasesẽ nanɔ edzi yim tegbee o. Togbɔ be Yehowa gbɔ dzi ɖi yi edzi le eƒe Ðasefowo dɔm be woafia yeƒe mɔwo kple tameɖoɖowo amewo hã la, magayi edzi anɔ wo dɔm eteƒe nadidi o. Yesu Kristo gblɔe ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:14.

Nukae ‘nuwuwua’ afia na amesiwo gbe wɔwɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi? Anye fɔbubu kple tsɔtsrɔ̃ na wo. Biblia ƒo nu tso eŋu be “woabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o, amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ.”—Tesalonikatɔwo II, 1:6-9.

Mlɔeba—Dedienɔnɔ Vavãtɔ Tegbee!

Ne wotsrɔ̃ amesiwo gbe Yehowa ƒe ŋutifafamɔ dzɔdzɔewo la, Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe ŋutikɔkɔeɣeyiɣi si me dedienɔnɔ anɔ vɛ na ame dzɔdzɔewo le anyigba dzi. (Psalmo 37:10, 11) Aleke gbegbe xexe yeye ma ato vovo na esi me míele egbeae nye si!—Petro II, 3:13.

Dɔtoto kple dɔwuame maganɔ anyi o. Amesiame akpɔ nu aɖu nyuie. Biblia gblɔ be ‘woatsɔ nuɖuɖu damiwo atu aglo na dukɔwo katã.’ (Yesaya 25:6) Nuɖuɖu magave o, elabena “bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

Amewo maganɔ xɔ madeamedzi kple du madeamedziwo me o. Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, amesiame anɔ aƒe dzeaniwo me, eye woaɖu agblemenu siwo wodo ɖe woa ŋutɔwo ƒe anyigba dzi. Biblia do ŋugbe be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse.”—Yesaya 65:21.

Le dɔmakpɔwɔe si bɔ teƒe la, dɔ nyuiwo anɔ anyi, eye amewo akpɔ nu nyuiwo tso woƒe dɔwɔwɔ me. Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o.”—Yesaya 65:22, 23.

Amewo makpe fu le dɔléle si me eye wòawu wo le Fiaɖuƒedziɖuɖua te o. Mawu ƒe Nya ka ɖe edzi na mí be: “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

Le Paradiso si ava eme le anyigba dzi kpuie me la, woaɖe fukpekpe kple vevesese, blanuiléle kple ku ɖa. Ẽ, woaɖe ku ŋutɔ hã ɖa! Amewo anɔ agbe tegbee le Paradiso me! Biblia gblɔ na mí be “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

Agbenɔnɔ le anyigba dzi anɔ dedie vavã le Yesu Kristo, “Ŋutifafafia” la ƒe dziɖuɖu te. Nyateƒee, dedienɔnɔ axɔ xexeame katã le dziɖuɖu dzɔdzɔe ɖeka si nye lɔlɔ̃ ƒe dziɖuɖu te—Mawu ƒe Fiaɖuƒea.—Yesaya 9:5, 6; Nyaɖeɖefia 7:9, 17.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

“Amegbetɔ ƒe dedienɔnɔ fia be kakaɖedzi nanɔ ame si ɖe etsɔme ŋu, . . . [kaka ɖe] dziɖunyawo kple ganyawo ƒe kelili [dzi].”—Nyɔnu aɖe si le Asia

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

“Nusi ana be mànɔ dedie kura o enye ŋutasẽnuwɔwɔ kple ɖeviwo ƒe tosesẽ.”—Ŋutsu aɖe si le Anyigbe Amerika

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Nyemenɔ dedie le . . . amedzidzedzea me o. Ne dukɔ aɖe kpe aʋa la, aleke amewo ate ŋu anɔ dedie?”—Gɔmedzesukuvi aɖe si le Titina Ɣedzeƒe

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

“Manɔ dedie ne menya be mate ŋu azɔ mɔdodowo dzi le zã me eye nyemavɔ̃ be woalém adɔ gbɔnye sesẽe o.”—Sukuvi aɖe si le Afrika

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe