INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 12/1 axa 32
  • Amekawoe Anye Nyanyuigblɔlawo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekawoe Anye Nyanyuigblɔlawo?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 12/1 axa 32

Amekawoe Anye Nyanyuigblɔlawo?

ESI Xexemesɔlemehawo ƒe Habɔbɔ kpe ta anɔ ƒe 40 enye sia la, wode dzi ƒo na ha la me tɔwo be “nyanyuigbɔgblɔ ƒe gbɔgbɔ nafie le wo me” eye be woafia woƒe hameviwo be “woanɔ tsatsam anɔ nyanyui la gblɔm fia.” Ƒe atɔ̃ megbe la, John A. O’Brien si nye Katoliko nunɔla ŋlɔ nu tso alesi wòhiã be woakplɔ nusrɔ̃la yeyewo vɛ “to wo gbɔ yiyi me” eye menye be “míabɔbɔ nɔ míaƒe aƒewo me” ko o ŋu. Eye Papa John Paul II gblɔ le January 1994 me be, “menye ɣeyiɣi sia mee wòle be Nyanyuia nakpe ŋu na mí o, ɣeyiɣi si wòle be míaɖe gbeƒã tso xɔwo tame ye.”

Edze ƒã be amewo do toku nyanyuigblɔlawo yɔyɔ siawo si womewɔna edziedzi o la. Nyati aɖe si dze le Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Illawarra Mercury me gblɔ be: “Anyiehe Ƒuta Katolikotɔ ame ŋkutawo mekua kutri be yewoazã Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖemɔnu le woƒe xɔse me o.” Ŋutsu aɖe gblɔ be nyanyuigbɔgblɔ “mele tame na Katolikotɔwo” koŋ o. Ame bubu gblɔ be: “Enyo be Sɔlemeha la naɖe gbeƒã eɖokui, gake menye to ʋɔƒoƒo me o. Ðewohĩ anyo wu ne woawɔe to sukuwo alo lɛtaŋɔŋlɔ dzi.” Gbedoxɔgã aɖe ƒe nunɔla gɔ̃ hã menya alesi tututu wòaɖe Papa ƒe nyawo mee o. Egblɔ be: “Míade dzi ƒo na amewo be woawɔ ɖe Nyanyui si wonya la dzi le woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Ne abia be woanɔ ʋɔ ƒom hã la, ke enye nya bubu kura.” Nyadzɔdzɔgbalẽa me nyatia ƒe tanya ƒo nya ta nyuie be: “Katolikotɔwo mawɔ ɖe Papa ƒe amekpekpe be woaɖe gbeƒã dzi o.”

Togbɔ be Kristodukɔa do kpo nyanyuigbɔgblɔ hã la, Yehowa Ðasefo siwo sɔ gbɔ wu miliɔn atɔ̃ ya le wɔwɔm ɖe Yesu ƒe sedede be ‘woayi aɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo’ la dzi. (Mateo 28:19, 20; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 5:42.) Wole woƒe ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔm le dukɔ siwo wu 230 me fifia. Gbedasi nyui gblɔm wole, wokɔa Biblia ƒe ŋugbedodo wɔnuku siwo li na etsɔme la me. Nukata màɖo dze kple wo ne wogava gbɔwò o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe