INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 1/15 axa 18-22
  • Nukae Mawu Di tso Mi̇́a Si?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Mawu Di tso Mi̇́a Si?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Eƒe Seawo Mesesẽ O”
  • Xɔ Mawu Ŋuti Sidzedze
  • Agbenɔnɔ Ðe Mawu ƒe Dzidzenuwo Nu
  • De Bubu Agbe Kple Ʋu Ŋu
  • Subɔsubɔ Kple Yehowa ƒe Ame Siwo Wɔa Nu ɖe Ðoɖo Nu
  • “Nu Si Lɔlɔ̃ Na Mawu Fiae Nye Esi”
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Nɔa Anyi Ðaa
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Bu Agbe abe Alesi Mawu Bunɛ Ene
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ðe Nèbua Agbe Nu Xɔasii Abe Ale Si Mawu Bunɛ Enea?
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 1/15 axa 18-22

Nukae Mawu Di tso Mi̇́a Si?

“Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.”—YOHANES I, 5:3.

1, 2. Nukata mewɔ nuku o be Mawu ɖo nudidiwo na amesiwo di be yewoade ta agu nɛ wòadze eŋu?

“SUBƆSUBƆHA si me mele la nyo nam!” Menye nenemae amewo gblɔna zi geɖe oa? Gake le nyateƒe me la, ɖe wòle be woabia be, “Ðe subɔsubɔha si me mele la dzea Mawu ŋua?” Ẽ, Mawu ɖo nudidiwo na amesiwo di be yewoade ta agu nɛ wòadze eŋu. Ðe wòle be ema nawɔ nuku na mía? Ao. Tsɔe be aƒe dzeani aɖe le asiwò, si ŋu nèzã ga gbogbo aɖe ɖo tsɔ dzrae ɖo nyitsɔ laa. Ðe nàɖe mɔ be amesiame ko nava nɔ afima? Ao ɖe! Ele be amesiame si di be yeanɔ afima la naɖo wò nudidiwo gbɔ.

2 Nenema ke Yehowa tsɔ aƒe sia si nye anyigba la na amegbetɔƒomea. Eteƒe madidi o le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te la, ‘agbugbɔ’ anyigba ‘adzra ɖo’—atrɔe wòazu paradiso dzeani aɖe. Yehowa awɔ esia. Etsɔ eƒe Tenuvi si nye eya ŋutɔ ƒe nu vevi na ale be esia nanya wɔ. Mawu adi nanewo tso amesiwo di be yewoanɔ afima si godoo!—Psalmo 115:16; Mateo 6:9, 10; Yohanes 3:16.

3. Aleke Salomo gblɔ nusi Mawu di tso mía si kpuie?

3 Aleke míawɔ anya nusi Mawu ƒe nudidiwo nye? Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã nunyala Fia Salomo wògblɔ nusi Wòdi tso mía si kpuie. Esi Salomo de ŋugble le nusiwo katã yome wòti—kesinɔnuwo, xɔwo tutu, hadzidzi, kple nyɔnulɔlɔ̃—ŋu vɔ la, ede dzesi nusia be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagblɔla 12:13, míawoe te gbe ɖe edzi.

“Eƒe Seawo Mesesẽ O”

4-6. (a) Nukae nye Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘sesẽ’ ƒe gɔmeɖeɖe le nya la ŋutɔŋutɔ nu? (b) Nukata míate ŋu agblɔ be Mawu ƒe sededewo mesesẽ o?

4 “Nalé eƒe seawo me ɖe asi.” Nu ma koŋue Mawu di tso mía si. Ðe wòbia nusi lolo akpa? Kura o. Apostolo Yohanes gblɔ nya aɖe si naa kakaɖedzi ame ŋutɔ la na mí le Mawu ƒe sededewo, alo nudidiwo ŋu. Eŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.”—Yohanes I, 5:3, míawoe te gbe ɖe edzi.

5 Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be ‘sesẽ’ la fia “nu kpekpe” le nya la ŋutɔŋutɔ nu. Ate ŋu afia nusi dzi wɔwɔ sesẽ alo nusi menya wɔna o. Wozã nya ma ke le Mateo 23:4 tsɔ ɖɔ “agba kpekpe,” si nye amegbetɔ ƒe sedede kple kɔnyinyi siwo agbalẽfialawo kple Farisitɔwo tsɔ ɖo amewo dzi. Èse nya si gblɔm ame tsitsi apostolo Yohanes le la gɔmea? Mawu ƒe sededewo menye agba kpekpe o, eye wo dzi wɔwɔ hã mesesẽ na mí akpa o. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 30:11.) Ne míelɔ̃ Mawu la, wɔwɔ ɖe eƒe nudidiwo dzi na dzi dzɔa mí boŋ. Enaa mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖe mí be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa afia.

6 Be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu afia la, ele be míanya nusi tututu wòdi tso mía si. Fifia mina míade ŋugble le Mawu ƒe nudidiwo dometɔ atɔ̃ ŋu. Ne míele wo me dzrom la, na nya si Yohanes ŋlɔ la nanɔ wò susu me be: ‘Mawu ƒe sededewo mesesẽ o.’

Xɔ Mawu Ŋuti Sidzedze

7. Nuka dzie míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖo?

7 Nudidi gbãtɔe nye Mawu ŋuti sidzedze xɔxɔ. Bu Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yohanes ta 17 ŋu kpɔ. Yesu ƒe amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ mee. Yesu zã fiẽsi ma ƒe akpa gãtɔ tsɔ nɔ eƒe apostolowo dzram ɖo ɖe eƒe dzodzo ŋu. Etsi dzi ɖe woƒe etsɔme, si nye woƒe etsɔme mavɔ ŋu. Ewu mo dzi do gbe ɖa ɖe wo ta. Míexlẽ le kpukpui 3 lia be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, [woanɔ, NW] wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la [ŋuti sidzedze xɔm, NW].” Ẽ, woƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe Mawu kple Kristo siaa ŋuti ‘sidzedze xɔxɔ’ dzi. Nenemae wòle le míawo hã gome. Ele be míaxɔ sidzedze sia hafi akpɔ ɖeɖe.

8. Nukae wòfia be ‘woaxɔ’ Mawu ŋuti ‘sidzedze’?

8 Nukae wòfia be ‘woaxɔ’ Mawu ŋuti ‘sidzedze’? Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be ‘woanɔ sidzedze xɔm’ la fia be “woanya nu, woadze sii,” alo “be woase nu gɔme bliboe.” De dzesii hã be nya si wogblɔ be ‘woanɔ sidzedze xɔm’ la fia be enye nusi anɔ edzi yim ɖaa. Eyata Mawu ŋuti sidzedze xɔxɔ fia be woava dze sii, menye ɖewoɖewoe ko o ke le ememe, eye woatu xɔlɔ̃wɔwɔ si me nugɔmesese le ɖo kplii. Ƒomedodo si ayi edzi anɔ ame kple Mawu dome dzia eŋuti sidzedze ɖe edzi ɖaa. Nusia ate ŋu ayi edzi tegbee, elabena míate ŋu asrɔ̃ nusianu le Yehowa ŋu avɔ gbeɖe o.—Romatɔwo 11:33.

9. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ŋu le nuwɔwɔ ƒe agbalẽa me?

9 Aleke míawɔ axɔ Mawu ŋuti sidzedze? Agbalẽ eve ye li siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Gbãtɔe nye nuwɔwɔ ƒe agbalẽ. Nusiwo Yehowa wɔ—esiwo me agbe le kple esiwo me agbe mele o siaa—na míekpɔa amesi ƒomevi wònye. (Romatɔwo 1:20) Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Tsitsetse gã aɖe ƒe gbeɖeɖe, ƒutsotsoe ƒe bublu le ahom nu, dziƒoɣletiviwo kpɔkpɔ le zã si me kɔ nyuie me—ɖe nusiawo mefiaa mí be Mawu si ƒe “alɔkame sesẽ” ye Yehowa nye oa? (Yesaya 40:26) Ðevi si le nu kom esi wòle avuvi si le eya ŋutɔ ƒe asiketi kplɔm ɖo alo dadivi si tsɔ bɔl si wotsɔ lãfu wɔ le fefem la teƒe kpɔm—ɖe ema mefia be Yehowa si nye “Mawu dzidzɔtɔ” la lɔ̃a dzidzɔdoname oa? (Timoteo I, 1:11, NW) Nuɖuɖu vivi aɖe ɖɔɖɔ kpɔ, seƒoƒo si ʋẽna lilili le gbegbe, kpakpaluʋui beli la ƒe amadede dzeaniwo, xeviwo ƒe hadzidzi le adame, lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe asikplakɔname—ɖe míekpɔe le nusiawo me be mía Wɔla la nye Mawu lɔlɔ̃tɔ si di be míase vivi le agbe me oa?—Yohanes I, 4:8.

10, 11. (a) Nusiwo ku ɖe Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nuwɔwɔ ƒe agbalẽa me o? (b) Nyabiabia kawo ƒe ŋuɖoɖowoe woakpɔ le Biblia ɖeɖeko me?

10 Gake menye nusiwo katã míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ŋu ye le nuwɔwɔ ƒe agbalẽa me o. Le kpɔɖeŋu me: Mawu ƒe ŋkɔ ɖe? Nukata wòwɔ anyigba heda amegbetɔ ɖe edzi? Nukata Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu? Aleke etsɔme anɔ na mí? Be míakpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo la, ele be míayi ɖe agbalẽ evelia si naa Mawu ŋuti sidzedze ame la me—eyae nye Biblia. Yehowa ƒo nu tso eɖokui ŋu le eme, eye eƒe ŋkɔ, eƒe amenyenye, kple eƒe tameɖoɖowo hã le eme—nusiwo míate ŋu asrɔ̃ tso teƒe bubu aɖeke o.—Mose II, 34:6, 7; Psalmo 83:19; Amos 3:7.

11 Yehowa na ame bubu siwo ŋu wòle be míanya nu tsoe ŋuti sidzedze vevi hã mí le Ŋɔŋlɔawo me. Le kpɔɖeŋu me, amekae nye Yesu Kristo, eye akpa kae wòwɔna le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me vava me? (Dɔwɔwɔwo 4:12) Amekae nye Satana Abosam? Mɔ kawo nue wòblea amewo le? Aleke míawɔ be wòagable mí o? (Petro I, 5:8) Biblia me koe míakpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo si naa agbexɔxɔ la le.

12. Aleke nàɖe emee be menye agbae Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze xɔxɔ nye o?

12 Agbae wònye be míaxɔ Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze sia? Kura o! Àte ŋu aɖo ŋku alesi nèse le ɖokuiwò me esi nèva nya zi gbãtɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa, be eƒe Fiaɖuƒea agbugbɔ Paradiso aɖo anyi le anyigba sia dzi, be etsɔ Via si gbɔ melɔ̃a nu le o na wònye tafe ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta, kpakple nyateƒe vevi bubuwo la dzia? Ðe menɔ abe ɖe woɖe numanyamanya ƒe nutsyɔnu aɖe le mo na wò eye nèkpɔ nuwo nyuie zi gbãtɔ ene oa? Mawu ŋuti sidzedze xɔxɔ menye agba o. Dzidzɔ boŋ wònye!—Psalmo 1:1-3; 119:97.

Agbenɔnɔ Ðe Mawu ƒe Dzidzenuwo Nu

13, 14. (a) Ne míele Mawu ŋuti sidzedze xɔm la, tɔtrɔ kawoe wòahiã be míawɔ le míaƒe agbenɔnɔ me? (b) Nuwɔna makɔmakɔ kawo mee Mawu di be míaɖe mía ɖokui ɖa le?

13 Ne míele Mawu ŋuti sidzedze xɔm la, míeva kpɔnɛ be ele be míawɔ tɔtrɔwo le míaƒe agbenɔnɔ me. Esia kplɔ mí ɖo nudidi evelia gbɔ. Ele be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo nu eye míaxɔ eƒe nyateƒea. Nukae nye nyateƒe? Ðe nusi míewɔna kple nusiwo dzi míexɔ se le vevie na Mawu nyateƒea? Edze ƒã be ame geɖe mebunɛ nenema egbea o. Nyatakaka aɖe si England Sɔlemeha la ta le ƒe 1995 me gblɔ be mele be woabu anyinɔnɔ ɖekae srɔ̃maɖemaɖee be enye nuvɔ̃ o. Sɔlemeha la ƒe bisiɔp aɖe gblɔ be: “Nyagbɔgblɔ ‘anyinɔnɔ ɖekae srɔ̃maɖemaɖee’ doa ŋukpe ame eye medea ame dzi o.”

14 Eyata ɖe “anyinɔnɔ ɖekae srɔ̃maɖemaɖee” meganye nuvɔ̃ oa? Yehowa gblɔ alesi wòbu le nuwɔna sia ŋu na mí eme kɔ ƒã. Eƒe Nya, Biblia, gblɔ be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.” (Hebritɔwo 13:4) Gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe madze nuvɔ̃ na osɔfo siwo ɖea mɔ ɖe nu ŋu kple sɔlemedelawo o, gake nuvɔ̃ gãe wònye le Mawu ƒe ŋkume! Eye nenema ke nye ahasiwɔwɔ, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, kple ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ. (Mose III, 18:6; Korintotɔwo I, 6:9, 10) Mawu di be míatsri nuwɔna siawo, siwo wòbuna nu makɔmakɔwoe.

15. Aleke Mawu ƒe nudidiwo ku ɖe alesi míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu kple nusi dzi míexɔ se siaa ŋui?

15 Gake nuwɔna siwo Mawu buna nuvɔ̃e la tsitsri ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Mawu ƒe nudidiwo ku ɖe alesi míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui hã ŋuti. Le ƒomea me la, edi be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nalɔ̃ wo nɔewo ahade bubu wo nɔewo ŋu. Mawu di tso dzilawo si be woakpɔ wo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le ŋutilã, gbɔgbɔ, kple seselelãme gome. Egblɔ na ɖeviwo be woaɖo to wo dzilawo. (Lododowo 22:6; Kolosetɔwo 3:18-21) Ke míaƒe dzixɔsewo ya ɖe? Yehowa Mawu di be míatsri dzixɔse kple kɔnu siwo tso alakpasubɔsubɔ me alo esiwo tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafia siwo me kɔ ŋuti.—Mose V, 18:9-13; Korintotɔwo II, 6:14-17.

16. Ðe nusita agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu le agbenyuinɔnɔ gome kple eƒe nyateƒea xɔxɔ menye agba o la me.

16 Agbae wònye be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu le agbenyuinɔnɔ gome eye míaxɔ eƒe nyateƒea? Ne míebu eƒe viɖewo ŋu la, menye agbae o—srɔ̃ɖeɖe siwo me srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu lɔ̃ wo nɔewo heka ɖe wo nɔewo dzi le, ke menye srɔ̃ɖeɖe siwo me mã le anukwaremaɖimaɖi ta o; aƒe siwo me ɖeviwo kpɔnɛ be yewo dzilawo lɔ̃ yewo hedi yewo le, ke menye ƒome siwo me ɖeviwo kpɔnɛ be womelɔ̃ yewo o, wogblẽ yewo ɖi, eye womedi yewo le la o; dzitsinya dzadzɛ kple lãmesẽ, ke menye fɔbubu ƒe seselelãmewo kple ŋutilã si ŋu AIDS alo nulɔdɔ bubu aɖe gblẽ nu le o. Enye nyateƒe be Yehowa ƒe nudidiwo menaa nusiwo míehiã ale be míase vivi le agbe me la ƒe ɖeke toa mía ŋu o!—Mose V, 10:12, 13.

De Bubu Agbe Kple Ʋu Ŋu

17. Aleke Yehowa bua agbe kple ʋui?

17 Ne èva le agbe nɔm ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu la, àva kpɔ alesi gbegbe agbe nye nu xɔasii la adze sii. Fifia mina míadzro Mawu ƒe nudidi etɔ̃lia me. Ele be míade bubu agbe kple ʋu ŋu. Agbe nye nu kɔkɔe na Yehowa. Ele be wòanɔ nenema, elabena eyae nye Agbedzɔƒe. (Psalmo 36:10) Ðevi si womekpɔ dzi haɖe o si le dadaa ƒe dɔme gɔ̃ hã xɔ asi na Yehowa! (Mose II, 21:22, 23) Ʋu tsi tre ɖi na agbe. Eyata ʋu hã nye nu kɔkɔe le Mawu ƒe ŋkume. (Mose III, 17:14) Eyata mele be wòawɔ nuku na mí be Mawu di be míabu agbe kple ʋu abe alesi yebua woe ene o.

18. Nukae Yehowa ƒe nukpɔsusu le agbe kple ʋu ŋu bia tso mía si?

18 Nukae bubudede agbe kple ʋu ŋu bia tso mía si? Mí Kristotɔwo míedea míaƒe agbe afɔku me yakatsyɔ ɖe vivisese ta ko o. Míetsia dzi ɖe dedienɔnɔ ŋu, eyata míekpɔa egbɔ be míaƒe ʋuwo kple míaƒe aƒewo le dedie. (Mose V, 22:8) Míezãa atama, ɖua betel-ne, alo zãa atike siwo zazã mãa ame alo tɔtɔa susu ɖe vivisese ta o. (Korintotɔwo II, 7:1) Esi míewɔna ɖe nya si Mawu gblɔ be ‘míatsri ʋu’ dzi ta la, míeɖea mɔ wodoa ʋu ɖe míaƒe lãme o. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Togbɔ be míedi be míanɔ agbe hã la, míate kpɔ be míakpɔ agbe si míele fifia ta to Mawu ƒe se dzi dada me eye ema nagblẽ agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si le mía si me o!—Mateo 16:25.

19. Ðe alesi bubudede agbe kple ʋu ŋu ɖea vi na míi me.

19 Agbae wònye na mí be míabu agbe kple ʋu nu kɔkɔea? Kura o! Bu eŋu kpɔ. Agbae wònye be nàvo tso dzitodzitomedɔdzẽ si atamanono hena vɛ mea? Agbae wònye be nàsi le atike vɔ̃ɖi siwo zazã amã wò susu kple ŋutilã la nua? Agbae wònye be nàƒo asa na AIDS, aklãdɔ, alo dɔléle bubu aɖe si nàxɔ to ʋudodo mea? Edze ƒã be viɖe nyui geɖe le eme na mí be míatsri nɔnɔme kple nuwɔna siawo.—Yesaya 48:17.

20. Aleke Mawu ƒe nukpɔsusu le agbe ŋu ɖe vi na ƒome aɖee?

20 Bu nuteƒekpɔkpɔ sia ŋu kpɔ. Ƒe aɖewoe nye si va yi la, ʋu va nɔ dodom le nyɔnu Ðasefo aɖe si fɔ fu anɔ ɣleti etɔ̃ kple afãe nye ma la ŋu le fiẽ aɖe me eye wowɔ kaba kɔe yi kɔdzi. Esi ɖɔkta aɖe doe kpɔ vɔ megbe la, ese wògblɔ na dɔnɔdzikpɔla ɖeka be ele be yewoaɖe fua. Esi nyɔnua nya alesi Yehowa bua ɖevi si womedzi haɖe o ƒe agbe ta la, enɔ te sesĩe gbe be woagaɖe fua o, eye wògblɔ na ɖɔkta la be: “Ne ɖevia nya le agbe ko la, ke na wòanɔ afima!” Ʋu gadona le eŋu ɣeaɖewoɣi, gake ɣleti aɖewo megbe la, edzi ŋutsuvi sesẽ aɖe esime eƒe ɣeyiɣi mede hafi o, eye ɖevia xɔ ƒe 17 fifia. Nyɔnua gblɔ be: “Míegblɔ nya siawo katã na mía viŋutsua, eye ebe edzɔ dzi na ye be wometsɔ ye ƒu gbe ɖe gbeɖuɖɔ me o. Enya be Yehowa si subɔm míele koe nye nusita yele agbe egbea ɖo!” Nyateƒee, Mawu ƒe nukpɔsusu le agbe ŋu ƒe amesinɔnɔ menye agba na ƒome sia o!

Subɔsubɔ Kple Yehowa ƒe Ame Siwo Wɔa Nu ɖe Ðoɖo Nu

21, 22. (a) Amekawoe Yehowa di be míawɔ ɖeka kpli asubɔ ye? (b) Aleke woawɔ adze si Mawu ƒe ame siwo le ɖoɖo nu la?

21 Menye míawo ɖeɖekoe le tɔtrɔ siwo hiã la wɔm be míaƒe agbenɔnɔ nasɔ kple Mawu ƒe dzidzenuwo o. Amewo le Yehowa si le anyigba sia dzi, eye edi be míawɔ ɖeka kpli wo asubɔ ye. Esia kplɔ mí ɖo nudidi enelia gbɔ. Ele be míanɔ habɔbɔ si Yehowa ƒe gbɔgbɔ fiaa mɔe me asubɔe.

22 Gake aleke woawɔ adze si Mawu ƒe ame siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu lae? Le dzidzenu siwo woɖo le Ŋɔŋlɔawo me nu la, lɔlɔ̃ vavãtɔ le wo dome, wodea bubu deto Biblia ŋu, wodea bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu, woɖea gbeƒã eƒe Fiaɖuƒea, eye womenye xexe vɔ̃ɖi sia ƒe akpa aɖeke o. (Mateo 6:9; 24:14; Yohanes 13:34, 35; 17:16, 17) Subɔsubɔha ɖeka koe le anyigba sia dzi si ŋu Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe dzesidenu siawo katã le, eye míenya amesiwo wonye—Yehowa Ðasefowoe!

23, 24. Alesi menye agba be míawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe ame siwo le ɖoɖo nu asubɔe o la ƒe kpɔɖeŋu kae míate ŋu awɔ?

23 Agbae wònye be míawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe ame siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu asubɔea? Ao! Ke boŋ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ wònye be míanɔ xexeame katã ƒe Kristotɔwo ƒe ƒome si me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔ̃ame siwo kpena ɖe ame ŋu le la me. (Petro I, 2:17) Tsɔe be tɔdziʋu si me nèle la gbã eye nètsi agbe hele agbagba dzem be yeaƒu tsia. Esime nèkpɔe be nu glo ye la, ame aɖe si le ameɖeʋu aɖe me do asi ɖa lé wò. Ẽ, ame bubuwo hã tsi agbe! Esi nège ɖe ameɖeʋua me la, wò hã èkpe asi ɖe ame bubuawo ŋu woku ʋua lé goe hele agbetsila bubuwo ɖem.

24 Ðe menye nɔnɔme ma tɔgbe mee míele oa? Woɖe mí tso xexe vɔ̃ɖi sia ƒe “tsi” siwo me afɔku le la me yi ɖe Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔ ƒe “ameɖeʋua” me. Míewɔa ɖeka subɔna le eme esi míeyina “go ɖi ge” ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeyea me. Ne agbemenuteɖeamedziwo na ɖeɖi te mía ŋu le mɔ dzi la, aleke míekpɔa ŋudzedze ɖe hati Kristotɔ vavãwo ƒe kpekpeɖeŋu kple akɔfafa ŋue nye si!—Lododowo 17:17.

25. (a) Dɔ kae le mía dzi le amesiwo kpɔtɔ le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe “tsi” me la gbɔ? (b) Mawu ƒe nudidi ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

25 Ke ame bubuwo—dzianukwaretɔ siwo kpɔtɔ le “tsi” la me ya ɖe? Agba le mía dzi be míakpe ɖe wo ŋu woava Yehowa ƒe habɔbɔa me, alo ɖe agba mele mía dzi oa? (Timoteo I, 2:3, 4) Wohiã na kpekpeɖeŋu le nusi Mawu di la sɔsrɔ̃ me. Esia kplɔ mí ɖo Mawu ƒe nudidi atɔ̃lia gbɔ. Ele be míanye eƒe Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela nuteƒewɔlawo. Míadzro nusi esia fia me le nyati si kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Nukata Mawu ƒe sededewo mesesẽ o?

◻ Aleke míexɔa Mawu ŋuti sidzedzee?

◻ Nukata menye agba be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu le agbenyuinɔnɔ gome eye míaxɔ eƒe nyateƒe la o?

◻ Nukae Mawu ƒe nukpɔsusu le agbe kple ʋu ŋu bia tso mía si?

◻ Amekawoe Mawu di be míawɔ ɖeka kpli asubɔ ye, eye aleke míawɔ adze si wo?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Míesrɔ̃a nu tso Yehowa ŋu le nuwɔwɔ ƒe agbalẽ la kple Biblia me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Lo: Le Australian International Public Relations ƒe mɔɖeɖe nu; sisiblisi: Safari-Zoo of Ramat-Gan, Tel Aviv

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe