INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 7/15 axa 4-6
  • Etsɔme Ka Dim Nèle na Viwòwo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Etsɔme Ka Dim Nèle na Viwòwo?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Dzilawo Tsɔa Ðe Le Eme na Wo Vavã
  • Kpe Ðe Wo Ŋu Woatia Dɔ si Sɔ
  • Aleke Nàkpɔ Woƒe Seselelãme Nuhiahiãwo Gbɔe?
  • Mɔ Siwo Nu Nàkpɔ Woƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ Le
  • Ɣeyiɣi si me Ðeviwo Katã Anɔ Dedie
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Dzilawo, Mikpɔ Miaƒe Ƒomea Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 7/15 axa 4-6

Etsɔme Ka Dim Nèle na Viwòwo?

ÐE NÈBUA viwòwo be wonye domenyinu si ŋu asixɔxɔ gã aɖe lea? (Psalmo 127:3) Alo ɖe nèbua wo nyinyi be enye agba si me gagbegblẽ geɖe le si ƒe dzidzedzekpɔkpɔ dzi yemate ŋu aka ɖo o? Ðeviwo nyinyi menye dɔ si me wokpɔa ga tsonae o, ke boŋ ebia gazazã vaseɖe esime woate ŋu akpɔ wo ɖokui dzi. Abe alesi kesinɔnu si ƒe dome wonyi dzi kpɔkpɔ bia ɖoɖowɔwɔ nyui ene la, nenema ke wòle le vinyinyi dzidzedzetɔe hã me.

Dzila siwo tsɔa ɖe le eme na wo viwo dina be yewoakpe ɖe wo ŋu woadze agbe gɔme nyuie. Togbɔ be nya vɔ̃wo kple nublanuinya gãwo ate ŋu adzɔ le xexe sia me hã la, dzilawo ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ akpɔ wo viwo tae. Bu Werner kple Eva siwo ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me ŋu kpɔ.a

Ne Dzilawo Tsɔa Ðe Le Eme na Wo Vavã

Werner gblɔ be le esi ye dzilawo nagblẽ yewo ɖi ɖekematsɔlemetɔe teƒe la, wotsɔ ɖe le nusiwo nɔ edzi yim le yewoƒe suku me ŋutɔŋutɔ. “Mekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe aɖaŋu nyui siwo woɖona nam ŋu, eye mekpɔe be wotsɔ ɖe le eme nam eye wokpena ɖe ŋunye. Wotɔa afɔ to sesĩe abe alesi wòle be dzilawo nawɔe ene, gake menya be woawoe nye xɔ̃nye vavãtɔwo.” Eye esi suku nusɔsrɔ̃wo nɔ fu ɖem na Eva ale gbegbe be wòlé blanui eye megate ŋu nɔ alɔ̃ dɔm o la, edzila Francisco kple Inez hã zã ɣeyiɣi gbogbo aɖe ɖe eŋu tsɔ nɔ dze ɖom kplii henɔ kpekpem ɖe eŋu be wòagate ŋu ava ada asɔ le susu me kple gbɔgbɔ me.

Aleke Francisco kple Inez di be yewoakpɔ yewo viwo ta adzra wo ɖo ɖe woƒe tsitsime ŋui? Tso ɖeviawo ƒe vidzĩme ke la, dzila lɔ̃ame siawo naa wo viwo nɔa wo gbɔ le woƒe gbesiagbedɔwɔnawo me. Ðe hadede kple wo xɔlɔ̃ siwo nye ame tsitsiwo ɖeɖeko teƒe la, Inez kple Francisco kplɔa ɖeviawo ɖe asi yia afisiafi si woyina. Wona mɔfiame si sɔ hã wo viŋutsua kple wo vinyɔnua. Inez gblɔ be: “Míefia aƒea me dzadzraɖo, gazazã nyuie, kple beléle na woƒe awuwo wo. Eye míekpe ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu le dɔwɔɖui tiatia kple alesi woana woƒe agbanɔamedziwo kple gbɔgbɔmenuwo nada asɔ me.”

