Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo gbɔ
Ɣeaɖewoɣi míesenɛ nɔviwo gblɔna alo doa gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava anyigba dzi. Ðe nyagbɔgblɔ sia sɔa?
Ne míagblɔe tututu la, mesɔ be woagblɔe nenema le Ŋɔŋlɔawo nu o. Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziƒonu. Eyatae apostolo Paulo te ŋu ŋlɔ be: “Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.”—Timoteo II, 4:18; Mateo 13:44; Korintotɔwo I, 15:50.
Woɖo Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me, eye womagbugbɔe ava Paradiso si wogbugbɔ ɖo anyigba la dzi alo ayi teƒe bubu aɖeke gbeɖe o. Yesu Kristoe nye Fiaɖuƒea ƒe Fia. Ŋusẽ le Yesu si nye Fia la si ɖe mawudɔlawo dzi. Eyata esɔ be wòaɖu fia le Mawu ƒe nuɖusi me le dziƒo. Kristotɔ amesiaminawo ava wɔ ɖeka kplii anye fiawo kple nunɔlawo le dziƒo.—Efesotɔwo 1:19-21; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 20:6.
Eyata ɖe esia fia be míagabia nusiwo le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa ƒe akpa si gblɔ be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” me la Mawu oa? (Mateo 6:10) Menye nenemae o, gbedodoɖa ma sɔ eye gɔmesese geɖe gakpɔtɔ le eŋu.
Mawu ƒe Fiaɖuƒea gbɔna nusi wòɖo ɖe anyigba la ŋu wɔ ge godoo, eye esiae nɔa susu me na mí ne míele gbe dom ɖa eye míegblɔ nya siwo sɔ kple esiwo le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la me. Le kpɔɖeŋu me, Daniel 2:44 gblɔe ɖi be Fiaɖuƒea ‘ava’ tsrɔ̃ dukɔwo katã eye wòaxɔ ɖe wo teƒe aɖu anyigba la dzi. Nyaɖeɖefia 21:2 ƒo nu tso Yerusalem Yeye si le ɖiɖim tso dziƒo la ŋu. Kristotɔ amesiamina 144,000 siwo anye Kristo ƒe ŋugbetɔ la ƒe ƒuƒoƒoe nye Yerusalem Yeye la. Wonye hadomenyilawo hã kpe ɖe Yesu ŋu le Fiaɖuƒea me. Eyata woƒe susu si woatrɔ ɖe anyigba la ŋu eye yayra wɔnukuwo ado tso eme na ameƒomea me tɔ nuteƒewɔlawo ŋue Nyaɖeɖefia 21:2 ƒo nu tsoe.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Vaseɖe esime nyagblɔɖi wɔnuku siawo kple bubuwo nava va eme la, asɔ kokoko be míado gbe ɖa na Yehowa Mawu le Yesu ƒe nyawo nu be, “Wò fiaɖuƒe nava.” Gake ele be wòanɔ susu me na mí be Fiaɖuƒea mava míaƒe Anyigba la dzi ŋutɔŋutɔ o. Fiaɖuƒe dziɖuɖua le dziƒo, menye anyigba dzi o.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]
Earth: Based on NASA photo