Xlẽ Nu Kple Viwòwo
Braziltɔwo ƒe magazine si nye Veja gblɔ be ele bɔbɔe be amesiwo doa vevie nuxexlẽ ƒe viwo nado vivi ɖe agbalẽwo xexlẽ ŋu wu ɖevi siwo womeɖo kpɔɖeŋu na alea le aƒeme o. Martha Hoppe si nye ɖeviwo ƒe tsitsi ŋuti nunyala de dzesii be: “Dzilawo ƒe nuxexlẽ kple wo viwo ɖekae doa ŋusẽ ƒomedodo kplikplikpli si nɔa dzilawo kple ɖeviwo dome eye enaa mɔnukpɔkpɔ ɖevia be wòase agbalẽa me nyawo gɔme nyuie wu.”
Nuxexlẽ sesĩe na viwòwo hã ana mɔnukpɔkpɔ wò be nàɖo woƒe nyabiabiawo ŋu na wo. Àte ŋu aƒo nu tso nɔnɔmetata siwo kpe ɖe nyaawo ŋu la ŋuti na wo. Hoppe gblɔ be: “Zi alesi ɖevi sea agbalẽwo me nyawo gɔmee la, zi nenemae wòaʋãe be wòadi wo axlẽ ne wòdi be yease nane me.”
Dzila geɖe siwo nye Yehowa Ðasefowo lɔ̃a nuxexlẽ kple wo viwo. Woxlẽa agbalẽ siwo ƒe ɖewoe nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, Toɖoɖo Nufiala Gã La, kple Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ.a Menye ɖeko agbalẽ siawo tɔgbe kpena ɖe ɖeviwo ŋu wova zua nuxlẽla bibiwo ko evɔ o, ke edzia woƒe ɖetsɔtsɔ le agbalẽ si woƒlena wu ɖesiaɖe le xexeame—Biblia Kɔkɔe la—me hã ɖe edzi. Eyata ne dzilae nènye la, ke do vevie Mawu ƒe Nya la xexlẽ nàtsɔ aɖo kpɔɖeŋu na viwòwo. (Yosua 1:7, 8) Eye dze agbagba ɖesiaɖe nàdi ɣeyiɣi axlẽ nu na wo!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watch Tower Bible and Tract Society of New York Inc. ye ta wo.