Aleke gbegbe wònyoe nye si be dzilawo nanya wo viwo eye woafia mɔ wo! Na míadzro nu vevi etɔ̃ siwo me nàte ŋu awɔ esia le me kpɔ: (1) Kpe ɖe viwòwo ŋu be woatia dɔwɔɖui si sɔ; (2) dzra wo ɖo ɖe akɔkpekpe kple seselelãme ƒe nuteɖeamedzi siwo woado goe le suku kple dɔwɔƒe ŋu; (3) fia alesi woakpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔe wo.

Kpe Ðe Wo Ŋu Woatia Dɔ si Sɔ

Esi menye ame ƒe ganyawo dzi koe eƒe dɔwɔɖui kpɔa ŋusẽ ɖo o ke exɔa eƒe ɣeyiɣi geɖe hã ta la, ehiã be dzila nyuiwo nabu nusiwo dzɔa dzi na ɖevi ɖesiaɖe kple eƒe ŋutetewo ŋu. Esi nuŋubula aɖeke madi be yeanye agba na ame bubuwo o ta la, ele be dzilawo nabu alesi woakpe ɖe wo vi ŋui be wòakpɔ eɖokui kple eƒe ƒome dzi ŋu vevie. Ahiã be viwòŋutsu alo viwònyɔnu nasrɔ̃ dɔ hafi akpɔ dɔ nyui aɖe awɔa? Wò dzila si tsɔa ɖe le eme na viwò, dze agbagba ɖesiaɖe be nàkpe ɖe viwò ŋu be wòatu nɔnɔme siawo tɔgbe abe veviedodonu, lɔlɔ̃ faa be yeasrɔ̃ nu, kple alesi wo kple ame bubuwo dome nanɔ nyuie ene la ɖe eme.

Bu Nicole ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Dzinyelawo na mewɔa dɔ kpena ɖe wo ŋu le woƒe aƒemedzadzraɖodɔwɔwɔ me. Wodo susu ɖa be matsɔ ga si mekpɔna ƒe akpa aɖe akpe asi ɖe aƒemegazazãwo ŋui eye matsɔ kpɔtɔea akpɔ nye ŋutɔ nye nuzazãwo gbɔ alo adzrae ɖo. Esia na meva se alesi agbanɔamedzi tsɔtsɔ le gɔme ɖe edzi nyuie eye wòkpe ɖe ŋunye ŋutɔ emegbe le nye tsitsime.”

Mawu ƒe Nya Biblia metɔ asi ŋutilãmedɔ si wòle be woatia dzi o. Gake ena mɔfiame ɖɔʋuwo. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo gblɔ be: “Ne ame aɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã o.” Egblɔ le lɛta si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika be: “Míese bena, ame aɖewo zɔna sakasaka le mia dome, eye womewɔa dɔ aɖeke o, ke boŋ wowɔa yakadɔwo sɔŋ ko. Ke míele se dem na nenem me siawo, eye míele nu xlɔ̃m wo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo me, bene woawɔ dɔ kpoo, eye woaɖu woa ŋutɔwo ƒe abolo.”—Tesalonikatɔwo II, 3:10-12.

Gake menye dɔkpɔkpɔ kple gawɔwɔ koe nye nusiwo hiã le ame ƒe agbe me o. Mlɔeba la, amesiwo tsia dzi akpa ɖe nugãkpɔkpɔ ŋu ƒe dzi mete ŋu dzea eme o eye woava kpɔe be ‘dagbadagbam ko yewole ɖe ya me.’ (Nyagblɔla 1:14) Le esi dzilawo naƒoe ɖe wo viwo nu be woakplɔ ŋkɔgãxɔxɔ kple nudzedziname ɖo teƒe la, anyo be woakpe ɖe wo ŋu be woakpɔ nunya si le nya siwo gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔ la me, be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:15-17.

Aleke Nàkpɔ Woƒe Seselelãme Nuhiahiãwo Gbɔe?

Esi nènye dzila la, nukata màwɔ nu abe amesi naa hehe kamedelawo ene o? Menye alesi wòakpe ɖe eƒe kamedelawo ŋu be woagate ŋu asi du sesĩe wu alo ati kpo ade didiƒe ŋu koe wòtsia dzi ɖo o. Anɔ eme hã be edzea agbagba be yeakpe ɖe wo ŋu be woaɖu dziɖeleameƒo nɔnɔme ɖesiaɖe si anɔ wo si hã dzi, eye esia wɔwɔ naa ŋusẽ ɖoa wo ŋu le seselelãme gome. Aleke wò hã nàwɔ ade dzi ƒo na viwòwo, atu wo ɖo, eye nàʋã wo?

Bu Rogério, sɔhɛ si nye ƒe 13 vi la ŋu kpɔ. Tsɔ kpe ɖe fuɖename siwo tso tɔtrɔ siwo le vavam le eƒe ŋutilã me ŋu la, nu te ɖe edzi hã le esi ɖekawɔwɔ mele edzilawo dome eye wometsɔa ɖeke le eme nɛ o ta. Nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe sɔhɛ siwo le nɔnɔme siawo tɔgbe me ŋu? Togbɔ be manya wɔ be nàtɔ kpɔ ɖe viwòwo ŋu tso dzimaɖitsitsi kple ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ ɖesiaɖe me o hã la, mègaɖe ta le dzilanyenye ƒe agba si le dziwò la te gbeɖe o. Togbɔ be màxe mɔ ɖe nusianu nu na viwòwo o hã la, he wo le nugɔmesese me, eye nàɖo ŋku edzi be ɖevi ɖesiaɖe kple eƒe amenyenyee. Ne ènyoa dɔme na ɖevia eye nèlɔ̃nɛ la, kpe ɖe eŋu ŋutɔ wòase le eɖokui me be yele dedie. Esia hã ana be ne eva tsi la, mava zu amesi mekana ɖe eɖokui dzi alo amesi mete ŋu dea bubu eɖokui ŋu o.

Eɖanye aleke dziwòlawo te ŋu kpɔ wò seselelãme nuhiahiãwo gbɔe o la, nu etɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànye dzila si te ŋu kpena ɖe viawo ŋu nyateƒe: (1) Mègana wò ŋutɔ wò kuxiwo naxɔ susu me na wò ale gbegbe be nàŋlɔ viwòwo tɔ siwo adze numaɖinuwoe be o; (2) dze agbagba mia kple wo miaɖo dze vivi tuameɖowo gbesiagbe; (3) kpe ɖe wo ŋu be woanya nɔnɔme nyui si anɔ ame si woatsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe kple alesi woawɔ nu kple amewo.

Esi Birgit trɔ kpɔ megbe esime wònye ƒewuivi la, egblɔ be: “Ehiã be masrɔ̃e be màte ŋu atrɔ amewo woazu abe alesi nàdi be woanɔ ene o. Danye gblɔ nam be ne mekpɔ nane le amewo ŋu si medzɔ dzi nam o la, nusi mate ŋu awɔe nye be maganɔ abe woawo ene o. Egagblɔ be ɣeyiɣi nyuitɔ si matsɔ atrɔ nye ŋutɔ nye mɔwoe nye esime meganye ɖevi.”

Gake menye dɔwɔɖui kple seselelãme ƒe kelili koe hiã viwòwo o. Bia ɖokuiwò se be, ‘Ðe mebua vihehe be enye agbanɔamedzi si Mawu tsɔ de asinyea?’ Ne èbui nenema la, ke àtsɔ ɖe le viwòwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me.

Mɔ Siwo Nu Nàkpɔ Woƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ Le

Yesu Kristo gblɔ le eƒe Todzimawunya la me be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mateo 5:3, NW) Nukawoe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ bia? Eɖea vi geɖe na ɖeviwo ne wo dzilawo ɖo kpɔɖeŋu nyui le Yehowa Mawu dzixɔxɔse ɖeɖefia me. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye [wònye] teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Gake be asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ nanɔ xɔse ŋu la, gbedodoɖa hiã. (Romatɔwo 12:12) Ne ènya wò ŋutɔ wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo la, ke àdi Mawu ƒe mɔfiafia, abe alesi ɖevi si va zu Israel Ʋɔnudrɔ̃la xɔŋkɔ Simson fofo dii ene. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:8) Màsee ɖe gbedodoɖa ko dzi o, ke boŋ àdi kpekpeɖeŋu le Biblia, Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, hã me.—Timoteo II, 3:16, 17.b

