‘Miɖo Ŋu Tsã Ŋkekewo’—Nukata?
‘MIÐO ŋu tsã ŋkekewo.’ Hebri Kristotɔ siwo nɔ Yudea ye apostolo Paulo ŋlɔ aɖaŋuɖoɖo sia na le ƒe 61 M.Ŋ. lɔƒo. (Hebritɔwo 10:32) Nukae na wògblɔ nya sia? Nukae na wòva hiã be ƒe alafa gbãtɔ me Yehowa subɔla mawo nagaŋlɔ ɣeyiɣi siwo va yi be o? Ðe wòaɖe vi na mí ne míewɔ ɖe ŋkuɖodzinya ma tɔgbe dzi egbea?
Ƒe alafa geɖe la, Biblia-ŋlɔlawo xlɔ̃ nu le aɖabaŋeŋe ƒu tsã nyawo dzi kple tokudodo wo ŋu. Wobia tso wo si be woalé blemanyawo kple nudzɔdzɔwo ɖe susu me eye woade ŋugble le wo ŋu. Yehowa ŋutɔ hã gblɔ be: “Miɖo ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, ame aɖeke mesɔ kplim o.” (Yesaya 46:9) Mina míadzro susu vevi etɔ̃ siwo ta wòle be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la me.
Ameʋaʋã Kple Dzideƒoname
Gbã la, ate ŋu anye ameʋaʋã kple dzideƒo tsoƒe gã aɖe. Esi Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽa ɖo ɖe Hebri-hamea la, ehati Kristotɔ mawo siwo ƒe xɔse ɖoa dodokpɔ me gbesiagbe le Yudatɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu tae wòŋlɔe ɖo. Esi Paulo kpɔe be ehiã be woado dzi la, egblɔ be: “Miɖo ŋu tsã ŋkeke, siwo me miedo dzi le heʋli geɖe le fukpekpewo me, le esime woklẽ ɖe mia me megbe la.” (Hebritɔwo 10:32) Ne woɖo ŋku gbɔgbɔmeʋa si wowɔ tsã le nuteƒewɔwɔ me dzi la, ana dzideƒo si hiã la wo bene woawu dudimekekea nu. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ nya ma tɔgbe be: “Miɖo ŋu esia, [bene dzi naɖo mia ƒo, NW].” (Yesaya 46:8) Emetsonu nyui mae nɔ susu me na Yesu Kristo esime wògblɔ na Efeso-hamea be: “Eyata ɖo ŋku afisi nège tso [gbã lɔlɔ̃] la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo.”—Nyaɖeɖefia 2:4, 5.
Nuxlɔ̃amenya siwo nye “ɖo ŋku gbaɖegbe dzi, eye nabu tame le blematɔwo ŋu” dze le nuƒo si Mose ƒo na Israel-viwo esime wònɔ eƒom ɖe dukɔa nu be woawɔ nuteƒe na Yehowa vɔvɔ̃manɔmee la me edziedzi. (Mose V, 32:7) Xlẽ eƒe nya siwo wòŋlɔ ɖe Mose V, 7:18 la kpɔ: “Megavɔ̃ wo [Kanaanitɔwo] o, boŋ ɖo ŋku nusi Yehowa, wò Mawu, wɔ Farao kple Egipte blibo la dzi.” Edi be ne woɖo ŋku ɖeɖedɔ siwo Yehowa wɔ na eƒe amewo dzi la, wòaʋã wo be woayi edzi aku ɖe Mawu ƒe sewo ŋu goŋgoŋ nuteƒewɔwɔtɔe.—Mose V, 5:15; 15:15.
Nublanuitɔe la, Israel-viwo wɔa nuvɔ̃ si nye ŋkumaɖomaɖonudzi zi geɖe. Nukae do tso eme? “Wole Mawu tetekpɔ dzi ɖaa, eye wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la. Womeɖo ŋku eƒe asi dzi le gbesigbe wòɖe wo tso ketɔ la si me [o].” (Psalmo 78:41, 42) Esi woŋlɔ Yehowa ƒe sewo be lae wɔe be wòva gbe wo mlɔeba.—Mateo 21:42, 43.
Hakpala la ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe, eŋlɔe be: “Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋku wò blemanukunuwo dzi. Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.” (Psalmo 77:12, 13) Ne míeɖo ŋku subɔsubɔdɔ siwo amewo wɔ va yi le nuteƒewɔwɔ me kple dɔ siwo Yehowa wɔ lɔlɔ̃tɔe dzi la, aʋã mí, ade dzi ƒo na mí, eye atu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe mía me. Azɔ hã, ‘ŋkuɖoɖo tsã ŋkekewo’ dzi ate ŋu ana míaɖu ɖeɖiteameŋu dzi eye wòaʋã mí be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe eye be míado dzi nuteƒewɔwɔtɔe.
Nusɔsrɔ̃ tso Vo Siwo Míeda Va Yi Me
Evelia, ne míeŋlɔa nu be o la, ana míasrɔ̃ nu tso vo siwo míeda va yi kple wo me tsonuwo me. Esiae nɔ susu me na Mose esime wòɖo aɖaŋu na Israel-viwo be: “Ðo ŋku edzi, eye megaŋlɔ alesi nèdo dɔmedzoe na Yehowa, wò Mawu, le gbedzi la be o! Miesẽ to ɖe Yehowa ŋu, tso gbesigbe ke mieʋu tso Egipte, vaseɖe esime mieva teƒe sia.” (Mose V, 9:7) Abe alesi Mose he susu yi edzii ene la, Israel-viwo ƒe tomaɖomaɖoa ƒe emetsonue nye be, ‘Yehowa, woƒe Mawu la na wozɔ gbeadzi ƒe blaene sɔŋ.’ Nukata wòde dzi ƒo na wo be woaɖo ŋku edzi? Kple susu be wòana woabɔbɔ wo ɖokui eye wòana woaɖɔ woƒe aglãdzegbenɔnɔwo ɖo ale be ‘woawɔ Yehowa, woƒe Mawu, ƒe seawo dzi, ne woato eƒe mɔ dzi, eye woavɔ̃e.’ (Mose V, 8:2-6) Edi be woasrɔ̃ nu ale be woagawɔ woƒe tsã vodadawo ake o.
Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ame ɖɔŋuɖo srɔ̃a nu tsoa eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me, gake nunyala srɔ̃a nu tsoa ame bubuwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me.” Esi Mose ɖo aɖaŋu na Israel-viwo be woade ŋugble le woƒe tsã vodadawo ŋu bene wòaɖe vi na wo la, apostolo Paulo ya xlɔ̃ nu ame bubuwo—ƒe alafa gbãtɔ me Korinto-hamea kple ne míakekee ɖe enu la, míawo hã—be woasrɔ̃ nu tso ŋutinya ma ke me. Eŋlɔe be: “Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.” (Korintotɔwo I, 10:11) Blema nudzɔdzɔ aɖe si le Biblia me kple alesi wòhiã be míasrɔ̃ nu tso eme ye nɔ susu me na Yesu Kristo esime wògblɔ be: “Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi!” (Luka 17:32; Mose I, 19:1-26) Eŋlisi hakpanyaŋlɔla kple xexemenunyala Samuel Taylor Coleridge ŋlɔ be: “Nuka gbegbee nye si míasrɔ̃ ne ɖe amewo asrɔ̃ nu tso blemanyawo me!”
Ðokuibɔbɔ Kple Akpedada
Etɔ̃lia, ne míeɖoa ŋku nu dzi la, nɔnɔme nyui siwo nye ɖokuibɔbɔ kple akpedada siwo dzea Mawu ŋu ava nɔ mía si. Esi míele aseye tsom le míaƒe xexeame godoo gbɔgbɔmeparadiso ƒe akpa vovovoawo me la, migana míaŋlɔ be gbeɖe o be nɔnɔme vevi aɖewoe na wòli ke. Esiawo dometɔ aɖewoe nye nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃, ɖokuitsɔtsɔsavɔ, dzideƒo ƒe amesinɔnɔ le fukpekpe me, dzidodo, dzigbɔgbɔ blewu kple xɔse—wonye nɔnɔme siwo mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo ɖe fia ƒe geɖe enye sia esime woʋu dɔa nu le anyigba vovovowo dzi. Esi wonɔ Mawu ƒe ame egbegbetɔ siwo le Mexico ƒe ŋutinya nu wum le 1995 Yearbook of Jehovah’s Witnesses me la, wogblɔ be: “Dodokpɔ siwo me amesiwo ʋu dɔa nu le Mexico to la awɔ nuku na amesiwo va de ha kple Yehowa Ðasefowo nyitsɔ laa. Gbɔgbɔmeparadiso si me gbɔgbɔmenuɖuɖu bɔ ɖo, si me hati Mawu Vɔ̃la akpe alafa geɖe le, kple esi me wosubɔa Mawu le le ɖoɖo nyui me lae ma woawo ya.”
Zi geɖe la, ŋgɔdola mawo ɖeɖekoe wɔa dɔ alo wowɔnɛ le saɖaga ƒuƒoƒo suewo me. Esime wonɔ vevie dom nu le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedasia me la, wotsia akogo, nu menɔa wo si o, eye wodoa go nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ sesẽ bubuwo. Togbɔ be blema subɔla siawo dometɔ geɖe ku hã la, aleke wòdea dzi ƒoe nye si be míanya be Yehowa ɖoa ŋku woƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe la dzi! Apostolo Paulo ɖo kpe esia dzi esi wòŋlɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta . . . be o.” (Hebritɔwo 6:10) Ne Yehowa ɖoa ŋku wo dzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe la, ɖe mele be míawo hã míatsɔ akpedada aɖo ŋku wo dzi nenema ke oa?
Amesiwo va dze si nyateƒea eteƒe medidi o la ate ŋu axlẽ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdoma anya ŋutinya sia. Gakpe ɖe eŋu la, ne mɔnukpɔkpɔ su mía si be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsi siwo subɔ ƒe geɖe le míaƒe ƒomea alo Kristo-hamea me la, wode dzi ƒo na mí le nya si le Mose V, 32:7 nu be “ɖo ŋku gbaɖegbe dzi, eye nabu tame le blematɔwo ŋu; bia fofowò, ne wòato nya na wò, eye bia wò amegã ɖeɖiwo, ne woagblɔe na wò!”
Nyateƒee, ne míeɖoa ŋku mawusosroɖa si amewo ɖe fia le blema dzi la, ate ŋu aʋã mí be míayi edzi ado dzi dzidzɔtɔe le míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Nufiamewo hã le ŋutinya me, siwo wòahiã be míasrɔ̃. Eye ne míebua tame le gbɔgbɔmeparadiso si Mawu tsɔ yra míi ŋu la, nɔnɔme nyui siwo nye ɖokuibɔbɔ kple akpedada sua mía si. Nyateƒe, ‘miɖo ŋu tsã ŋkekewo.’
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.