INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 7/15 axa 25-29
  • “Numekuku Ʋɔnudɔdrɔ̃” La—Biblia ƒe Nufiafia Yea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Numekuku Ʋɔnudɔdrɔ̃” La—Biblia ƒe Nufiafia Yea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Wònye?
  • Nyagbe Aɖeke Meli si Ðo Kpe Edzi O
  • Nukae Nya Siwo Ƒo Xlã Mawunyakpukpuia Ðe Fia?
  • Nyaŋuɖoɖo Aɖewo Siwo Wɔ Nuku
  • Ðe Nane De Edzi le Hebritɔwo ƒe Agbalẽa Mea?
  • Kuxiwo Kple Taɖuiwo
  • Yehowa Do Teƒeɖoɖo Nyui Aɖe Ŋugbe Na Daniel
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Daniel Ƒe Agbalẽa Ka Wò
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Sidzedze Tadeagula Vavãwo Le Nuwuɣia Me
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Mawu Ƒe Dɔla Va Do Ŋusẽe
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 7/15 axa 25-29

“Numekuku Ʋɔnudɔdrɔ̃” La—Biblia ƒe Nufiafia Yea?

OCTOBER 22, 1844, nye ŋkeke aɖe si amesiwo ade 50,000 le United States ƒe Ɣedzeƒeƒuta la nɔ mɔkpɔkpɔ na vevie. Woƒe gbɔgbɔmekplɔla, William Miller, gblɔ be Yesu Kristo atrɔ agbɔ le ŋkeke ma dzi tututu. Millertɔwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na wo, lala le woƒe takpeƒewo ʋuu zã koe do. Ŋu ke, gake Aƒetɔ la meva o. Mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo, wotrɔ yi wo ƒewo me eye emegbe wova yɔ ŋkeke ma be “Mɔkpɔkpɔ si Da Ƒu Kura.”

Gake mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi woƒe mɔkpɔkpɔ sia si da ƒu la trɔ bubui zu nane si wova nɔ mɔ kpɔm na o. Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Ellen Harmon ka ɖe edzi na Millertɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe be Mawu ɖee fia ye le ŋutegawo me be yewoƒe ɣeyiɣikɔntabubua sɔ. Egblɔ be nu gã aɖe dzɔ gbemagbe—Kristo ge ɖe “kɔkɔeƒe si le dziƒo la ƒe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la.”

Awu ƒe ewo le ema megbe la, Adventisttɔwo ƒe mawunyagblɔla James White (amesi ɖe Ellen Harmon) kpa nya aɖe tsɔ ɖɔ dɔ si wɔm Kristo le tso October 1844 mee. White gblɔ le January 29, 1857, ƒe Review and Herald me be Yesu dze “numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃” gɔme. Eye esia zu amesiwo ade miliɔn adre siwo yɔa wo ɖokui be Ŋkeke Adrelia dzi Adventisttɔwo la ƒe dzixɔse vevi aɖe.

Gake agbalẽnyala xɔŋkɔ aɖewo siwo le Ŋkeke Adrelia dzi Adventisttɔwo (SDA si fia “Seventh-Day Adventists” le Eŋlisigbe me) ƒe Ha la me la mete ŋu kana ɖe “numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃” la dzi tututu nenye Biblia ƒe nufiafiae wònye o. Nukatae woƒe susu va le wo wɔm evevee? Ne SDA tɔe nènye la, ke àdi be yeanya ŋuɖoɖo na biabia sia. Gake gbã la, nukae nye “numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃”?

Nukae Wònye?

Mawunyakpukpui vevi si woyɔna tsɔ ɖoa kpe nufiafia sia dzie nye Daniel 8:14. Exlẽ be: “Egblɔ nam be, vaseɖe ŋkeke akpe eve alafa etɔ̃, emegbe woakɔ kɔkɔeƒe la ŋu.” (King James Version) Esi wogblɔ be “emegbe woakɔ kɔkɔeƒe la ŋu” ta la, Adventisttɔ geɖe gblɔna be kpukpui sia me nyawo do ƒome kple Mose III, ta 16 me nyawo. Afima ƒo nu tso alesi Yuda-nunɔlagã la kɔa kɔkɔeƒea ŋui le Avuléŋkeke la dzi ŋu. Wogagblɔna be Daniel ƒe nyawo do ƒome kple Hebritɔwo ta 9 me nyawo, afisi wogblɔ le Yesu ŋu le be enye dziƒo Nunɔla Gãtɔ. SDA tɔwo ƒe agbalẽnyala aɖe gblɔ be “kpeɖodzimawunyakpukpui” mɔnu dzie wotu nukpɔsusu sia ɖo. Ame aɖe kpɔ “nya aɖe abe kɔkɔeƒe ene le Dan. 8:14, egakpɔ nya ma ke le Mose III, 16, gakpɔ nya ma ke le Heb. 7, 8, 9” eye efia “be wo katã wole nu ƒom tso nu ɖeka ma ke ŋu.”

Ale Adventisttɔwo bunɛe nye esi: Blema Israel-nunɔlawo wɔa woƒe gbesiagbe subɔsubɔdɔ le gbedoxɔa ƒe akpa si woyɔna be Kɔkɔeƒe, si naa wotsɔa nuvɔ̃wo kena. Le Avuléŋkekea dzi la, nunɔlagã la wɔa ƒe sia ƒe subɔsubɔdɔ le kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la (gbedoxɔa ƒe xɔgã ememetɔ me) si naa wotutua nuvɔ̃wo ɖa. Eyata wogblɔ be nunɔladɔ si wɔm Kristo le le dziƒo la mã ɖe akpa eve me. Akpa gbãtɔ dze egɔme kple eƒe dziƒoyiyi le ƒe alafa gbãtɔ me eye wòwu enu le ƒe 1844 me si he nuvɔ̃tsɔtsɔke vɛ. Akpa evelia, alo “akpa si nye ʋɔnudɔdrɔ̃ tɔ” dze egɔme October 22, 1844, egale edzi yim, eye wòahe nuvɔ̃tsɔtsɔke vɛ. Aleke wotutua nuvɔ̃ siawo ɖae?

Wogblɔ be tso ƒe 1844 me la, Yesu le amesiwo yɔa wo ɖokui xɔsetɔwoe ƒe nuŋlɔɖiwo me tom (ame kukuwo tɔ gbã, emegbe agbagbeawo hã tɔ) be yeakpɔ be wodze na agbe mavɔ kpɔkpɔ hã. Ŋkuléleɖenuŋu siae nye “numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃” la. Ne wodrɔ̃ ʋɔnu sia amewo vɔ la, wotutua amesiwo ƒe dɔwɔwɔ nyo le dodokpɔ sia me ƒe nuvɔ̃wo ɖa le nuŋlɔɖigbalẽawo me. Ellen White ɖe nu me be gake ‘woatutu amesiwo ƒe dɔwɔwɔ menyo le dodokpɔ sia me o la ƒe ŋkɔwo ɖa le agbegbalẽa me.’ To mɔ sia nu la, “woatso nya me le afisi amesiame ayi ŋu, ne agbe mee loo alo ku mee.” Ne ema dzɔ la, ke wokɔ dziƒo kɔkɔeƒe la ŋu eye Daniel 8:14 va eme. Aleae Ŋkeke Adrelia dzi Adventisttɔwo fiaa nui. Gake SDA tɔwo ƒe agbalẽ si nye Adventist Review lɔ̃ ɖe edzi be: “Nyagbɔgblɔ numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃ mele Biblia me o.”

