Wowɔ Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu
Srɔ̃ Didi na Isak
ÐEÐI te ŋutsu tsitsi si bɔbɔ nɔ vudoa to la ŋu. Eya kple eŋumewo kpakple woƒe kposɔwo zɔ mɔ tso Beer-Seba nutome yi keke Mesopotamia ƒe dziehe ke—si ƒe didime wu kilometa 800.a Fifia si woɖo afisi yim wole la, mɔzɔla sia si ŋu nu te la nɔ anyi be yeade ŋugble le dɔ sesẽ si gbe wodɔe ɖo la ŋu. Amekae ŋutsu sia nye, eye nukata wòzɔ mɔ teɖeɖiameŋu sia?
Ŋutsua nye Abraham ƒe dɔla, “tsitsitɔ, si kpɔa eƒe nuwo katã dzi.” (Mose I, 24:2) Edze ƒã be Eliezer ye amesia nye togbɔ be womeyɔ eŋkɔ le nuŋlɔɖia me o hã, amesi Abraham yɔ ɣeaɖeɣi be ‘yeƒe aƒedzikpɔla,’ si ŋu wògblɔ le be ava nye ‘domenyila anɔ ye teƒe.’ (Mose I, 15:2, 3) Le nyateƒe me la, esia dzɔ esime vi menɔ Abraham kple Sara si o. Fifia wo viŋutsu Isak tsi xɔ ƒe 40, eye togbɔ be meganye Eliezer ye ava nyi Abraham ƒe dome o hã la, ekpɔtɔ nye eƒe dɔla. Eyata esi Abraham dɔ dɔ sesẽ aɖee la, eyi. Dɔ kae wònye?
Dɔdasi Sesẽ Aɖe
Le Abraham ƒe ŋkekea me la, menye ƒomea dzi koe srɔ̃ɖeɖe kpɔa ŋusẽ ɖo o ke ekpɔa ŋusẽ ɖe to bliboa, alo blemafofowo ƒe ƒomewo hã dzi. Eyata enye kɔnu be dzilawo natia srɔ̃ na wo viwo. Gake kuxi aɖe dze ŋgɔ Abraham le srɔ̃didi na via Isak me. Kanaantɔ siwo dome wònɔ ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nuwɔnawo na medi kura be wòaɖe wo dometɔ aɖe o. (Mose V, 18:9-12) Eye togbɔ be ebɔ be ŋutsu naɖe srɔ̃ le eya ŋutɔ ƒe to me hã la, Abraham ƒe ƒometɔwo gbɔ didi kilometa alafa geɖe le dziehe Mesopotamia. Mate ŋu ana Isak naʋu ava nɔ afima hã o, elabena Yehowa do ŋugbe na Abraham be: “Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia” si nye Kanaan-nyigba la “ana.” (Mose I, 24:7, míawoe te gbe ɖe edzi) Eyata Abraham gblɔ na Eliezer be: “[Yi] mía denyigba dzi kple ƒonyemeawo gbɔ, eye naɖe srɔ̃ na vinye Isak!”—Mose I, 24:4.
Esi Eliezer zɔ mɔ didi la wu enu la, egbɔ ɖe eme le vudoa gbɔ henɔ eƒe dɔ si gbe wodɔe ɖo ŋu bum. Ekpɔe be eteƒe madidi o nyɔnuawo ava du tsi si woazã le zã me. Eyata eɖe kuku na Yehowa be: “[Ne] nyɔnuvi aɖe ava, amesi magblɔ na bena: Na tsim mano, eye wòaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã nano la, ekema eyae nye nyɔnu, si nèɖo ɖi na wò dɔla Isak, eye eya me madze sii le be, ève nye aƒetɔ nu!”—Mose I, 24:14.
Esi mekpɔ ɖe nu le gbedodoɖaa me o la, ɖetugbi dzetugbe si ŋkɔe nye Rebeka va do. Eliezer gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku na wò, na tsi via ɖem mano!” Rebeka nae eye wògblɔ be: “Madui na wò kposɔwo hã, vaseɖe esime wòaɖi kɔ na wo.” Dɔmenyo gã aɖee esia nye elabena kposɔ tsikɔwui ate ŋu ano tsi wòade galɔn 25 le aɖabaƒoƒo ewo ko me! Ne tsikɔ nɔ Eliezer ƒe kposɔwo wum nenema gbegbe alo tsikɔ menɔ wo wum nenema o, Rebeka anyae be dɔ sesẽ wònye yebe yeawɔ. Le nyateƒe me la, “enumake [ekɔ] tsia ɖe lãto la me, eye wògaƒu du yi vudoa me ɖadu tsi la, eye wòdu tsi na eƒe kposɔwo katã.”—Mose I, 24:15-20.
Esi Eliezer kpɔ be Yehowa ƒe mɔfiafia wònye la, etsɔ sikaŋɔtigɛ kple alɔnugɛ eve, si axɔ $1,400 egbea la na Rebeka. Esi Rebeka gblɔ nɛ be Abraham nɔvi Naxor ƒe tɔgbuiyɔvie yenye la, Eliezer do gbe ɖa tsɔ da akpe na Mawu. Egblɔ be: “Yehowa fia mɔm, eye wòkplɔm va nye aƒetɔ nɔviwo gbɔe.” (Mose I, 24:22-27) Wokplɔ Eliezer yi Rebeka ƒe ƒomea gbɔe. Eteƒe medidi o Rebeka va zu Isak srɔ̃ eye mɔnukpɔkpɔ su esi wòva zu Yesu si nye Mesia la mama.
Nusiwo Míasrɔ̃ tso Eme
Yehowa yra ɖe agbagba si Eliezer dze le gbedodoɖa me be yeakpɔ nyɔnu mawuvɔ̃la na Isak la dzi. Gake ɖo ŋku edzi be Isak ƒe srɔ̃ɖeɖea ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo be yeana dzidzimevi aɖe nado tso Abraham me la ŋu tẽ. Eyata mele be nya sia nana míabui be woana amesiame si doa gbe ɖa be yeakpɔ srɔ̃ aɖe la nakpɔ ɖe nukutɔe o. Gake ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe gɔmeɖosewo dzi la, ado ŋusẽ mí míado dzi le kuxi siwo nɔa agbemenɔnɔme eveawo siaa me la me—le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me.—Korintotɔwo I, 7:8, 9, 28; tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 4:11-13.
Ele be Eliezer nadze agbagba vevie awɔ nu wòasɔ ɖe alesi Yehowa dii nu. Ðewohĩ míawo hã míakpɔe be wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi mele bɔbɔe o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ asesẽ be nàkpɔ dɔwɔɖui si mado kplamatse teokrasidɔwo o, kpeɖeŋutɔ si vɔ̃a Mawu, zɔhɛ siwo tua ame ɖo, kple modzakaɖeɖe si megblẽ o. (Mateo 6:33; Korintotɔwo I, 7:39; 15:33; Efesotɔwo 4:17-19) Ke hã Yehowa ate ŋu alé amesiwo menaa ta le Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me o la ɖe te. Biblia do ŋugbe be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne míebu alesi kposɔwo katã zɔnae ŋu la, ɖewohĩ exɔ ŋkeke 25 hafi wowu mɔzɔzɔa nu.