Togbɔ be vinyinyi bia agbagbadzedze geɖe be woana mɔfiame nyui, akpe ɖe ame ŋu le seselelãme kple gbɔgbɔ me gome hã la, ate ŋu aɖe vi geɖe. Vifofo aɖe si si vi eve le le Brazil gblɔ be: “Nyemenya alesi tututu wòanɔ gɔ̃ hã ne ɖe vi mele asinye o. Nu nyuiwo li kpaŋkpaŋ mía kple wo míawɔ.” Esi wo dada nɔ nusita ɖeviawo dzea agbagba me ɖem la, egblɔ kpee be: “Míenɔa mía nɔewo gbɔ ɣesiaɣi, eye míedzea agbagba be vivisese kple dzidzɔ nanɔ míaƒe nuwɔnawo me. Eye vevietɔ wu la, míedoa gbe ɖa ɖe ɖeviawo ta ɣesiaɣi.”

Priscilla ɖo ŋku alesi edzilawo lɔ̃nɛ hegbɔa dzi ɖi nɛ ɣesiaɣi si wòaɖo xaxa me dzi. Egblɔ be: “Wonye xɔ̃nye vavãwo eye wokpena ɖe ŋunye le nusianu me. Tso nye ɖevime ke la, menya be woléa be nam abe ‘domenyinu si tso Yehowa gbɔ’ ene.” (Psalmo 127:3) Nukata màɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi mia kple viwòwo míaxlẽ Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo ɖekae abe alesi dzila bubu geɖe wɔnɛ ene o? Biblia me nudzɔdzɔwo kple eƒe gɔmeɖosewo ŋu bubu le dziɖeɖi me ate ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be kakaɖedzi kple etsɔme mɔkpɔkpɔ vavã nanɔ wo si.

Ɣeyiɣi si me Ðeviwo Katã Anɔ Dedie

Togbɔ be etsɔme nyui aɖeke mele dzedzem na ɖevi geɖe egbea o hã la, Mawu ƒe Nya ka ɖe edzi na mí be esusɔ vie ko anyigba la nazu aƒe si me le dedie na ameƒomea. Kpɔ alesi wòanɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me esime dzilawo magatsi dzi ɖe wo viwo ƒe dedienɔnɔ ŋu o ɖa le susu me! (Petro II, 3:13) Dze agbagba nàtsɔ susu akpɔ alesi nyagblɔɖi sia ava eme nukutɔe ɖa: “Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo.” (Yesaya 11:6) Egbea kura gɔ̃ hã nya siawo le eme vam le kpɔɖeŋumɔ nu le Yehowa subɔlawo dome. Àkpɔ le wo dome be Mawu léa be na wo lɔlɔ̃tɔe. Ne èɖenɛ fiana be yelɔ̃ Mawu la, àte ŋu aka ɖe edzi be esea alesi wò dzila nèsena le ɖokuiwò me la me eye be akpe ɖe ŋuwò nàdze ŋgɔ dzimaɖitsitsi kple xaxa siwo nàdo goe. Srɔ̃ eƒe Nya la eye nàda wò mɔkpɔkpɔ ɖe eƒe Fiaɖuƒea dzi.

Ðo kpɔɖeŋu nyui na viwòwo nàtsɔ akpe ɖe wo ŋu be woanɔ agbe mavɔ mɔ la dzi. Ne ètsɔ Yehowa Mawu wɔ wò sitsoƒee la, nusiwo asu mia kple viwòwo si le etsɔme la agbɔ nusianu si va susu me na wò kpɔ la ŋu sasasã. Kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò abe hakpala la ke ene esime wòdzi ha be: “Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò.”—Psalmo 37:4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ŋkɔ siwo míeyɔ le nyati sia me la menye ameawo ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ o.

b Kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Watch Tower Bible and Tract Society of New York Inc. ta la ƒe ta 5 vaseɖe 7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe