Wɔna Si Womaŋlɔ Be Akpɔ O Le France
WOŊLƆ ɖe agbalẽ siwo katã woklã ɖe dua me dzi be, “MÍEDI YEHOWA ƑE DU O!” Tsitretsiɖeŋuha aɖe ƒoe ɖe amewo nu be, “Mina Míawɔ Ðeka Aho Ðe Yehowa ƒe Dɔa Ŋu.” Nyadzɔdzɔtakalawo ƒe nyati alafa geɖe na amesiame nya nya sia. Amewo de asi agbalẽwo te bene woawɔ didia dzi na yewo, eye trakt gbogbo siwo ƒo nu tso dɔa ŋu siwo sɔ gbɔ wu miliɔn afã la yɔ posuɖakawo me tititi. Dɔwɔna kae de zitɔtɔ Louviers-du si le France ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome, si nye teƒe fafa tsã la me? Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe kple xɔdɔme si woɖo be yewoatu lae.
Yehowa Na Nuwo Tsi
Ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒoe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔna dze egɔme le France. Woʋu Biblia-srɔ̃gbalẽwo daɖoƒe gbãtɔ le ƒe 1905 me le Beauvène, le France ƒe anyiehe, eye kaka ƒe 1919 naɖo la, wonɔ dɔ wɔm le dɔwɔƒe sue aɖe le Paris. Ƒe 1930 mee se ɖe mɔ woʋu alɔdzedɔwɔƒe le dua me, eye le ƒe si kplɔe ɖo me la, dɔwɔƒea ƒe dɔwɔlawo ʋu yi xɔdɔmewo me le Betel-ƒe si le Enghien-les-Bains, le Paris ƒe dziehe. Esi Xexemeʋa II ke vɔ la, Betel-ƒomea gaʋu yi Paris, eye le ƒe 1959 me wogaɖe alɔdzedɔwɔƒea yi dziƒoxɔ tuɖedzi ene aɖe dzi le Boulogne-Billancourt, le fiadua ƒe gbɔto le ɣetoɖoƒe gome.
Le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe takeke ta la, woɖe agbalẽtaƒea kple agbalẽɖoɖaƒea yi Louviers, si gbɔ didi kilometa 100 tso Paris, le ɣetoɖoƒe gome le ƒe 1973 me, gake ɔfisdɔwɔlawo gakpɔtɔ nɔ Boulogne-Billancourt. Gake togbɔ be wokeke xɔawo ɖe enu le ƒe 1978 kple ƒe 1985 me hã la, gbeƒãɖelawo ƒe dzidzi ɖe edzi le France wɔe be dɔwɔƒe siwo nɔ Louviers megasu o. Eyata wova tso nya me be woakeke dɔwɔƒeawo ɖe enu eye woana Betel-ƒomea katã nava nɔ teƒe ɖeka. Abe alesi míegblɔe le gɔmedzedzea ene la, menye amesiamee dɔwɔna sia dzɔ dzi na o. Togbɔ be wotsi tre ɖe eŋu alea hã la, wokpɔ anyigba aɖe si gbɔ didi kilometa ɖeka kple afã tso agbalẽtaƒea gbɔ. Wowɔ dɔ sesĩe ƒe ade sɔŋ, eye mlɔeba le Betel-ƒomea ƒe teƒe vovovo nɔnɔ ƒe 23 megbe la, wo katã gava wɔ ɖeka le Louviers le August 1996 me.
Eyata dzidzɔ gãe wònye esime ameha kpɔdzidzɔ si nye 1,187 siwo dome France Betel-ƒomea me tɔ 300, kple amedɔdɔ 329 siwo tso alɔdzedɔwɔƒe 42 bubuwo va la nɔ, ƒo ƒu le Memleɖa, November 15, 1997 dzi, be yewoase xɔŋukɔnuƒo si Nɔviŋutsu Lloyd Barry, si nye Dziɖuha la me tɔ ƒo. Gake esi wònye be xɔŋukɔkɔ sia nɔ edzi yim le ɣeyiɣi si me wolé fu Yehowa Ðasefowo le France katã eye nyadzɔdzɔgblɔlawo gblɔ ameŋugblẽnyawo ɖe wo ŋu ɣeyiɣi didi aɖe ta la, wowɔ susu be ele be Ðasefo siwo katã le France nava kpɔ gome le aʋadziɖuɖuzã sia me. Eyata le Kwasiɖagbe, November 16 dzi la, wowɔ kpekpe tɔxɛ aɖe si ƒe tanyae nye “Yi Edzi Nànɔ Kristo ƒe Lɔlɔ̃ la Me” le Villepinte Adzɔnuɖefiaƒe, le Paris ƒe dziehe tututu. Wokpe Yehowa Ðasefo siwo katã le France kple Ðasefo Fransegbedola siwo le Belgium kple Switzerland, kpakple hame siwo le Britain, Germany, Luxembourg, kple Netherlands.
Takpekpe Ðedzesi Aɖe
Wodze takpekpea ŋuti ɖoɖowo wɔwɔ gɔme ɣleti ade do ŋgɔ. Eye esi wòsusɔ kwasiɖa eve na xɔŋukɔkɔa la, France ƒe ʋugãkulawo gbe dɔmeyiyi, woxe mɔ gãwo kple mɔ̃memidzeƒewo. Ðe zikpuiwo kple nu bubu siwo woazã la ava ɖo ɖe ɣeyiɣi dzia? Ðe mɔawo xexe awɔe be nɔviwo mate ŋu ava oa? Gbɔdzɔe wònye na amesiame be kaka kwasiɖa ɖeka nava yi la, ʋukulawo gadze dɔ gɔme, eye wogaʋu mɔawo. Le Fiɖa fiẽ si do ŋgɔ na xɔŋukɔkɔa le kwasiɖanuwuwua la, agbatsɔʋu 38 lɔ zikpui 84,000 va akpata gã eve siwo wohaya na wɔna la me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wu 800 wɔ dɔ kple ŋkubiã le zã me vaseɖe Memleɖa ŋdi ga asieke kple afã tsɔ ɖo zikpuiawo, nuƒolanɔƒea, nuƒomɔ̃wo, kple video tablo gã asieke, si dzi nɔnɔmetatawo dzena le.
Woʋu ʋɔawo le Kwasiɖagbe ŋdi ga 6:00, eye ameawo dze vava gɔme. Keteke tɔxɛ siwo katã woda la ade 17 eye wotsɔ Ðasefo 13,000 va fiadua me. Duame nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu alafa eve kple edzivɔ nɔ ketekedzeƒeawo be woado dzaa na mɔzɔlaawo ahakplɔ wo le hatsotsowo me ayi kpekpea wɔƒee. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo sia na “yewosee le yewo ɖokui me be yewole dedie heɖe dzi ɖi.”
Ame bubuwo ɖo yameʋu alo kaa va Paris. Gake ame akpa gãtɔ ɖo bɔs 953 va, eye Ðasefo siwo le Paris-nutome ɖo hahoo ʋu va Adzɔnuɖefiaƒea. Ame aɖewo zɔ mɔ zã bliboa alo wodzo le woƒe aƒewo me ŋdikanya, gake dzi si nɔ wo dzɔm be yewova kpekpea dze ƒã. Àkpɔ be ɖeko xɔlɔ̃ siwo megakpɔ wo nɔewo kpɔ o ƒe gbogbo aɖewo la nɔ asi kplam kɔ na wo nɔewo eye àse woƒe dzidzɔgbedonamewo bobobo. Ameha kpɔdzidzɔ sia do woƒe dukɔ me wuwo va eye wòna wodze be wonye dukɔ vovovo me tɔwo vavã. Ðikeke mele eme o be wɔna tɔxɛ aɖee nɔ edzi yim.
Kaka wɔnawo nadze egɔme le ŋdi ga 10:00 la, zikpuiawo katã dzi yɔ, evɔ ame alafa geɖe ganɔ vavam le aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe me. Nukomowo sɔŋ ko nàkpɔ le afisiafi si nàtrɔ kɔ ɖo. Ame akpe geɖe nɔ tsitrenu loo alo nɔ anyigba. Sɔhɛ geɖe tso le zi dzi na ame tsitsiawo be woanɔ anyi, tsɔ ɖe takpekpea ƒe tanya ƒe seselelãme fia. Atsu kple asi aɖe ŋlɔ be: “Edzɔ dzi na mí ale gbegbe be míeɖe asi le míaƒe zikpuiwo ŋu na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo míenya o, gake wonye míaƒe lɔlɔ̃tɔwo!” Ame geɖe ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fia: “Míenɔ tsitre ŋkeke bliboa ɖe zikpui siwo míekpe fu ɖo le Fiɖa zã bliboa katã la xa. Gake míaƒe vava ɖeɖe na akpedada na Yehowa yɔ mía me fũ.”
Togbɔ be ɖeɖi te vavalawo ŋu eye womevo tututu o hã la, woɖo to se nyatakaka siwo tso dukɔ bubuwo me kpakple nuƒo siwo Lloyd Barry kple Daniel Sydlik, si hã nye Dziɖuha la me tɔ ƒo. Nɔviŋutsu Barry ƒo nu tso nyati si nye “Yehowa Naa Ŋusẽ Geɖe” ŋu, eye wòɖe alesi Yehowa yra eƒe amewo be wodzi ɖe edzi togbɔ be dodokpɔ geɖe nɔ anyi me tsitotsito. Nɔviŋutsu Sydlik ƒe nuƒoa ƒe tanyae nye “Woayra Dukɔ si ƒe Mawu Yehowa Nye!” Nuƒo evea siaa sɔ ɖe ɣeyiɣia nu le alesi wole tsitre tsim ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le France fifia ta. Nɔviŋutsu Sydlik ɖee fia be menye gotagomenuwoe naa wokpɔa dzidzɔ o ke mía kple Yehowa dome ƒomedodo kple míaƒe nɔnɔme ɖe agbe ŋu gbɔe wòtsona. Ebia nyaselawoe be, “Dzi le mia dzɔma?” eye wotsɔ akpesisi sesẽ aɖe ɖo eŋu.
Nɔvinyɔnu aɖe si “kpɔ dzidzɔ glo” la ŋlɔ emegbe be: “Mekpɔe enumake be dzi ate ŋu adzɔm. Menɔ dagbadagbam ɖe nu dzodzrowo ŋu, eye Yehowa fia alesi wòhiã be mawɔ tɔtrɔe lam le nuƒo sia me.” Nɔviŋutsu bubu gblɔ be: “Fifia medi be maku kutri ana Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ. Nyemedi be naneke naɖe dzidzɔ si kpɔm mele le ememe la ɖa o.”
Esi kpekpea nɔ enu wum la, dzidzɔ gãe zimenɔla la tsɔ ɖe gbeƒã vavalawo ƒe agbɔsɔsɔe: 95,888—enye Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gãtɔ kekeake le France!
Le hadzidzi mamlɛa si ame geɖe tsɔ aɖatsi dzi, kpakple gbedodoɖa mamlɛa megbe la, nɔviawo dze aƒemɔ kple seselelãme vovovo. Dzidzɔ kple xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ kpekpea me dze gaglã. Bɔskulawo gblɔ nya nyui geɖe le vavalawo ƒe nɔnɔme ŋu. Ðoɖo si wowɔ si wɔe be bɔs 953 te ŋu dzo le Adzɔnuɖefiaƒea le gaƒoƒo eve pɛ me eye ʋuwo mexaxa wo nɔewo ɖo zi ɖeka teti hã o la wɔ dɔ ɖe wo dzi! Keteke kple hahooʋu me dɔwɔlawo hã kpɔ ŋudzedze gã ɖe vavalawo ƒe nuwɔna ŋu. Woɖo dze vivi geɖe, eye woɖi ɖase nyui aɖe.
“Avekɔe le Dzogbenyigba Dzi”
Apostolo Paulo de dzi ƒo na ehati Kristotɔwo be: “Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, . . . míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Nyateƒee, kpekpe tɔxɛ sia nye dzideƒotsoƒe na amesiame, eye nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be enye “avekɔe le dzogbenyigba dzi.” Nɔvi siwo tso Togo ƒe alɔdzea ŋlɔ be: “Wode dzo yeye mía me, wode dzi ƒo na mí, wogado ŋusẽ mí hafi míedzo, eye míegaɖoe kplikpaa wu tsã be dzi nadzɔ mí le Yehowa subɔsubɔ me.” Nutome sue dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Amesiwo dzi menɔ dzɔdzɔm o la tsɔ dzidzɔ yi aƒee.” Bubu gblɔ be: “Wogade dzo nɔviawo me eye wogado ŋusẽ wo.” Eʋã atsu kple asi aɖe woŋlɔ be: “Míese le mía ɖokui me be míele Yehowa ƒe habɔbɔa me ŋutɔŋutɔ alea gbegbe kpɔ o.”
Hakpala la gblɔ be: “Nye afɔ tsi tre ɖe teƒe gbadzaa. Makafu Yehowa le takpekpewo me.” (Psalmo 26:12) Kristotɔwo ƒe kpekpe siawo tɔgbe wɔnɛ be amesiame gaƒoa afɔ ɖe to sesĩe le gbɔgbɔ me ɖe kplamatsedonuwo ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ kple kakaɖedzi be: “Xaxa ka kee ava o, wɔna tɔxɛ siawo tsia míaƒe dzi ƒe gogloeƒe ke eye woanɔ afima ɖaa hena míaƒe akɔfafa.” Nya ma tɔgbe ye dzikpɔla mɔzɔla aɖe ŋlɔ be: “Ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa la, ŋkuɖoɖo Paradiso sia si míeɖɔ kpɔ dzi akpe ɖe mía ŋu míado dzi le wo me.”
Psalmo 96:7 de dzi ƒo be: “Mi dukɔwo ƒe ƒomeawo, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, mitsɔe na Yehowa!” Ðikekemanɔmee la, alɔdzedɔwɔƒe yeyea ŋutikɔkɔ le France nye aʋadziɖuɖu na Yehowa si aɖi hoo. Le alesi woɖoe kplikpaa tsi tre ɖe mía ŋu le afisiafi ta la, menye ame aɖekee na dɔ sia dze edzi wu Yehowa o. Yehowa Ðasefo siwo le France ɖoe kplikpaa wu tsã be ‘yewoakpɔtɔ anɔ Kristo ƒe lɔlɔ̃ la me,’ eye be ‘yewoana yewoƒe kekeli naklẽ.’ (Yohanes 15:9; Mateo 5:16) Amesiwo katã de xɔŋukɔƒea magbe hakpala la ƒe seselelãme ɖeɖe fia o, be: “Yehowa gbɔ esia tso, enye nukunu le míaƒe ŋkuwo me.”—Psalmo 118:23.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Lloyd Barry
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Daniel Sydlik
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Ame 95,888 ye de kpekpe tɔxɛa le Villepinte Adzɔnuɖefiaƒe
[Nɔnɔmetatawo si le axa 28]
Vavalawo dometɔ akpe geɖe nɔ tsitre alo nɔ anyigba se nya