Amekae Míabu Fɔe ɖe Aʋawɔwɔ Ta?
ÐE WÒLE be míabu fɔ Mawu ɖe aʋa siwo amegbetɔƒomea wɔ taa? “Ao, Mawu medi aʋawɔwɔ o.” Nenemae Martin Niemöller si nye Germany Protestant-sɔfo nyanyɛ aɖe ɖo biabia sia ŋui le Xexemeʋa II ƒe nuwuwu megbe kpuie. Wota eƒe nyawo ɖe agbalẽ si ŋkɔe nye Ach Gott vom Himmel sieh darein—Sechs Predigten (O Mawu, Kpɔ Nu tso Dziƒo—Mawunya Adeawo) me le ƒe 1946 me.a Agbalẽa gblɔ be:
“Amesiame si di be yeabu fɔ Mawu ɖe [aʋawɔwɔ] ta la menya Mawu ƒe Nya la o, alo medi be yeanyae o. Le nyateƒe me la, ne fɔbubu gã aɖe le mí Kristotɔwo dzi le aʋa geɖe siwo wowɔ ta alo mele mía dzi o la nye nya bubu. Eye míate ŋu asi le nya sia nu bɔbɔe o. . . . Míate ŋu aɖo ŋku edzi nyuie hã be le ɣeyiɣiawo me la, Kristo-sɔlemehawo tsɔ wo ɖokui na enuenu yra aʋawɔwɔ, asrafowo, kple aʋawɔnuwo eye wodo gbe siwo medze Kristotɔwo kura o ɖa be woatsrɔ̃ yewoƒe futɔwo le aʋawɔwɔ me. Esiawo katã nye míaƒe vodada kple mía fofowo ƒe vodada, ke menye Mawue míabu fɔe kura o. Eye ŋukpe lé mí Kristotɔ siwo li egbea le amesiwo míeyɔna be kɔmamã abe Biblia Nusrɔ̃vi Moveviɖolawo [Yehowa Ðasefowo] ene ƒe ŋkume, amesiwo dometɔ alafa kple akpe geɖe yi fuwɔamesaɖawo me eye woku [gɔ̃ hã] le esi wogbe asrafodɔ wɔwɔ eye wogbe be yewomada tu amegbetɔwo o ta.”
Egbea le Xexemeʋa II megbe ƒe 50 aɖewoe nye sia la, ŋutifafalɔ̃lawo ate ŋu abu Niemöller ƒe nyawo ŋu vevie. Ao, menye Mawue míabu fɔe ɖe dukɔwo ƒe ʋukɔkɔɖi ta o! Le nyateƒe me la, Mawu to esubɔla nyateƒetɔ siwo mekpɔa gome le xexeame ƒe aʋawɔwɔwo me o dzi le gbeƒã ɖem aʋawɔwɔ katã ƒe nuwuwu si ava kpuie.—Psalmo 46:10; Yohanes 17:16.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Emegbe wota Martin Niemöller ƒe mawunyawo ɖe Eŋlisigbe me ɖe agbalẽ si nye Of Guilt and Hope me. Gake Eŋlisigbe me tɔ la to vovo na gbãtɔ si woŋlɔ ɖe Germanygbe me, eyata Germanygbe me tɔ la mee míeɖe nyayɔyɔ sia gɔme tsoe tẽ.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]
USAF foto