Màdi Be Neto Ye Ŋu o!
NUKA megato ŋuwò o? Yehowa Ðasefowo ƒe “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe si tu aƒe lae! Le teƒe geɖe la, takpekpea adze egɔme kple haƒoƒo le Fiɖa ŋdi ga 9:30. Ne èɖo to gbebiame siwo doa ŋusẽ ame ƒe xɔse le nuƒo si nye “Nyasese tso Ŋutifafa Gbeƒãɖela Siwo me Dzo Le Gbɔ” me vɔ la, àse nuƒo dedziƒoname si nye “Nukae Mawu Di tso Mía Si?”
Nu ɖedzesi si le Fiɖa ŋdɔ mee nye nuƒo tɔxɛ ʋãme si nye “Mí Mawu me Ŋutifafa Dɔlawo ƒe Dɔ.” Azɔ nuƒo si nye “Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woasrɔ̃ Mawu ƒe Nudidiwo” la aɖo aɖaŋu le nufiafia ame yeyewo ŋu. Nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Nɔ Ŋudzɔ ɖe Modzakaɖeɖe ƒe Mɔ̃ Ɣaɣlawo Ŋu” si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu la akplɔe ɖo. Fiɖa ƒe ɖoɖowɔɖia awu enu kple nuƒo siwo nye “Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu—Mègana Mawu Naʋã Ŋu O” kpakple “Mawu ƒe Nya la ƒe Nyateƒenyenye Taʋiʋli Nuteƒewɔwɔtɔe.”
Memleɖa ŋdi ƒe nuƒoawo ate gbe ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ƒe vevienyenye dzi le nuƒo kpui si le akpa etɔ̃ me siwo ƒe tanyae nye “Dɔla Siwo Gblɔa Ŋutifafa Nyanyui La.” Ŋdi me ƒe wɔnawo awu nu kple nuƒo siwo nye “Nunana Dzidzɔtɔe le Yehowa ƒe Habɔbɔa Me” kpakple “Agbe Kple Ŋutifafa Kpɔkpɔ to Adzɔgbeɖeɖe Kple Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ Me,” eye mɔnukpɔkpɔ asu nusrɔ̃la yeyewo si be woanyrɔ̃ wo le esia megbe.
Memleɖa ŋdɔ ƒe nuƒo si nye “Bu Yehowa ƒe Susu Ŋu le Nyawo Ŋu” la aɖo biabiawo abe ‘Ðe Kristotɔwo le memamãdɔ aɖe wɔm egbea?’ kple ‘Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu le kufiatsotso ŋu?’ ene la ŋu. Àse nuƒo kpui dodzidzɔname si le akpa eve me hã siwo ƒe tanyae nye “Ŋutifafa Mawu la Tsɔ Ðe Le Mewò” eye vevietɔ nuƒo mamle si nye “Di Mawu me Ŋutifafa le Ƒomegbenɔnɔ Me.”
Nuƒo kpui si le akpa etɔ̃ me siwo ƒe tanyae nye “Sidzedze Dɔla Nyuitɔwo” kple nuƒo si nye “Se Mawu ƒe Nya la eye Nàwɔ Ðe Edzi” la anɔ Kwasiɖagbe ŋdi ƒe nuƒoawo me. Ŋdi me ƒe ɖoɖoawo awu enu kple drama si me woadzra ɖo abe blematɔwo ene la, aɖe nufiame vevi siwo le Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Ʋɔnudrɔ̃la Gideon ŋu la afia.
Woaƒo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Ŋutifafa Vavãtɔ Mlɔeba!—Afikae Wòatso Ava?” le takpekpea ƒe akpa mamlea me le Kwasiɖagbe ŋdɔ. Mlɔeba la, nuƒo ʋãme si nye “Ŋgɔyiyi le Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo Nyenye Me” ahe takpekpea ava nuwuwui.
Wɔ ɖoɖo fifia be nàyi. Be nànya ewɔƒe si te ɖe ŋuwò wu la, bia se le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ la me alo nàŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe magazine sia talawo. Eŋlisigbe me Nyɔ! June 8 tɔ ayɔ takpekpea wɔƒe siwo katã le United States, Canada, Britania, kple Ireland.