INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 3/1 axa 8-13
  • ‘Wò Dzi Neku Ðe’ Mawu Ƒe Gbedoxɔ ‘Ŋu!’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Wò Dzi Neku Ðe’ Mawu Ƒe Gbedoxɔ ‘Ŋu!’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wogbugbɔ Tu Gbedoxɔa
  • Nunɔlawo Kple Amegã La
  • Anyigba La
  • Ɣekaɣie Ŋutega la Va Eme?
  • Ŋutega la Ku Ðe Mía Ŋutɔwo ƒe Ɣeyiɣi Ŋu
  • “Ðɔ Ale Si Gbedoxɔa Le”
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
  • ‘Gbedoxɔa’ Kple “Amegã La” Egbea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • “Esiae Nye Se Si Le Gbedoxɔ La Ŋu”
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
  • Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe Nya Vevi Siwo Tso Xezekiel Ƒe Agbalẽa Me—II
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 3/1 axa 8-13

‘Wò Dzi Neku Ðe’ Mawu Ƒe Gbedoxɔ ‘Ŋu!’

“Amevi, . . . lé ŋku ɖe nusiwo katã mele fiawò ge la ŋu . . . Gblɔ nusiwo katã kpɔ ge nala la, na Israel ƒe aƒe la.”—XEZEKIEL 40:4.

1. Nɔnɔme ka mee Mawu ƒe dukɔ tiatia la nɔ le ƒe 593 D.M.Ŋ. me?

ƑE 593 D.M.Ŋ. si nye Israel-viwo ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe 14 lia mee. Nyateƒe wònye be ewɔ na Yudatɔ siwo nɔ Babilon be wo denyigba lɔlɔ̃a gbɔ metsɔ kura o. Zi mamlɛtɔ si wo dometɔ akpa gãtɔ kpɔ Yerusalem ye nye esime wònɔ bibim, wogbã eƒe gli sesẽawo, eye eƒe xɔ tsralawo zu glikpowo. Wogbã Yehowa ƒe gbedoxɔ—si nye nu vevitɔ si na dua nɔ ŋutikɔkɔe me tsã eye wònye tadedeagu dzadzɛtɔ wɔƒe le anyigba katã dzi la—gudugudu. Azɔ la, Israel-viwo ƒe aboyomenɔƒewo ƒe akpa gãtɔ gale ŋgɔ. Ƒe 56 ava yi hafi ɖeɖe si ƒe ŋugbe wodo na wo ava.—Yeremya 29:10.

2. Nukata esi Xezekiel ɖo ŋku Mawu ƒe gbedoxɔ si le Yerusalem dzi la, wòanya lé blanui?

2 Nyagblɔɖila nuteƒewɔla Xezekiel anya lé blanui esi wòbu eŋu kpɔe be Mawu ƒe gbedoxɔ zu glikpowo le keke teƒe aɖe ɖaa hezu gbemelãwo nɔƒe. (Yeremya 9:11) Eya ŋutɔ fofoa, Buzi, wɔ nunɔladɔ le afima kpɔ. (Xezekiel 1:3) Anye ne mɔnukpɔkpɔ ma ava su Xezekiel hã si hafi, gake le ƒe 617 D.M.Ŋ. me esime wòkpɔtɔ nye ɖekakpui la, woɖe aboyo eya kple Yerusalem bubumewo. Xezekiel xɔ anɔ ƒe 50 azɔ, ɖewohĩ enya be yemanɔ agbe agakpɔ Yerusalem alo anɔ eme woagbugbɔ eƒe gbedoxɔ atu o. Eyata kpɔ alesi gbegbe wòanye nu vevii na Xezekiel esime wòkpɔ gbedoxɔ kɔkɔea ƒe ŋutega ɖa!

3. (a) Taɖodzinu kae le Xezekiel ƒe gbedoxɔ ŋuti ŋutegaa ŋu? (b) Akpa vevi ene ka mee ŋutega la mã ɖo?

3 Ŋutega sia si me nyawo sɔ gbɔ hexɔ Xezekiel ƒe agbalẽa ƒe ta asieke nye ŋugbedodo aɖe si do ŋusẽ Yudatɔ aboyomeawo ƒe xɔse. Woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛ aɖo anyi! Ŋutega sia de dzi ƒo na Yehowa lɔ̃lawo tso ƒe alafa siwo va yi le ɣemaɣi megbe vaseɖe míaƒe ŋkekea me. Le mɔ ka nu? Mina míadzro nusi nyagblɔɖi ƒe ŋutega si Xezekiel kpɔ la fia na Israel-vi aboyome mawo me akpɔ. Ele akpa vevi ene me: gbedoxɔa, nunɔlawo, amegã, kple anyigba la.

Wogbugbɔ Tu Gbedoxɔa

4. Afikae wokplɔ Xezekiel yii le eƒe ŋutegaa ƒe gɔmedzedze, nukae wòkpɔ le afima, eye amekae kplɔe tsa?

4 Gbã la, wokplɔ Xezekiel yi “to kɔkɔ boo aɖe” dzi. Gbedoxɔ gã aɖe si le abe du si woɖo gli ƒo xlãe ene la le toa dzi le anyiehe gome. Mawudɔla aɖe si ƒe “nɔnɔme le abe akɔbli ene” la kplɔ nyagblɔɖila la tsa le teƒea tsitotsito. (Xezekiel 40:2, 3) Esi Xezekiel ganɔ ŋutegaa kpɔm la, ekpɔ be mawudɔlaa tsɔ ŋuɖɔɖo blibo dzidze gbedoxɔa ƒe agbo eveve teƒe etɔ̃ siwo sɔ kple wo nɔewo kpakple woƒe dzɔlawo ƒe xɔviwo, xɔxɔnu xexetɔ, emetɔ, nuɖuxɔwo, vɔsamlekpui, kple gbedoxɔa ƒe teƒe kɔkɔe si Kɔkɔeƒe kple Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea le.

5. (a) Kakaɖedzinya kae Yehowa gblɔ na Xezekiel? (b) Nukawoe nye “fiawo ƒe kukuawo” siwo wòle be woaɖe ɖa le gbedoxɔa me, eye nukata nusia wɔwɔ nɔ vevie?

5 Emegbe Yehowa ŋutɔ dze le ŋutega la me. Ege ɖe gbedoxɔa me hena kakaɖedzi Xezekiel be Yeanɔ afima. Gake Ebia be woakɔ Yeƒe aƒea ŋu, gblɔ be: “Azɔ woate woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fiawo ƒe kukuawo ɖa le gbɔnye, eye manɔ wo dome tegbee.” (Xezekiel 43:2-4, 7, 9) Edze ƒã be “fiawo ƒe kukuawo” tsi tre ɖi na legbawo. Fia vɔ̃ɖi aɖewo siwo nɔ Yerusalem tsɔ legbawo do gu Mawu ƒe gbedoxɔa, si wɔe be legbaawo zu fiawo. (Tsɔe sɔ kple Amos 5:26.) Womenye mawu gbagbe alo fia aɖeke le Yehowa ŋkume o, ke nu kuku ƒoɖiwoe wonye boŋ. Ele be woaɖe wo ɖa.—Mose III, 26:30; Yeremya 16:18.

6. Nukae gbedoxɔa dzidzedzidze fia?

6 Ŋutega la ƒe akpa sia gɔme ɖe? Enye kakaɖedzi na aboyomeawo be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛtɔ aɖo anyi le Mawu ƒe gbedoxɔa me keŋkeŋ. Gakpe ɖe eŋu la, alesi wodzidze gbedoxɔae la nye kpeɖodzi si tso Mawu gbɔ be ŋutegaa ava eme godoo. (Tsɔe sɔ kple Yeremya 31:39, 40; Zaxarya 2:6-12.) Woaɖe trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe ɖa. Yehowa agayra eƒe aƒea.

Nunɔlawo Kple Amegã La

7. Nya kawoe wogblɔ le Lewi-viwo kple nunɔlaawo ŋu?

7 Woakɔ nunɔlawo hã ŋu alo adza wo ŋu. Woaka ŋkume na Lewi-viwo le esi wolɔ̃ subɔ trɔ̃wo ta, gake woakafu nunɔla siwo nye Zadok-viwo ahaɖo eteƒe na wo le esi wokpɔtɔ le dzadzɛ ta.a Ke hã woagade subɔsubɔdɔ asi na hatsotso evea le Mawu ƒe aƒe si wogbugbɔ tu me—ɖikeke mele eme o be anɔ te ɖe wo ame ɖekaɖekawo ƒe nuteƒewɔwɔ dzi. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa de se be: “Woafia vovo, si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, kpakple vovo, si le nu madzamadza kple nu dzadzɛ dome la, nye dukɔ.” (Xezekiel 44:10-16, 23) Eyata woagaɖo nunɔladɔ anyi, eye woaɖo nunɔlaawo ƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe teƒe na wo.

8. (a) Amekawoe nye amegãawo le blema Israel? (b) Akpa kawoe amegã si wokpɔ le Xezekiel ƒe ŋutegaa me nɔ wɔwɔm le tadedeagu dzadzɛtɔ me?

8 Woyɔ ame aɖe le ŋutega la me be amegã. Amegãwo nɔ dukɔa si tso Mose ŋɔli ke. Hebrigbe me nya si wozãna na amegã, si nye na·siʼʹ, ate ŋu afia amesi nye ta na aƒekɔ siwo ɖua fofo nu, to, alo dukɔ gɔ̃ hã. Woka ŋkume na Israel-dziɖulawo ƒe ha la le Xezekiel ƒe ŋutegaa me le esi wote dukɔa ɖe to ta, eye woxlɔ̃ nu wo be woagakpɔ ame ŋkume o eye be woawɔ nu dzɔdzɔe. Togbɔ be amegã la menye nunɔla o hã la, enɔ akpa ɖedzesi aɖe wɔm le tadedeagu dzadzɛ me. Eya kple to siwo me tɔwo menye nunɔlawo o la gena ɖe xɔxɔnu xexetɔ me gadona, enɔa Ɣedzeƒegboa ƒe akpata me, eye enaa vɔsanu aɖewo dukɔa be woatsɔ asa vɔe. (Xezekiel 44:2, 3; 45:8-12, 17) Eyata ŋutega la na kakaɖedzi Xezekiel ƒe amewo be woayra dukɔ si wogbugbɔ ɖo anyi la be kplɔla kpɔɖeŋuɖolawo, ŋutsu siwo ado alɔ nunɔlawo be woawɔ ɖoɖo na Mawu ƒe amewo eye woaɖo kpɔɖeŋu nyuiwo le gbɔgbɔmenyawo gome la nanɔ wo si.

Anyigba La

9. (a) Aleke woamã anyigba lae, gake amekawoe womana domenyinui o? (b) Nukae nye adzɔ kɔkɔe la, eye nukawoe nɔ eme?

9 Mlɔeba la, Israel-nyigba la godoo dze le Xezekiel ƒe ŋutegaa me. Woamãe eye woana teƒe to ɖesiaɖe. Woana domenyinu amegã la hã. Gake womana nunɔlawo ya o, elabena Yehowa gblɔ be, “Nye ŋutɔe nye woƒe domenyinu.” (Xezekiel 44:10, 28; Mose IV, 18:20) Edze le ŋutegaa me be amegã la ƒe anyigba si wonɛ anɔ teƒe si woyɔ be adzɔ kɔkɔe ƒe go eve dzi. Teƒe sia nye anyigba kpokploe aɖe si womã ɖe akpa etɔ̃ me—dzigbe nye Lewi-vi siwo trɔ dzime tɔ, titina nye nunɔlawo tɔ, eye anyigbe nye dua kple eŋu gbeɖuƒe. Yehowa ƒe gbedoxɔ anɔ nunɔlawo ƒe anyigbamamã me, le adzɔnyigba kpokploea ƒe titina.—Xezekiel 45:1-7.

10. Nukae nyagblɔɖi si fia be woamã anyigba la fia na Yudatɔ nuteƒewɔla siwo nɔ aboyome?

10 Aleke gbegbe nusiawo katã anya de dzi ƒo na aboyomeawoe nye si! Kakaɖedzi li na ƒome ɖesiaɖe be woana anyigbae wòanye eƒe domenyinu. (Tsɔe sɔ kple Mixa 4:4.) Woatsɔ tadedeagu dzadzɛ aɖo teƒe kɔkɔ vevi aɖe le afima. Gade dzesii le Xezekiel ƒe ŋutegaa me be amegã la anɔ anyigba si dukɔa na dzi abe nunɔlawo ene. (Xezekiel 45:16) Eyata le anyigba si woagbugbɔ adzra ɖo dzi la, wobia tso dukɔa si be woadzɔ nu hena amesiwo Yehowa atia be woaxɔ ŋgɔ ƒe dɔwɔwɔ, eye woado alɔ wo to alesi woalɔ̃ axɔ woƒe mɔfiafiae me. Míagblɔe ko be anyigba sia nye ɖoɖowɔwɔ, nuwɔwɔ aduadu, kple dedienɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu.

11, 12. (a) Aleke Yehowa na kakaɖedzi eƒe amewo to nyagblɔɖi me be yeayra wo denyigba si wodzra ɖo la? (b) Nukae ati siwo nɔ tɔsisia ƒe gowo dzi tsi tre ɖi na?

11 Ðe Yehowa ayra woƒe anyigba laa? Nyagblɔɖia tsɔ nuɖɔɖɔ dodzidzɔname aɖe ɖo biabia sia ŋui. Tɔsisi aɖe tsa tso gbedoxɔa me, eye wòle kekem ɖe edzi yina, eye kaka wòade nu Ƒu Kukua me la, ezu tɔsisi gã aɖe. Esi wòɖo afima la, ede agbe tsi siwo ku me, eye lãɖeɖedɔ kpɔdzidzedze aɖe nyɔ le tɔa to ƒe akpa aɖe. Ati gbogbo aɖewo le tɔgoawo dzi siwo tsea ku le ƒe bliboa me henaa nunyiame eye wonye dɔyɔgbe.—Xezekiel 47:1-12.

12 Le aboyomeawo gome la, gbugbɔɖoanyi ƒe nya siwo wogblɔ ɖi tsã siwo womeƒoa asii o ye gadze le ŋugbedodo sia me wònye kpeɖodzi na wo. Yehowa ƒe nyagblɔɖila siwo gbɔgbɔ ʋã la gblɔ Israel-nyigba si dzi amewo gava le ŋu nya zi gbɔ zi geɖe be aɖi paradiso. Wolɔ̃a nyagbɔgblɔ ɖi le aƒedonyigba siwo woagbɔ agbee ŋu. (Yesaya 35:1, 6, 7; 51:3; Xezekiel 36:35; 37:1-14) Eyata dukɔa ate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa ƒe yayra siwo naa agbe la ava yewo dzi abe tɔsisi ene tso gbedoxɔ si wogbugbɔ tu me. Awɔe be dukɔ si ku le gbɔgbɔ me nagagbɔ agbe. Woayra dukɔa ale be gbɔgbɔmeŋutsu ɖedzesiwo nanɔ wo dome—woanye ŋutsu dzɔdzɔe likewo abe ati siwo le tɔ to le ŋutegaa me ene, eye woanye ŋutsu siwo axɔ ŋgɔ woagbugbɔ dukɔ si zu aƒedo la atso. Yesaya hã ŋlɔ nu tso ‘dzɔdzɔenyenye ƒe ati gã’ siwo ‘agbugbɔ blemaƒedowo atso’ ŋu.—Yesaya 61:3, 4.

Ɣekaɣie Ŋutega la Va Eme?

13. (a) Susu ka nue Yehowa tsɔ ‘dzɔdzɔenyenye ƒe ati gãwo’ yra eƒe dukɔ si wogbugbɔ ɖo te la le? (b) Aleke nya si wogblɔ ɖi le Ƒu Kukua ŋu va emee?

13 Ðe mɔkpɔkpɔ bu ɖe aboyome siwo trɔ gbɔa? Kura o! Ame susɔe siwo wogbugbɔ ɖo te trɔ gbɔ va wo denyigba lɔlɔ̃a dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe le ‘dzɔdzɔenyenye ƒe ati gã’ siawo—siwo ƒe ɖewoe nye agbalẽfiala Ezra, nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya, kpakple Nunɔlagã Yosua—ƒe mɔfiafia te la, wogbugbɔ blemaƒedoawo tso. Amegãwo abe Nexemya kple Zerubabel ene ɖu anyigba la dzi ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe kple le dzɔdzɔenyenye me. Wogbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa tu, eye eƒe nunana siwo naa agbe—yayra siwo tso eƒe nubabla dzi wɔwɔ me—gava na wo. (Mose V, 30:19; Yesaya 48:17-20) Yayra ɖekae nye sidzedze. Nunɔlaawo gaxɔ woƒe dɔ, eye wofia Sea ameawo. (Maleaxi 2:7) Ewɔe be ameawo gagbɔ agbe le gbɔgbɔ me eye wogazu Yehowa subɔla siwo tsea ku, abe alesi míekpɔe be woyɔ dɔ Ƒu Kukua eye lãɖeɖedɔ kpɔdzidzedze aɖe ganyɔ ene.

14. Nukatae wòle be Xezekiel ƒe nyagblɔɖia me vava nayi ŋgɔ wu nusi dzɔ esime Yudatɔwo gbɔ tso aboyome le Babilon?

14 Nusiawo koe nye Xezekiel ƒe ŋutega la me vava? Ao; efia be emevava gãtɔ gali. Bu nusia ŋu kpɔ: Womate ŋu atu gbedoxɔ si Xezekiel kpɔ la abe alesi woɖɔe ene o. Le nyateƒe me la, Yudatɔwo tsɔ ŋutega la me nyawo alesi tututu wole eye wogatsɔ nanewo kpee ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã.b Gake gbedoxɔ blibo si wokpɔ le ŋutegaa me la lolo akpa be wòanɔ Moria To si nye afisi wònɔ tsã dzi. Gakpe ɖe eŋu la, Xezekiel ƒe gbedoxɔa menɔ du si wòkpɔ la me o ke anyigba bubu aɖe dzi le adzɔge kee wònɔ, evɔ teƒe si tsãtɔ nɔ ye wogbugbɔ tu gbedoxɔ evelia ɖo, le Yerusalem dua me. (Ezra 1:1, 2) Gakpe ɖe eŋu la, tsi ŋutɔŋutɔ aɖeke medzi tso Yerusalem ƒe gbedoxɔa me o. Eyata Xezekiel ƒe nyagblɔɖia ƒe emevava sue aɖe teƒee blema Israel kpɔ. Nusia fia be ŋutegaa me vava gãtɔ si nye gbɔgbɔmetɔ gali.

15. (a) Ɣekaɣie woɖo Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa anyi? (b) Nukae fia be Xezekiel ƒe ŋutegaa meva eme esime Kristo nɔ agbe le anyigba dzi o?

15 Eme kɔ be ele be míakpɔ mɔ be Xezekiel ƒe ŋutega la nava eme le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã si ŋu nya gbogbo aɖe apostolo Paulo gblɔ le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me la me. Woɖo gbedoxɔ ma anyi esime wosi ami na Yesu Kristo wòzu Nunɔlagã le ƒe 29 M.Ŋ. me. Gake ɖe Xezekiel ƒe ŋutegaa va eme le Yesu ŋɔlia? Edze ƒã be meva eme o. Esi Yesu si nye Nunɔlagã la xɔ nyɔnyrɔ, wòku vɔsaku, eye wòyi Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe si nye dziƒo ŋutɔ la, ena nusi Avuléŋkekea fia le nyagblɔɖi me la va eme. (Hebritɔwo 9:24) Gake enyo be míanya be womeyɔ nunɔlagã loo alo Avuléŋkeke aɖeke zi ɖeka teti gɔ̃ hã le Xezekiel ƒe ŋutegaa me o. Eyata manɔ eme be ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me ŋue ŋutegaa ku ɖo o. Ke ɣeyiɣi ka ŋue wòku ɖo?

16. Afisi woɖe ŋutegaa fia Xezekiel le na míeɖo ŋku nyagblɔɖi bubu ka dzi, eye aleke wòkpe ɖe mía ŋu míenya Xezekiel ƒe ŋutegaa ƒe emevaɣi vevitɔ?

16 Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, mina míagatrɔ ɖe ŋutegaa ŋutɔŋutɔ ŋu. Xezekiel ŋlɔe be: “Ekɔm le Mawu ƒe ŋutega me va dro ɖe to kɔkɔ boo aɖe dzi le Israel-nyigba dzi, eye wòle abe du aɖee wotso ɖe edzi le [anyiehe] gome ene.” (Xezekiel 40:2) Afisi woɖe ŋutega sia fia le, si nye “to kɔkɔ boo aɖe dzi” la na míeɖo ŋku Mixa 4:1 dzi, si gblɔ be: “[Ava] me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu.” Ɣekaɣie nyagblɔɖi sia ava eme? Mixa 4:5 fia be nusia adze egɔme esime dukɔwo gale alakpamawuwo subɔm. Le nyateƒe me la, míawo ŋutɔ mía ŋɔli ƒe “ŋkeke mlɔeawo me” ye wodo tadedeagu dzadzɛtɔ ɖe dzi eye wogbugbɔe ɖo enɔƒe si sɔ le Mawu subɔlawo ƒe agbe me.

17. Aleke nyagblɔɖi si le Maleaxi 3:1-5 kpe ɖe mía ŋu míenya ɣeyiɣi si me wokɔ Xezekiel ƒe ŋutegaa me gbedoxɔa me?

17 Nukae na wogate ŋu ɖoe te? Ðo ŋku edzi be le Xezekiel ƒe ŋutegaa me nudzɔdzɔ vevitɔ me la, Yehowa va gbedoxɔa me eye wòte tɔ ɖe edzi be woaɖe trɔ̃subɔsubɔ ɖa le yeƒe aƒe me. Ɣekaɣie wodzra Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me ɖo? Yehowa gblɔe ɖi le Maleaxi 3:1-5 ƒe nyawo me be ɣeyiɣi aɖe ava si me “[Wòava Eƒe] gbedoxɔ me” eye eƒe “nubabla ƒe dɔla,” si nye Yesu Kristo akpe ɖe eŋu. Nuka wɔ ge wogbɔna? “[Anɔ] abe galólola ƒe dzo ene, eye . . . abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene.” Xexemeʋa gbãtɔ wɔɣie nulólo sia dze egɔme. Nukae do tso eme? Yehowa va le eƒe aƒea me eye eyra eƒe amewo ƒe gbɔgbɔmenyigba la tso ƒe 1919 me ke. (Yesaya 66:8) Eyata míate ŋu aƒo nya ta be nya si Xezekiel gblɔ ɖi le gbedoxɔa ŋu va eme le mɔ vevitɔ nu le ŋkeke mamlɛawo me.

18. Ɣekaɣie ŋutegaa me gbedoxɔa ƒe nyawo ava eme zi mamlɛtɔ?

18 Abe alesi gbugbɔɖoanyi ŋuti nyagblɔɖi geɖe le ene la, Xezekiel ƒe ŋutega la agava eme, zi mamlɛtɔ, le Paradiso me. Ɣemaɣi ko hafi ameƒomea me tɔ dzinyuitɔwo axɔ yayra siwo atso Mawu ƒe gbedoxɔɖoɖoa me bliboe. Ɣemaɣi la, Kristo ana eƒe tafevɔsa ƒe asixɔxɔ nawɔ dɔ na amewo eye eƒe dziƒonunɔla 144,000 ƒe ha la akpe ɖe eŋu. Amegbetɔ toɖola siwo katã anye Kristo ƒe dziɖuɖua teviwo aɖo blibodede gbɔ. (Nyaɖeɖefia 20:5, 6) Gake Paradisoa mate ŋu anye ɣeyiɣi vevitɔ si me Xezekiel ƒe ŋutegaa nava eme o. Nukatae?

Ŋutega la Ku Ðe Mía Ŋutɔwo ƒe Ɣeyiɣi Ŋu

19, 20. Nukata fifiae wòle be ŋutega la ƒe akpa gãtɔ nava eme ke menye le Paradiso me o?

19 Xezekiel kpɔ gbedoxɔ si me wòhiã be woaɖe trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔgbɔmehasiwɔwɔ ɖa le. (Xezekiel 43:7-9) Nusia mate ŋu aku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu le Paradiso me gbeɖe o. Gakpe ɖe eŋu la, ŋutegaa me nunɔlawo tsi tre ɖi na amesiaminawo ƒe ha la esime wokpɔtɔ le anyigba dzi, menye esime wofɔ wo ɖe tsitre yi dziƒo vɔ loo alo le Ƒe Akpe Ðeka la me o. Nukata? De dzesii be wokpɔe be nunɔlaawo le subɔsubɔm le xɔxɔnu emetɔ me. Nyati siwo dzena le Gbetakpɔxɔ siwo va yi me fia be xɔxɔnu sia tsi tre ɖi na gbɔgbɔmetenɔnɔ tɔxɛ si le Kristo ƒe nunɔlateviawo si esime wogakpɔtɔ le anyigba dzi.c Azɔ hã de dzesii be ŋutegaa te gbe ɖe nunɔlaawo ƒe blibomademade dzi. Wogblɔ na wo be woasa vɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe nuvɔ̃wo ta. Woxlɔ̃ nu wo le ɖiƒoƒo ŋu—le gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ gome. Eyata wometsi tre ɖi na amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre siwo ŋu apostolo Paulo ŋlɔ nu tsoe be: “Woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ” o. (Korintotɔwo I, 15:52, míawoe te gbe ɖe edzi; Xezekiel 44:21, 22, 25, 27.) Nunɔla siwo wokpɔ le ŋutegaa me dea ha kple ameawo eye wosubɔ wo ŋkume kple ŋkume. Mate ŋu anɔ alea le Paradiso me esime nunɔlawo ƒe ha la anɔ dziƒo o. Eyata ŋutegaa nye alesi amesiaminawo kple “ameha gã” la le dɔ wɔm aduadu le anyigba dzi egbea ŋuti kpɔɖeŋu nyui aɖe.—Nyaɖeɖefia 7:9; Xezekiel 42:14.

20 Eyata gbedoxɔ ŋuti ŋutega si Xezekiel kpɔ la fia nu nyui siwo do tso gbɔgbɔmeŋutikɔkɔ si le eme vam egbea me. Gake nukae wòfia na wò? Menye mawunyaŋutinunya me nufiafia manyatalenu aɖee wònye o. Ŋutega sia ku ɖe alesi nèsubɔa Mawu vavã, Yehowa, gbesiagbee ŋu le mɔ geɖe nu. Míakpɔ alesi wòku ɖe eŋu la le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Nya sia anya wɔ dɔ ɖe Xezekiel dzi vevie, elabena wogblɔ be eya ŋutɔ hã tso Zadok-ƒome siwo nye nunɔlawo la dome.

b Le kpɔɖeŋu me, blema Mishnah gblɔ be le gbedoxɔ si wogbugbɔ tu me la, woɖi vɔsamlekpuia, wokpa ʋɔtru eveveawo, eye wotu nuɖaƒeawo wosɔ ɖe Xezekiel ƒe ŋutegaa me tɔ nu.

c Kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 1, 1996, axa 16; December 1, 1972, Eŋlisigbe me tɔ, axa 718.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Aleke gbedoxɔ kple nunɔlaawo ƒe ŋutega si Xezekiel kpɔ la va eme zi gbãtɔ?

◻ Aleke alesi womã anyigba le Xezekiel ƒe ŋutegaa me la va eme zi gbãtɔ?

◻ Esime wogadzra blema Israel ɖo la, amekawoe nye amegã wɔnuteƒewo eye amekawoe nye ‘dzɔdzɔenyenye ƒe ati gãwo’?

◻ Nukata wòle be gbedoxɔ ƒe ŋutega si Xezekiel kpɔ ƒe akpa gãtɔ nava eme le ŋkeke mamlɛawo me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe