Ne Dzimesẽlawo Va Xɔ Nya La
LE ƑE 1989 ME LA, YEHOWA ÐASEFO SIWO LE POLAND xɔ mɔɖeɖe le se nu be wonye subɔsubɔha. Woɖe asi le Ðasefo siwo wode gaxɔ me le woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta la ŋu vivivi, eye wodzo le gaxɔmenɔla geɖe siwo nɔ didim vevie be yewoasrɔ̃ nu geɖe le Biblia me tso wo gbɔ la gbɔ. Alesi Yehowa Ðasefowo dze agbagba be yewoakpe ɖe amesiwo nye dzimesẽlawo tsã ŋu be woana Mawu ƒe Nya ƒe ŋusẽ nawɔ dɔ ɖe wo dzi le gaxɔ siawo dometɔ ɖeka me la ŋuti nyae nye si gbɔna.
LE WOŁÓW si nye du aɖe si me ame 12,000 le le Poland ƒe anyieheɣetoɖoƒe la, gaxɔ aɖe li si xɔ ƒe 200, afisi wodea Poland nuvlowɔla vɔ̃ɖitɔwo dometɔ aɖewoe. Tso esime dziɖuɖua da asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi la, wodze agbagba be yewoatsɔ Fiaɖuƒenyanyuia ayi na gaxɔmenɔlawo le afima, eye wotsɔa dzo ɖe ewɔwɔ ŋu ŋutɔ.
Lɛta aɖe si Sedzikpɔdɔwɔƒea ŋlɔ na gaxɔdzikpɔlawo katã le Poland le February 1990 me lae ʋu mɔa ɖi na wo. Lɛtaa gblɔ be womegaɖe “fu aɖeke” na gamenɔlawo o ne wo dometɔ aɖe di be yeaxɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo alo ado go kple Yehowa Ðasefowo. Esi Ðasefoawo dometɔ aɖewo nɔ gaxɔ me le Wołów ƒe geɖe ta la, wonya be adzogli sesẽ geɖe le game le afima. Gake wokpɔ mɔ na Yehowa be wòayra yewoƒe agbagbadzedzewo be Biblia me nyateƒea nabɔbɔ gamenɔla bubuwo ƒe dzi sesẽawo.
Dɔa Gɔme Dzedze
Nɔviŋutsu Czesław si woɖe mɔ na be wòayi Wołów-gaxɔa me, amesi tso Wrocław-dua si gbɔ didi tso gaxɔa gbɔ kilometa 40 la gblɔ be: “Ðoɖoa gɔmedzedze sesẽ ŋutɔ. Míeɖe nu geɖe me na gaxɔdzikpɔlawo zi geɖe hafi wova ka ɖe edzi be míaƒe ‘subɔsubɔdɔwɔnawo’ aɖe vi na gamenɔlawo.”
Paweł si nye Czesław dɔwɔhati gblɔ be nusi gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be “gaxɔdzikpɔlawo ƒe tatɔ aɖe gblɔ te tɔ ɖe edzi be ŋutilãmenuwo kpɔkpɔ ta koe gamenɔlawo biã ŋku ɖe mawusubɔsubɔ ƒe dɔwo ŋu nenema.” Gake esi ame etɔ̃ siwo nye hlɔ̃nuwɔla vɔ̃ɖiwo tsã tsɔ wo ɖokui na hexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1991 me la, gaxɔdzikpɔlaawo ƒe nɔnɔme trɔ eye wowɔ ɖeka kpli mí.
Czesław ɖe eme be: “Míedze egɔme ɖi ɖase na gamenɔlawo, woƒe ƒometɔ siwo va srãa wo kpɔ le gaxɔa me, kpakple gaxɔdzikpɔlawo. Emegbe woɖe mɔ na mí be míaɖe gbeƒã nyanyuia tso gaxɔ me yi gaxɔ me, si nye nusi mebɔ kura o. Mlɔeba esi míeke ɖe ame gbãtɔ siwo tsɔ ɖe le eme ŋu la, woɖe mɔ na mí be míazã akpata sue aɖe si me míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃wo kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo le.” Ẽ, Yehowa ʋu mɔ na gamenɔlawo ƒe dzi sesẽawo.
Nufiafiadɔ Kpɔdzidzedze
Medidi o akpata sue ma va nɔ sue akpa. Esi gamenɔla xɔnyɔnyrɔwo kple nɔvi siwo tso dua me siaa kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me ta la, gamenɔla geɖe siwo ade 50 dze kpekpewo dede gɔme. Wo gbɔ hamemegãwo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míewɔ kpekpeawo katã le afima ƒe etɔ̃ kple edzivɔ eye gamenɔlaawo vaa kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpeawo edziedzi.” Eyata ƒe 1995 ƒe May me la, woɖe mɔ na wo be woazã akpata si lolo wu.
Aleke nɔviŋutsu siwo nɔ dɔa nu wɔ nya amesiwo dze ava kpekpe siwo wowɔna le gaxɔawo me? Nɔviŋutsu Czesław kple Zdzisław ɖe eme be: “Gamenɔla siwo ɖe ɖetsɔleme vavã fia ɖe nyateƒea ŋu ƒe ŋkɔwo le mía si. Ne gamenɔla aɖe mewɔa ŋgɔyiyi o eye wòdaa kpekpeawo ƒuna, eye menye le susu nyui aɖeke tae o, si fia be mekpɔ ŋudzedze ɖe mɔnuɖoɖo siawo ŋu o la, míeɖea eƒe ŋkɔ ɖa le ŋkɔawo dome henaa gaxɔdzikpɔlaa nyana.”
Le gamenɔlaawo ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃wo me la, nɔviŋutsuawo fiaa alesi woadzra ɖo nyuie ɖe kpekpeawo ŋu kple alesi woazã míaƒe agbalẽwo nyuie wo. Eyata gamenɔlaawo dzraa ɖo nyuie hafi vaa kpekpeawo eye wokpɔa gome le eme faa. Woƒe nyaŋuɖoɖowo tua ame ɖo, wozãa woƒe Bibliawo nyuie, eye wotsɔa aɖaŋuɖoɖoawo kuna ɖe woa ŋutɔwo ɖokui ŋu, eye zi geɖe wogblɔa nya siawo tɔgbe le woƒe nyaŋuɖoɖowo me be ‘Mekpɔe be ele be mawɔ esi kple ekemɛ.’
Hamea ƒe agbalẽŋlɔla gblɔ be: “Le wo katã me la, wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ 20 le Wołów-gaxɔa me. Gbeƒãɖela etɔ̃ siwo nye gamenɔlawoe wɔa wo dome enyi.” Nu nyuiwo do tso woƒe gbeƒãɖeɖe le gaxɔ vovovoawo me la me kple ne wole tsa ɖim le kpɔa me. Le kpɔɖeŋu me le ɣleti ewo si tso September 1993 va ɖo June 1994 la, womã agbalẽ 235, agbalẽ gbadza siwo de 300 kloe, kpakple magazine 1,700. Nyitsɔ laa la, gaxɔdzikpɔla eve bia be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo.
Takpekpe Tɔxɛwo He Dzidzɔ Vɛ
Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wotsɔ nu bubu aɖe kpe ɖe nufiafiadɔa ŋu le gaxɔ ma me, si nye takpekpe tɔxɛwo. Dzikpɔla mɔzɔlawo kple nɔviŋutsu bubu siwo dze wɔa nutome sue kple ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo ƒe akpa veviawo le gaxɔa ƒe kamedefefewɔƒe. Wowɔ takpekpe tɔxɛ gbãtɔ le October 1993 me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Słowo Polskie ka nya ta be, gamenɔla 50 de takpekpea, eye “ƒome blibo siwo me nyɔnuwo kple ɖevi suewo le tso Wrocław va,” eye vavalawo katã ƒe xexlẽme nɔ ame 139. Takpekpea ƒe ɖiɖiɖemeɣia na mɔnukpɔkpɔ su wo si be woaɖu nu siwo nɔvinyɔnuawo ɖa vɛ, eye wònye ɣeyiɣi na Kristotɔwo ƒe hadede nyui hã.
Tso ɣemaɣi la, wogawɔ takpekpe tɔxɛ bubu adre eye menye gaxɔmenɔlaawo koe wòɖe vi na o, ke eɖe vi na egodotɔwo hã. Esi nɔvinyɔnu Ðasefo aɖe yi ame aɖe si nɔ gaxɔ me le Wołów tsã gake wova le dua me fifia gbɔ la, gbã mekɔ ŋkume ɖee tututu o. Gake esi wògblɔ nɛ be gamenɔla aɖe va zu Ðasefo la, ewɔ nuku na ŋutsua ale gbegbe wòbia be: “Amewula ma zu Ðasefo fifia?” Ema ta ŋutsua lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.
Wowɔ Tɔtrɔ Wɔnukuwo
Ðe nufiaɖoɖo deŋgɔ sia na gamenɔlaawo ƒe dzi sesẽawo bɔbɔ ŋutɔŋutɔa? Mina woagblɔe míase.
Zdzisław, ŋutsu nuŋubula aɖe ʋu eme be: “Nyemenya dzinyelawo gbeɖe o elabena ɖevi ko menye esi wogblẽm ɖi, eye evem ŋutɔ be lɔlɔ̃ si woaɖe afiam la bu ɖem. Meƒo ɖokuinye ɖe nuvlowɔwɔ me tso nye ɖevime ke, eye mlɔeba mewu ame. Fɔɖiɖi ƒe seselelãme na be medi be mawu ɖokuinye, eye menɔ mɔkpɔkpɔ vavãtɔ dim vevie. Emegbe le ƒe 1987 me la, meva ke ɖe Gbetakpɔxɔ magazinea ŋu. Mesrɔ̃ nu tso tsitretsitsi kple agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu le eme. Esi mekpɔe be nusianu mevɔ nam o la, nyemegadi be mawu ɖokuinye azɔ o ale medze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme. Fifia mesrɔ̃ nusi lɔlɔ̃ nye tso Yehowa kple nɔviawo gbɔ.” Amesia si nye amewula tsã la zu subɔsubɔdɔwɔla eye wònye kpekpeɖeŋu mɔɖela tso ƒe 1993 me, eye le ƒe si va yi me la, eva zu gbesiagbe mɔɖela.
Tomasz ya lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye enumake. Eʋu eme be: “Gake afɔɖeɖe ma metso nye dzi me o. Enye dada nam ne mele Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo me ɖem na ame bubuwo, ema ta koe melɔ̃ nɔ Biblia srɔ̃m. Gake nyemena Biblia ƒe nyateƒea trɔ nye agbe boo aɖeke o. Gbeɖeka meɖoe be mayi Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe, eye meyi. Gamenɔla xɔnyɔnyrɔawo do vivi ɖe ŋunye nyuie. Meva de dzesii be le esi teƒe be manɔ dadam ɖe nusi menya ta la, ele nam boŋ be mana nye dzi sesẽa nabɔbɔ ne matrɔ nye susu.” Tomasz dze Kristotɔwo ƒe amenyenye yeyea dodo gɔme. (Efesotɔwo 4:22-24) Egbea enye Ðasefo ɖeadzɔgbe si xɔ nyɔnyrɔ eye gbeƒãɖeɖe tso gaxɔ me yi gaxɔ me doa dzidzɔ nɛ.
Xɔlɔ̃ Xoxowo ƒe Tsitretsiɖeŋu
Amesiwo srɔ̃ Biblia me nyateƒea le gaxɔa me do go tsitretsiɖeŋu sesẽ si tso wo xɔlɔ̃ xoxo siwo le gaxɔ me kpli wo kple gaxɔdzikpɔlawo gbɔ. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Woɖua fewu le ŋunye hedoa vlom ɣesiaɣi. Gake melé dzideƒonamenya siwo nɔviawo gblɔ nam ɖe susu me. Wogblɔ nam be, ‘Nɔ gbedodoɖa na Yehowa dzi. Xlẽ wò Biblia eye wò dzi adze eme.’ Ema kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.”
Ryszard si nye nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ si me dzo le ŋutɔ gblɔ be: “Nye hati gamenɔlawo megbea vlodoamenya vevewo gbɔgblɔ ɖe ŋunye o. Wogblɔna nam be, ‘Àte ŋu ayi wò kpekpeawo, gake mègadze agbagba nànɔ ɖokuiwò wɔm abe wòe nyo wu mí o, eme kɔa?’ Esi mewɔ tɔtrɔ le nye agbenɔnɔ me le Biblia ƒe gɔmeɖose siwo metsɔ wɔa dɔ ta la, ele be makpe fu ɖe eta. Wokakaa nye aba, kakaa nye Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe xɔa me, eye wowɔa nye nɔƒe nyamaa. Medoa gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽm maɖu ɖokuinye dzi, ale megbugbɔna dzrana nuawo ɖo kpoo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tsitretsiɖeŋua nu tso.”
Gamenɔla xɔnyɔnyrɔ bubuwo gblɔ be: “Esi mía havi gamenɔlawo kpɔe be míeɖoe kplikpaa be míasubɔ Yehowa la, wotrɔ tsitretsiɖeŋua bubui. Wolɔ̃a gbɔgblɔ be, ‘Miɖo ŋku edzi be mele be miano aha, ano sigaret, alo agada alakpa azɔ o.’ Tsitretsiɖeŋu mawo tɔgbe kpena ɖe ame ŋu wòte ŋu ɖua eɖokui dzi heɖea asi le nu vloewo kple numãmewo ŋu kaba. Egakpena ɖe ame ŋu be wòatu gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo ɖo.”—Galatiatɔwo 5:22, 23.
Mawu ƒe Subɔla Ðeadzɔgbewo Zuzu
Le gaxɔdzikpɔlaawo ƒe mɔɖeɖe nu la, wona nyɔnyrɔ amewo zi gbãtɔ le kamedefefewɔƒea le ƒe 1991 ƒe adame. Dzi dzɔ Zdzisław wu nyɔnyrɔxɔla bubuawo katã. Gamenɔla wuieve ye de eye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 21 tso dua me va kpɔ wɔnaa teƒe. Kpekpea de dzi ƒo na gamenɔlaawo ŋutɔ. Wo dometɔ geɖe wɔ ŋgɔyiyi ɖedzesi ale gbegbe be gamenɔla eve bubu xɔ nyɔnyrɔ le ƒe ɖeka megbe. Ƒe eve megbe le ƒe 1993 me la, wona nyɔnyrɔ amewo zi eve le ƒea me eye gamenɔla adre bubuwo xɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋu!
Esi afima nyadzɔdzɔgbalẽ Wieczór Wrocławia nɔ nu ƒom tso nyɔnyrɔ si wona amewo le December me ŋu la, ede dzesii be: “Amewo ƒe afɔ mevɔ le kamedefefewɔkpataa me o, eye wonɔ gbe dom na amesiame henɔ asi nam wo. Ame aɖeke menye amedzro le afisia o. Wova zu ƒome gã ɖeka siwo wɔ ɖeka le tamebubu kple agbenɔnɔ me hele Mawu ɖeka Yehowa subɔm.” Ame 135 siwo dome gamenɔla 50 nɔ ye “ƒome gã ɖeka” ma nye ɣemaɣi. Mina míase nya tso wo dometɔ aɖewo gbɔ.
Jerzy si xɔ nyɔnyrɔ le June me gblɔ be: “Togbɔ be mese nane tso Biblia me nyateƒea ŋu ƒe aɖewoe nye si va yi hã la, dzi sesẽ aɖe ŋutɔe nɔ menye. Amebaba, srɔ̃nye gbãtɔa gbegbe, agbegbegblẽnɔnɔ kple Krystyna, gbɔmeya vi aɖe dzidzi, kple tɔtrɔ yi gaxɔ me edziedzi—aleae menɔ agbee.” Esi wòkpɔ nuvlowɔla dzimesẽla bubu va zu Ðasefo le gaxɔ me la, eva nɔ eɖokui biam be: ‘Ðe nye hã nyemate ŋu azu ŋutsu ɖɔʋu oa?’ Ebia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye wòdze kpekpeawo dede gɔme. Gake esi wòse amenutsola la gblɔ be ƒe etɔ̃e nye si va yi Krystyna zu Yehowa Ðasefo lae na wòwɔ tɔtrɔ ŋutɔŋutɔ. Jerzy gblɔ be: “Nukunya ŋutɔe wònye nam! Mebu le susu me be, ‘Ke nye ya ɖe? Nuka wɔmee mele?’ Mede dzesii be hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye la, ele be matrɔ asi le nye agbenɔnɔ ŋu.” Emetsonue nye be dzidzɔ ƒe ɖekawɔwɔ aɖe yi edzi le gaxɔa me—ewɔ ɖeka kple Krystyna kpakple wo vinyɔnuvi ƒe 11 vi, Marzena. Eteƒe medidi o wode woƒe srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ. Togbɔ be Jerzy gakpɔtɔ le gaxɔ me hele fukpekpewo me tom hã la, esrɔ̃ tokunɔgbe le eɖokui si nyitsɔ sia eye ete ŋu le kpekpeɖeŋu nam gamenɔla siwo nye tokunɔwo.
Esime Mirosław nɔ gɔmedzesuku kee wòdze nuvlowɔwɔ gɔme. Nusi wɔm exɔlɔ̃wo nɔ do dzidzɔ nɛ ŋutɔ ale eteƒe medidi o eya hã dze nu mawo ke wɔwɔ gɔme. Amesiwo wòfi alo ƒo la sɔ gbɔ ŋutɔ. Emegbe wodee gaxɔ me. Mirosław ʋu nya me be: “Esi mekpɔ ɖokuinye le gaxɔa me la, metrɔ ɖe nunɔla ŋu be wòakpe ɖe ŋunye. Gake dzi koe ɖe le ƒonye ŋutɔ. Ale meɖoe be mano aɖi aku.” Gbesigbe tututu wòɖoe be yeawu ye ɖokui la, woɖee yi xɔ bubu me. Eva kpɔ Gbetakpɔxɔ aɖe le xɔ ma me si ƒo nu tso taɖodzinu si le agbe ŋu ŋuti. Egblɔ kpee be: “Nyatakaka si gɔme sese le bɔbɔe eye eme kɔ la tututu dimee menɔ. Fifia medi be manɔ agbe! Ale medo gbe ɖa na Yehowa hebia Ðasefoawo be woasrɔ̃ Biblia kplim.” Ewɔ ŋgɔyiyi kabakaba le eƒe Biblia-nusɔsrɔ̃a me hexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1991 me. Kpekpeɖeŋu mɔɖelae wònye fifia le gaxɔa me, eye mɔnukpɔkpɔ su esi be wòaɖe gbeƒã tso gaxɔ me yi gaxɔ me.
Vaseɖe fifia la, gamenɔla siwo xɔ nyɔnyrɔ la ƒe xexlẽme le ame 15. Ne míetsɔ ƒe siwo woɖo na wo be woatsɔ anɔ gaxɔ me katã ƒo ƒui la, eɖo ƒe 260 kloe. Woɖe asi le wo dometɔ aɖewo ŋu do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me woawu woƒe gamenɔɣia nu. Woɖe ƒe 10 le ƒe 25 si gamenɔla ɖeka atsɔ anɔ mɔe la dzi. Eye wo dometɔ geɖe siwo ɖe ɖetsɔleme fia esi wonɔ gaxɔ me la va zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo le asiɖeɖe le wo ŋu vɔ megbe. Gakpe ɖe eŋu la, gamenɔla ene bubu gali siwo le dzadzram ɖo na nyɔnyrɔxɔxɔ.
Gaxɔdzikpɔlawo ƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðeɖefia
Gaxɔdzikpɔlawo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Alesi gamenɔlawo ƒe agbenɔnɔ trɔe ɖe dzesi vavã. Wo dometɔ geɖe dzudzɔ sigaretnono eye wodzraa woƒe xɔwo me ɖo nyuie. Míekpɔ tɔtrɔ mawo le gamenɔla geɖe ƒe agbenɔnɔ me.”
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Życie Warszawy ka nya ta be Wołów-gaxɔa dzikpɔlawo de dzesii be “gamenɔla trɔdzimeawo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu; womeɖea fu aɖeke na gaxɔdzikpɔlawo o.” Nyatia yi edzi de dzesii be amesiwo ŋu woɖe asi le hafi woƒe ŋkekewo de la te ŋu nɔ agbe si dze Yehowa Ðasefowo tututu eye womegatrɔ ɖe nuvlowɔwɔ ŋu ake o.
Ke nukae nye gaxɔdzikpɔla la ƒe susu? Egblɔ be: “Dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le le gaxɔ sia me la nyo ŋutɔ eye wònye kpekpeɖeŋu gã aɖe le hadomegbenɔnɔ fiafia gamenɔlaawo me.” Gaxɔdzikpɔla la lɔ̃ ɖe edzi be “esi gamenɔlaawo nɔ Biblia srɔ̃m [kple Yehowa Ðasefowo] la, woƒe nu veviwo kple dzidzenuwo trɔ, eye ezu ŋusẽ yeye si kplɔa wo le woƒe agbe me. Woɖɔa ŋu ɖo ŋutɔ le woƒe agbenɔnɔ me, eye wodea bubu ame ŋu. Wonye dɔwɔla moveviɖolawo, eye womeɖea fu boo o.” Nya nyui mawo si setɔwo gblɔ la do dzidzɔ na Ðasefo siwo wɔ dɔ kple gamenɔlaawo le Wołów-gaxɔa me.
Ðasefo siwo dea afima ka ɖe nya siwo Yesu gblɔ dzi bliboe be: “Menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam; . . . woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.” (Yohanes 10:14, 16) Gaxɔ ƒe gliwo gɔ̃ hã mate ŋu axe mɔ na Yesu Kristo, Alẽkplɔla Nyui la be wòagaƒo amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽ tɔ la nu ƒu o. Ðasefo siwo le Wołów kpɔa dzidzɔ be mɔnukpɔkpɔa su yewo si be yewoakpɔ gome le dɔ dodzidzɔname sia wɔwɔ me. Eye wokpɔa Yehowa sinu be wòayi edzi ayra yewoƒe agbagbadzedze be yewoakpe ɖe dzimesẽla geɖe ŋu be woaxɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia hafi nuwuwua nava.—Mateo 24:14.
[Aɖaka si le axa 27]
“A Me Tsitsi Ðevinuwɔla” Ƒe Kuxia
Ðasefo siwo le dɔ wɔm le Wołów-gaxɔa me de dzesii be: “Zi geɖe ne ame nɔ gaxɔ me hena ɣeyiɣi aɖe la, nusi wòfia be woanɔ ablɔɖe me alo anɔ ame ɖokui si buna ɖe amea. Nusi le fu ɖem na mí koŋ ye nye ‘ame tsitsi ɖevinuwɔla’ ƒe kuxi si nye amesi ŋu woɖe asi le le gaxɔ me si meganya alesi wòakpɔ eɖokui dzi o. Ema tae akpa si hamea wɔna dea ŋgɔ wu Biblia me nyateƒea ko fiafiae. Ele be míadzrae ɖo be wòate ŋu ava nɔ ame dome, míaxlɔ̃ nui tso afɔku kple tetekpɔ bubu siwo wòado goe ŋu. Togbɔ be míedzea agbagba be míazi edzi akpa o hã la, ele be míakpe ɖe eŋu wòadze agbe yeye nɔnɔ gɔme.”