Nyagbe Aɖeke Meli si Ðo Kpe Edzi O

Nufiafia sia ɖe fu na Adventisttɔ aɖewo. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ŋutinya fia be esi míaƒe hakplɔla wɔnuteƒe bu míaƒe numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃ nufiafia si li tso gbaɖegbe ke ŋu la, eɖe fu na woƒe dzi vevie ŋutɔ.” Le ƒe siawo me la, nusi ɖe fu na woƒe dzi vevie la trɔ zu nusi ŋu wole ɖi kem le esi agbalẽnyalawo va le nya hem le “sɔti vevi siwo dzi wotu míaƒe kɔkɔeƒe la ŋuti numeɖeɖewo ɖo” la ŋuti. Mina míalé ŋku ɖe wo dometɔ eve ŋu azɔ.

Sɔti gbãtɔ: Daniel ta 8 do ƒome kple Mose III, ta 16. Kuxi gã eve gbɔdzɔ nyagbɔgblɔ sia me—gbegbɔgblɔ tɔ kple nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui siawo. Gbã la, bu gbegbɔgblɔ tɔ ŋu. Adventisttɔwo xɔe se be ‘kɔkɔeƒe si ŋuti wokɔ’ si dze le Daniel ta 8 me la nye eƒe vɔvɔli si le Mose III, ta 16 me la ƒe emevava. Ewɔ abe ɖe nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo sia sɔ ene vaseɖe esime gbegɔmeɖelawo va nya be nyagbɔgblɔ “si ŋuti wokɔ” si le King James Version me la nye Hebrigbe me dɔwɔnya tsa·dhaqʹ (si gɔmee nye “woanye ame dzɔdzɔe”) si wozã le Daniel 8:14 la ƒe gɔmeɖeɖe si mesɔ o. Mawunyafiala Anthony A. Hoekema gblɔ be: “Ewɔ nublanui be wova ɖe nya la gɔme be woakɔ eŋuti, elabena womezã Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme wolɔ̃a ɖeɖe be ŋuti kɔ [ta·herʹ] la le afisia kura o.”a Wozãe le Mose III, ta 16 afisi King James Version ɖe taheer ƒe tɔtrɔ aɖewo gɔme le be “kɔ ŋuti” kple “eŋuti nakɔ.” (Mose III, 16:19, 30) Eyata esɔ be Ðk. Hoekema ƒo nya ta be: “Ne nuŋutikɔkɔ si ƒomevi wowɔna le Avuléŋkekea dzi ƒe nyae Daniel di be yeagblɔ la, anye ne taheer wòazã ɖe tsadaq [tsa·dhaqʹ] teƒe.” Gake [tsa·dhaqʹ] medze le Mose III, ƒe agbalẽa me o, eye ta·herʹ hã medze le Daniel ƒe agbalẽa me o. Nyagbe aɖeke meli ɖo kpe nufiafia la dzi o.

Nukae Nya Siwo Ƒo Xlã Mawunyakpukpuia Ðe Fia?

Azɔ de ŋugble le nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpuia ŋu. Adventisttɔwo gblɔna be Daniel 8:14 “le eɖokui si,” metsiã kple kpukpui siwo do ŋgɔ nɛ me nyawo o. Gake ɖe nèkpɔe nenema ne èxlẽ Daniel 8:9-14 le aɖaka si kpe ɖe eŋu le afisia si ƒe tanyae nye “Daniel 8:14 le Nya Siwo Ƒo Xlãe Nu” mea? Kpukpui 9 lia ƒo nu tso amedzidzela aɖe si nye dzo sue aɖe ŋuti. Kpukpui 10-12 fia be amedzidzela sia adze kɔkɔeƒe la dzi. Kpukpui 13 lia bia be, ‘Ɣekaɣie amedzidzedze sia ayi edzi ase ɖo?’ Eye kpukpui 14 ɖo eŋu be: “Ade fiẽ kple ŋdi akpe blave vɔ etɔ̃, emegbe woagaɖo kɔkɔeƒe la te.” Edze kɔte be kpukpui 13 lia bia nya aɖe si ŋu woɖo le kpukpui 14 lia me. Mawunyaŋununyala Desmond Ford gblɔ be: “Dan. 8:14 ɖeɖeɖa tso ɣlidodo sia [“Ɣekaɣie?” kpukpui 13] ŋu la nye numeɖeɖe si ŋu gɔmeɖokpe aɖeke mele o.”b

Nukatae Adventisttɔwo mebua nya siwo ƒo xlã kpukpui 14 lia ŋu o? Be womagaɖu ŋukpe le alesi woƒo nya tae o tae. Nya siwo ƒo xlãe la fia be dzo suea ƒe dɔwɔnawoe ƒo ɖi kɔkɔeƒea, si ŋu kpukpui 14 lia ƒo nu le. Gake “numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃” nufiafia la gblɔ be Kristo ƒe dɔwɔnawoe ƒo ɖi kɔkɔeƒea. Wogblɔna be etsɔ xɔsetɔwo ƒe nuvɔ̃ yi dziƒo kɔkɔeƒe lae. Ke Adventisttɔ siwo xɔ nufiafia la kple nya siwo ƒo xlãe siaa be wonye nyateƒe ɖe? Ðk. Raymond F. Cottrell si nye Ŋkeke Adrelia dzi Adventisttɔwo ƒe SDA Bible Commentary nuŋɔŋlɔmetola ƒe kpeɖeŋutɔ la ŋlɔ be: “Mía ɖokui fuflu be alesi SDA tɔwo ɖe Daniel 8:14 mee sɔ ɖe nusi ŋu wole nu ƒom le nu la fia be míele gbɔgblɔm be Kristoe nye dzo sue la.” Ðk Cottrell lɔ̃ ɖe edzi nyateƒetɔe be: “Míate ŋu axɔ nya siwo ƒo xlãe kple Adventisttɔwo ƒe numeɖeɖe la kple evea siaa o.” Eyata ku ɖe Adventist Ha la ƒe “numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃” ŋu la, ele be woawɔ tiatia aɖe—woalɔ̃ ɖe nufiafia la dzi loo alo nya siwo ŋu Daniel 8:14 me nyawo ku ɖo. Nublanuitɔe la, woxɔ gbãtɔa boŋ heɖe asi le evelia ŋu. Ðk. Cottrel gblɔ be mewɔ nuku o be Biblia srɔ̃la siwo nya nu tso nyaa ŋu bua fɔ Adventisttɔwo be “wogblɔ” nusi womate ŋu “akpɔ le Ŋɔŋlɔa me o” de “Ŋɔŋlɔa me”!

Le ƒe 1967 me, Ðk. Cottrell dzra sabat suku ƒe nusɔsrɔ̃ aɖe ɖo le Daniel ƒe agbalẽa ŋu, si woɖo ɖe SDA tɔwo ƒe sɔlemewo katã le xexeame ƒe afisiafi. Nusɔsrɔ̃a gblɔ be Daniel 8:14 me nyawo medo ƒome kple nya siwo ƒo xlãe o eye be ‘ŋutikɔkɔ’ la meku ɖe xɔsetɔwo ŋu o. Ewɔ nuku ŋutɔ be womegblɔ “numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃” aɖeke ŋu nya de nufiafiaa me o.

Nyaŋuɖoɖo Aɖewo Siwo Wɔ Nuku

Aleke gbegbe Adventisttɔwo nyae be ŋusẽ boo aɖeke mele sɔti sia ŋu be wòatsɔ “numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃” la ƒe nufiafia o? Ðk. Cottrell bia Adventisttɔwo ƒe mawunyaŋununyala xɔŋkɔ 27 be, ‘Nukae miekpɔ le nyagbe si wozã kple nya siwo ŋu wole nu ƒom le me si miate ŋu agblɔ be edze le Daniel ta 8 me nyawo me si do ƒome kple Mose III, ta 16 me tɔwo?’ Aleke woɖo eŋui?

“Wo ame blaeve vɔ adreawo katã lɔ̃ ɖe edzi be naneke meli le nyagbe si wozã alo nya siwo ŋu wole nu ƒom le me si tae woagblɔ be Dan. 8:14 me nyawo ku ɖe avuléŋkekea kple numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋutɔŋutɔ ŋu o.” Ebia wo be, ‘Ðe miekpɔ nu bubu aɖewo si tae miagblɔ be wodo ƒome kple wo nɔewoa?’ Adventisttɔwo ƒe agbalẽnyala akpa gãtɔ gblɔ be yewomekpɔ nu bubu aɖeke o, ame atɔ̃ le wo dome gblɔ be esi Ellen White gblɔ be wodo ƒome kple wo nɔewo tae yewo hã yewolɔ̃ ɖe edzi nenema ɖo, eye ame eve gblɔ be gbegɔmeɖeɖe me “vodada si de yewo dzi” tae. Mawunyaŋununyala Ford gblɔ be: “Ðeko míaƒe agbalẽnyala gãtɔwo kekeake le gbɔgblɔm na mí le woƒe nyataƒoƒo siawo me be womate ŋu aʋli alesi míenɔa Dan. 8:14 me ɖemee tso blemablema la ta o.”

Ðe Nane De Edzi le Hebritɔwo ƒe Agbalẽa Mea?

Sɔti evelia: Daniel 8:14 me nyawo do ƒome kple Hebritɔwo ta 9 me nyawo. Mawunyaŋununyala Ford gblɔ be: “Nusiwo dzi míetu Dan. 8:14 me ɖeɖewo katã ɖo gbã la ƒe akpa gãtɔ tso Heb. 9 me.” Wo tsɔtsɔ do ƒome kple wo nɔewo sia dze egɔme le ƒe 1844 ƒe “Mɔkpɔkpɔ si Da Ƒu Kura” la megbe. Esi Millertɔ Hiram Edson nɔ mɔfiafia dim la, eɖe asi le eƒe Biblia ŋu wòge dze kplɔ̃ dzi bene wòaʋu le eɖokui si ne ege dze anyi. Ke nukae dzɔ? Hebritɔwo ta 8 kple 9 ye ʋu ɖe eŋkume. Ford be: “Nukae agasɔ eye wòanye Adventisttɔwo ƒe nyagbɔgblɔ la ƒe dzesi be ta siawo koŋ ye akpe ɖe ame ŋu be woase ƒe 1844 kple Dan. 8:14 gɔme!”

Ðk. Ford gblɔ kpee le eƒe agbalẽ si nye Daniel 8:14, the Day of Atonement, and the Investigative Judgment me be: “Nyagbɔgblɔ ma le vevie na Adventisttɔwo ale gbegbe. Heb. 9 me koe . . . míate ŋu akpɔ kɔkɔeƒe nufiafia la si le vevie na mí ale gbegbe . . . ƒe gɔmeɖeɖe deto le.” Nyateƒee, Hebritɔwo ta 9 ye nye ta si ɖe nyagblɔɖi me gɔmesese si le Mose III, ta 16 ŋu le “Nubabla Yeyea” me. Gake Adventisttɔwo gagblɔna be Daniel 8:14 ye nye kpukpui si ɖe eme le “Nubabla Xoxoa” me. Ne nyagbɔgblɔ eveawo siaa nye nyateƒe la, ke ele be ƒomedodo aɖe nanɔ Hebritɔwo ta 9 kple Daniel ta 8 hã dome.

Desmond Ford de dzesii be: “Nanewo dzena bɔbɔe enumake si nàxlẽ Heb. 9. Naneke medze le eme si fia be woƒo nu le Daniel ƒe agbalẽa ŋu le eme o, eye nyateƒe naneke meli si ku ɖe Dan. 8:14 ŋu o. . . . Ta bliboa katã ku ɖe nusi Mose III, 16 me nyawo nye vɔvɔli na la ŋu.” Egblɔ be: “Womate ŋu akpɔ míaƒe kɔkɔeƒe nufiafia la le Nubabla Yeyea me gbalẽ ɖeka si ko ƒo nu tso nusi kɔkɔeƒedɔwo fia la me o. Adventisttɔ agbalẽŋlɔla xɔŋkɔwo le xexeame godoo lɔ̃ ɖe nya sia dzi.” Eyata ŋusẽ boo aɖeke mele sɔti evelia hã ŋu be wòatsɔ nufiafia sia si ŋu kuxi le o.

Gake menye fifia hafi wova le ekpɔm le si dzem o. Ðk. Cottrell gblɔ be ƒe geɖee nye sia si “ha la ƒe Biblia nyalawo nyae nyuie be kuxiwo le alesi míeɖea Daniel 8:14 kple Hebritɔwo ta 9 me nya siwo mesɔ ɖe enu o mee ŋu.” Anye ƒe 80 enye sia la, SDA tɔ ame ŋkuta E. J. Waggoner ŋlɔ be: “Adventisttɔwo ƒe kɔkɔeƒe ŋuti nufiafia la, kple eƒe ‘Numekuku Ʋɔnudɔdrɔ̃’ la . . . , de sɔsɔ ge kloe kple avuléle [nufiafia] la gbegbe.” (Confession of Faith) Ewu ƒe 30 fifia si wotsɔ kuxi siawo ɖo ŋkume na Aɖaŋuɖotakpekpe Gã la, si me tɔwo nye SDA Ha la ƒe ŋgɔnɔlawo.

Kuxiwo Kple Taɖuiwo

Aɖaŋuɖotakpekpe Gã la ɖo “Daniel ƒe Agbalẽa me Nya Sesẽwo Gbɔkpɔkɔmiti” aɖe. Wodi tso wo si be woaŋlɔ nu atso alesi woawɔ akpɔ kuxi siwo ku ɖe Daniel 8:14 ŋu gbɔe. Kɔmitia me tɔ 14 la ku nyaa me ƒe atɔ̃ sɔŋ gake womete ŋu kpɔ egbɔkpɔkpɔmɔnu si dzi wo katã wolɔ̃ ɖo o. Kɔmitia me tɔ Cottrell gblɔ le ƒe 1980 me be kɔmitia me tɔ akpa gãtɔ bui be ne “wotsɔ” nu vovovowo “ko be nyateƒee wonye” hafi woate ŋu “akpɔ” Adventisttɔwo ƒe Daniel 8:14 gɔmeɖeɖe la “wòasɔ ɖe enu pɛpɛpɛ” eye be “woaɖe asi le” kuxiawo “ŋu.” Egblɔ kpee be: “Miɖo ŋku edzi be, kɔmitia ŋkɔe nye Daniel ƒe Agbalẽa me Nya Sesẽwo Gbɔkpɔkɔmiti, eye ame akpa gãtɔ le gbɔgblɔm be míaɖe asi le nya sesẽawo ŋu eye míagagblɔ nya aɖeke le wo ŋu o.” Asɔ kple “lɔlɔ̃ ɖe edzi be egbɔkpɔnu aɖeke mele mía si o.” Eyata ame ʋee aɖewo meda asi ɖe ame akpa gãtɔ ƒe susu dzi o si na be womeda asi ɖe naneke dzi ŋlɔ tsɔ na o. Nufiafia kuxiawo tsi anyi wo gbɔ makpɔmakpɔe.

Ðk. Cottrell gblɔ le nuƒoƒo tso taɖui sia ŋu me be: “Daniel 8:14 ƒe nya la gale mía dzi kokoko elabena vaseɖe fifia la, míedi be míadze ŋgɔ nyateƒea be numeɖeɖekuxi gã aɖe li o. Kuxi ma maɖe ɖa o, zi alesi míebua wɔa nu abe ɖe kuxi aɖeke meli o ene, zi alesi le míaƒe ƒuƒoƒoa kple mía dome ame ɖekaɖeka ɖesiaɖe gome míebe nusi míesusu me ko lé ge míele ɖe asi.”—Spectrum, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si Adventisttɔwo ƒe Takpehawo ta.

Ðk. Cottrell xlɔ̃ nu Adventisttɔwo be “woagbugbɔ ŋku alé ɖe nusiwo míetsɔ ko be nyateƒee wonye kple gɔmeɖose siwo dzi míetu míaƒe Ŋɔŋlɔ la me mawunyakpukpui sia—si le vevie ŋutɔ na Adventist Ha la—ƒe numeɖeɖe ɖo la ŋu nyuie.” Míade dzi ƒo na Adventisttɔwo be woalé ŋku ɖe “numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃” la ŋu nyuie bene woakpɔ nenye Biblia dzie wotu eƒe sɔtiwo ɖo loo alo blemadzixɔse malike dzie.c Apostolo Paulo gblɔ nuxlɔ̃amenya si me nunya le be: “Mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.”—Tesalonikatɔwo I, 5:21.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wilson’s Old Testament Word Studies ɖe tsadaq (alo, tsa·dhaqʹ) gɔme be “woanye ame dzɔdzɔe, ame ƒe nya nadzɔ,” eye wòɖe taheer (alo, ta·herʹ) gɔme be “eme nakɔ, wòanɔ keklẽm, anɔ dzo dam; wòadza, akɔ, woaklɔ ɖi le eŋu; woaɖe makɔmakɔnyenye alo ɖiƒoƒo ɖesiaɖe ɖa le eŋu.”

b Ðk. Ford nye mawunyafiala le sɔlemehawo ƒe Pacific Union College si le U.S.A. la me. Le ƒe 1980 me la, SDA tɔwo na ɣleti ade mɔkekee be wòava srɔ̃ nu le kɔkɔeƒe nufiafia la ŋu gake wogbe nusiwo ŋu wòva ke ɖo la. Eta nusiawo ɖe agbalẽ si nye Daniel 8:14, the Day of Atonement, and the Investigative Judgment me.

c Ne èdi be yeakpɔ Daniel ta 8 la ƒe numeɖeɖe si me kɔ la, ke kpɔ agbalẽ si nye “Your Will Be Done on Earth” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 188-219.

[Aɖaka si le axa 27]

Daniel 8:14 le Nya Siwo Ƒo Xlãe Nu

DANIEL 8:9 “Dzo sue aɖe to tso wo dometɔ ɖeka me, eye wòlolo ŋutɔ ɖo ta dziehe kple ɣedzeƒe gome kpakple anyigba nyo la gbɔ. 10 Edo eɖokui ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu nuwo ŋuti, eye wòdudu dziƒo ŋu nu aɖewo kple dzinuviwo ƒo ɖe anyi henyã avuzi le wo dzi. 11 Edo eɖokui ɖe dzi ɖe aʋakɔwo ƒe amegã hã ŋu, eye wòxɔ gbesiagbe vɔsa le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la. 12 Wòtsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ho aʋa ɖe gbesiagbe vɔsa ŋu; elé nyateƒe ƒu anyi, eye eƒe nuwɔwɔ dze edzi nɛ.

“13 Eye mese ame kɔkɔe aɖe le nu ƒom; ame kɔkɔe la bia ame aɖe gblɔ bena: Ɣekaɣie gbesiagbe vɔsa la kple nugblẽla ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, si va me le ŋutega me, be wotsɔ kɔkɔeƒe la kple aʋakɔwo na wofanya la, ava se ɖo? 14 Eɖo ŋu nam bena: Ade fiẽ kple ŋdi akpe blave vɔ etɔ̃, emegbe woaɖo kɔkɔeƒe la te.”—Eʋegbe Biblia, míawoe te gbe ɖe edzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe