Vendaawo Ƒe Anyigba Tseku La
ƑE EWO enye esia si mía kple srɔ̃nye míenye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo le Vendaawo dome. Vendaawo le Limpopo Tɔsisia ƒe anyiehekpa dzi le South Africa ƒe dziehe, eye to vovovo siwo tso Limpopo tɔsisia le ƒe alafa siwo va yi me la me tɔwoe nye woƒe dukɔa. Vendaawo dometɔ aɖewo gblɔ be yewo tɔgbuitɔgbuiwo dze teƒe sia ƒe 1,000 kple edzivɔe nye sia.
Le nyateƒe me la, nuto sia nye Mapungubwe Fiaɖuƒe si ƒe ŋku ʋu le blema la ƒe akpa aɖe tsã. Eyae nye afisi wotso dugã ɖo gbã le South Africa eye exɔ nuto si le Limpopo Tɔsisia ƒe bali gã si tso Botswana le ɣetoɖoƒekpa dzi vaseɖe Mozambique si le ɣedzeƒekpa dzi. Tso ƒe 900 M.Ŋ. vaseɖe ƒe 1100 M.Ŋ. lɔƒo la, asitsalawo tsoa Arabia vaa Mapungubwe va ƒlea nyiɖu, gbenyi ƒe dzo, lãgbalẽ, akɔbli, kple sika kura gɔ̃ hã. Woke ɖe aɖaŋuwɔlawo ƒe numeme aɖewo siwo ŋu wofa sika ɖo ŋu le togbɛ aɖe si woyɔna be Mapungubwe si dzi woɖia fiawo ɖo me. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be esiawo nye “dzesi gbãtɔ siwo fia be woku sika le Afrika ƒe anyiehekpa dzi” la dometɔ aɖewo.
Womegakua sika le afisia o. Egbea wonya alesi Vendaawo ƒe anyigba nyoa nukui nyuie. Bali si wɔa nuku nyuie si me wodea atikutsetsewo abe peya, akɔɖu, mango, kple gowa ene ƒe agble ɖo le agbɔsɔsɔ gã aɖe me la le Soutpansberg-toawo ƒe anyiehe gome. Tsɔ kpe ɖe ne ƒomevi vovovowo abe pecan kple macadamia ene ŋuti la, detsiƒonuwo hã bɔ ɖe afima ŋutɔ. Woƒe ɖee nye amagbe si woyɔna be muroho si miena le eɖokui si, si vivina ŋutɔ eye wòdzɔa dzi na afimatɔwo ale gbegbe.
Vendaawo nye ŋutifafamewo kple amedzrowɔlawo. Enye nusi bɔ be ƒomea ƒe ta nana woaɖa koklolã na amedzro si womele mɔ kpɔm na o. Woɖaa vhuswa, woƒe blinuɖuɖu vevi ɖe eŋuti. Ne amedzroa dzo yina la, ƒomea ƒe ta kplɔnɛ va ɖona ɖa. Aleae wodea bubu amedzro ŋui le wo gbɔe. Wofiaa ɖeviwo be woabɔbɔ ado gbe na amedzro le bubu me anɔ asi lilim asi me. Àte ŋu akpɔ Venda nyɔnu eve siwo le gbe dom na wo nɔewo ɖe alesi afisia tɔwo doa gbee nu le axa sia.
Gbegbɔgblɔ Sesẽ Aɖe
Vendagbea menya sena na Europatɔwo o. Nusi na wòsesẽna na wo la ƒe ɖee nye be nya geɖe ƒe ŋɔŋlɔ le ɖeka gake wo yɔyɔ to vovo na wo nɔewo. Esi menɔ Biblia me nuƒo aɖe ƒom le Venda Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me la, menɔ agbagba dzem be made dzi ƒo na nyaselawo be woaɖe gbeƒã na amesiame. Nyasela aɖe ko nu enumake elabena megblɔ be “asibide ɖesiaɖe” ɖe “amesiame” teƒe.
Zi gbãtɔ si mete kpɔ be mado Vendagbe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, Venda nyɔnu aɖe gblɔ nam be: “Nyemese Eŋlisigbe o.” Mesusu be ɖe medo Vendagbea nyuie hafi, gake eya susui be Eŋlisigbee! Esi megogo aƒe aɖe me ɣebubuɣi la, mebia ɖevi aɖe be wòayɔ ƒomea ƒe ta nam. Vendagbe me nya si wozãna na ƒome ƒe tae nye thoʹho. Mewɔ vodada gblɔ be thohoʹ, si fia be menɔ biabiam be maƒo nu na fie si le aƒea me! Vodada siawo tɔgbe ɖe dzi le ƒonye, gake to agbagbadzedze me la, mía kple srɔ̃nye míete ŋu ɖoa dze kple amewo le Vendagbe me nyuie fifia.
Gbɔgbɔmekutsetsewo
Vendaawo ƒe anyigba le gbɔgbɔmeku geɖe tsem ŋutɔ. Le ƒe 1950 ƒeawo me la, woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe ɖe amesiwo ʋu tso dukɔ siwo ƒo xlã wo me va dɔ wɔ ge le klosalokuƒe si le du si woyɔna be Messina me la dome. Woƒe dɔwɔna dzonɔamemetɔe wɔe be Vendaawo dometɔ geɖe ke ɖe Biblia me nyateƒeawo ŋu. Le ƒe ewo megbe la, Venda Ðasefowo nɔ kpekpewo wɔm le nɔvi aɖe ƒe aƒeme le du si ŋkɔe nye Sibasa me.
Be woado tsɔtsɔe dzidziɖedzia la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa la ɖo ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo ɖe anyigba wɔnuku sia dzi. Eteƒe medidi o ƒuƒoƒo si le Sibasa la dzi ɖe edzi zu hame gã aɖe. Ɣemaɣi la, wowɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le sukuxɔ aɖe me. Gake to Yehowa Ðasefo siwo le Pietersburg nutome, si didi abe kilometa 160 ene tso wo gbɔ le anyiehekpa dzi ƒe kpekpeɖeŋu me la, wote ŋu tu Fiaɖuƒe Akpata aɖe ɖe Thohoyandou, si nye du aɖe si te ɖe afima ŋu la me.
Vendagbedola siwo le South Africa ƒe dziehe asɔ gbɔ wu 500,000. Vendatɔ aɖeke menye Ðasefo esime Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa dze egɔme le afisia le ƒe 1950 ƒeawo me o. Fifia la, wosɔ gbɔ wu 150. Gake nuto geɖe gakpɔtɔ li siwo me ame aɖeke mede haɖe o eye dɔ geɖe gakpɔtɔ li woawɔ. Le ƒe 1989 me la, míedze Vendaawo ƒe kɔƒe aɖe si woyɔna be Hamutsha la me yiyi. Ðasefo ɖeka pɛ koe nɔ afima ɣemaɣi. Fifia Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo wu 40 ye le kɔƒe ma me. Míaƒe ŋku biã ɖe míaƒe Fiaɖuƒe Akpataa nu wuwu ŋuti, eye esia hã to Ðasefo siwo tso Pietersburg ƒe kpekpeɖeŋu kple nɔvi siwo le dukɔ siwo me nuwo bɔ ɖo wu me ƒe gakpekpeɖeŋunana me.
Kekexɔ aɖe mee míele le agble aɖe dzi. Esi míenɔa agbe si le bɔbɔe wu la, ena ɣeyiɣi geɖe su mía si míetsɔ nyanyuia yi na afima tɔwo. (Marko 13:10) Esia na wotsɔ mɔnukpɔkpɔ si nye be míakpe ɖe ame geɖe ŋu woatsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbee na Yehowa Mawu yra mí ale gbegbe. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Michael, amesi kpɔ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi le exɔlɔ̃ aɖe ƒeme.a Edze exexlẽ gɔme eye enumake la, ekpɔe dze sii be nyateƒeae nye esia. Eyata eŋlɔ agbalẽ na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be woaɖo Biblia-srɔ̃gbalẽ bubuwo ɖe ye. Le Michael ƒe lɛtaa me la, eɖe nu me be wode mawutsi ta na ye le Apostolik-ha si le afima me eteƒe medidi o. Eyi edzi be “mede dzesii be menye mɔ si ɖo ta Mawu Fiaɖuƒea me la dzie mele o. Metso nya me be mazu mia dometɔ ɖeka, gake nyemenya alesi mawɔ esiae o.” Eŋlɔ eƒe adrɛs hebia be woaɖo Yehowa Ðasefo aɖe ɖa ne wòakpe ɖe ye ŋu. Medze agbagba ke ɖe Michael ŋu eye medze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Egbea, enye Ðasefo xɔnyɔnyrɔ eye wòle Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.
Le December 1997 me la, míede Yehowa Ðasefowo ƒe “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le Thohoyandou kamedefefewɔƒe aɖe. Vavalawo ƒe xexlẽmee nye 634, eye ame yeye 12 xɔ nyɔnyrɔ. Mɔnukpɔkpɔ su asinye meƒo nuƒo eve le Vendagbe me. Ema nye nu ɖedzesi aɖe le ƒe ewo siwo míetsɔ nɔ anyigba tseku sia dzii me!—Ame aɖee ŋlɔe míeta.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watch Tower Bible and Tract Society of New York Inc. ye tae.