Ƒukpo Aɖe Tso Aseye Ðe Subɔsubɔblɔɖe Si Lolo Wu Ŋu
Cuba si nye ƒukpo dzeani aɖe le Karib nutowo me kpɔ gbɔgbɔme dzidzeme si ƒomevi womekpɔ kpɔ o. Yehowa Ðasefo siwo le West Indies dukɔ sia me kpɔ yayra aɖe si wonɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖe le ƒe 1998 ƒe nuwuwu. Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔwo ɖi tsa yi afima zi gbãtɔ le ƒe 30 kple edzivɔ me, eye ame 15 bubuwo kpe ɖe wo ŋu. Amesiwo yi la tso Australia, Austria, Belgium, Great Britain, Italy, New Zealand, kple Pueto Rico.
ESIA nye ŋutinyamenudzɔdzɔ vevi aɖe na Fiaɖuƒe gbeƒãɖela 82,258 siwo le afima kple ame 87,890 siwo va wɔ ɖeka kpli wo le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɖu me le ƒe 1998 ƒe adãme.
Tso December 1 vaseɖe 7, 1998 la, Lloyd Barry, John Barr, kple Gerrit Lösch va srã Betel-ƒe si le Havana, eye wode “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ le Cuba dometɔ aɖewo. Edzɔ dzi na wo be yewote ŋu kpe kple hamemegã mɔzɔlawo henya Cuba-dziɖuɖumegãwo nyuie wu.
John Barr gblɔ be: “Esia nye Teokrasi nudzɔdzɔ vevi aɖe le mía kple srɔ̃nye ƒe agbe me. Dzo le mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃tɔ siwo le Cuba me vevie ɖe nyateƒea ŋu! Meva kpɔe be míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa xɔ asi vavã!” Lloyd Barry gblɔ kpee be: “Kwasiɖa vevi sia kpe ɖe ŋunye meva se nɔnɔme si me mía nɔviwo le le afima gɔme nyuie wu.”
Le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, wona subɔsubɔblɔɖe si lolo wu su Yehowa Ðasefowo si le Cuba si, eye edzena le Cuba dukplɔlawo ƒe nuƒoƒo me be wodi be nuwo nayi edzi nenema.
Le September 1994 me la wodze agbalẽwo tata gɔme le Betel-ƒe si le Havana me. Yehowa Ðasefowo gate ŋu kpena le dutoƒo eye woɖia ɖase tso aƒeme yi aƒeme. Emegbe le ƒe 1998 me la, dziɖuɖua ɖe mɔ ɖe ame 18 siwo tso dukɔ vovovowo me, siwo dome Dziɖuha me tɔ etɔ̃ nɔ, ƒe sasrãkpɔ sia ŋu.
Wogawɔ Ðeka le Dzidzɔ Me
Esi amedɔdɔawo va ɖo José Martí yameʋudzeƒea le Havana la, dumegãwo kple ameha si tso Betel va kpe wo lɔlɔ̃tɔe, eye wo dometɔ ɖeka nye nɔviŋutsu aɖe si ɖo ŋku edzi be zi mamlɛtɔ si Dziɖuha me tɔ aɖe—Milton Henschel—va Cuba ye nye le ƒe 1961 me. Nɔviŋutsua xɔ ƒe 12 ɣemaɣi; fifia enye dzikpɔla mɔzɔla.
Esi amedzroawo va ɖo Betel-ƒea me la, wotsɔ seƒoƒo dzeani vovovo siwo nɔvi aɖe do koŋ ɖe wɔna sia ŋu la va kpe woe. Amewo nɔ avi fam esi Betel-ƒomea nɔ dzaa dom na amedzroawo. Emegbe woɖu Cubatɔwo ƒe nuɖuɖu si nye halã memee, mɔli kple ayi, salad, yucca kple mojo (detsi totoe si wotsɔ gbegãdzi kple gbotsetse ƒe ami ƒo), kple atikutsetsewo. Esi woɖu nua vɔ la, Dziɖuhaa me tɔ ɖesiaɖe na nuƒo tuameɖo le alesi subɔsubɔ le Betel nye nu xɔasii ŋu. Nɔviŋutsu Lösch ƒe nuƒoa wɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ esi wòƒo nu na wo le Spaingbe me. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 48 kple ɣeyiɣi aɖe ƒe kpekpeɖeŋunala 18 ye le Betel-ƒomea me.
Togbɔ be wotaa agbalẽ kple Bibliawo na Cuba le Italy hã la, wotaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siwo le amadede ɣi kple yibɔ me le dukɔa ŋutɔ me le blemagbalẽtamɔ̃ eve dzi. Wowɔa dɔ ɖeka ŋugbe si bia lãmesẽ gaƒoƒo geɖe le xɔ xaxɛwo me taa magazine siwo katã wohiã la. Lɔlɔ̃nu fã dɔwɔlaawo dea asixɔxɔ dɔ vevi si wɔm wole le Yehowa subɔsubɔ me ŋu le mɔ tɔxɛ aɖe nu.—Korintotɔwo II, 4:7.
Takpekpea me Nu Ðedzesiwo
Amedzro 18 siwo va la mã ɖe hatsotso etɔ̃ me be woate ŋu ade nutome gã takpekpe siwo wowɔ le teƒe etɔ̃—Havana, Camagüey, kple Holguín. Le ŋkeke etɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe dzi la, wokpea nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu gbogbo siwo dome hamemegã kple mɔɖela geɖe le be woade takpekpea le takpeduawo katã me. Wogblɔ na Ðasefo siwo le teƒe mawo be wɔnawo anɔ etɔxɛ, gake womenya be Dziɖuhaa me tɔwo ava o. Kpɔ alesi wòwɔ nuku na woe ɖa esi wokpɔ nɔvi lɔlɔ̃tɔ siawo kple wo srɔ̃wo wonɔ ɖiɖim le bɔs siwo woda me le Fiɖa ŋdi!
Wowɔ takpekpeawo le agbadɔ siwo dziɖulawo ɖe mɔ na nɔviawo wotu me. Le Havana takpekpewɔƒea la, woŋlɔ “Psalmo 133:1” ɖe kpe siwo le agboa nu dometɔ ɖeka dzi. Esia ɖo ŋku mawunyakpukpui ma me nya siwo nye: “Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!” dzi na nɔviawo. Le takpekpea wɔɣi la, Kristotɔwo ƒe hadede nyui si me dzidzɔ le nɔ afima nyateƒe.
Amedzroawo ƒo nu tso alesi wotrɔ asi le nuƒoawo kple gbebiamewo ŋu nyuie la ŋu, eye drama si wowɔ si nɔ te ɖe Biblia me ŋutinya si le Daniel ta 3 si dzɔ le blema Babilon la wɔ dɔ ɖe wo dzi. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Dramaa wɔlawo katã dze agbagba ŋutɔ, eye wowɔ nu wòsɔ ɖe gbeɖiɖia dzi ale gbegbe be mànya be ɖe wolé gbea ɖi o. . . . Babilontɔ vɔ̃ɖiawo ɖi ame vɔ̃ɖiwo ŋutɔ, eye Hebrivi etɔ̃awo nɔ te sesĩe heɖo tame kplikpaa.”
Subɔsubɔnyawo Gbɔkpɔƒea teƒenɔlawo kple dziɖuɖumegã bubu siwo va takpekpeawo kafu nɔviawo ɖe woƒe ɖoɖowɔwɔ kple nɔnɔme nyuiwo ta. Nɔviŋutsu Barry da akpe na Cuba dziɖulawo le alesi woxɔ amedzroawo nyuie ta. Nɔaviawo tsia tre sia akpe aɖabaƒoƒo geɖe tsɔ ɖea woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nuƒoawo, kple alesi dziɖuɖua ɖe mɔ wowɔ takpekpeawoe ŋu fia. Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe gblɔ be: “Esia wu nusi míenɔ mɔ kpɔm na—enye dukɔwo dome takpekpe sue! Ewɔ nuku, elabena eɖo kpe ŋusẽ gã si le Yehowa si be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme dzi.”
Takpekpeawo ʋu mɔ hã be amewo nanya Ðasefowo nyuie wu. Ʋukula aɖe de takpekpea Memlẽɖagbe gade Kwasiɖagbe hã. Egblɔ be yese nya geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu, gake fifia yeva nya be wonye ame nyui kple ŋutifafamewo.
“Nusiwo Míaŋlɔ Be Akpɔ O”
Cubatɔwo ƒe vividodoɖeameŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ wɔ dɔ ɖe amedzroawo dzi. Cubatɔwo nye dɔsesẽwɔlawo, ɖoɖodziwɔlawo, eye wonyoa dɔme. Vavala aɖe gblɔ be: “Amesiwo míenya kura o va kpe ɖe mía ŋu.”
Xɔse, dzidzɔ kple lɔlɔ̃ si hati Ðasefo siwo le Cuba ɖe fia la wɔ dɔ ɖe amedzroawo dzi ŋutɔ. Togbɔ be wodo go mɔxenu sesẽwo hã la, wotsɔ Yehowa wɔ woƒe mɔ sesẽe. (Psalmo 91:2) John Barr gblɔ be: “Nu geɖe wɔ nuku nam si na mekpɔ dzidzɔ le nye Cuba vava zi gbãtɔ sia me—alesi dukɔa nya kpɔe, amesiwo medo goe ƒe tufafa, eye ƒo wo katã ta la, dzo si le Cuba Ðasefoawo me. Nyemese wodzi míaƒe Fiaɖuƒehawo tso dzime hesi akpe wòdidi ne gbɔgbɔmenyawo ʋã woƒe dzi nenema gbegbe kpɔ le nye agbe me o! Wonye nusiwo míaŋlɔ be akpɔ o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ɣesiaɣi.”
Psalmo 97:1 gblɔ be: “Ƒukpo geɖeawo nekpɔ dzidzɔ.” Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefo siwo le Cuba-ƒukpo dzi kpɔ dzidzɔ ɖe subɔsubɔblɔɖe si lolo wu si su wo si be woasubɔ Mawu kple dukɔ vovovo me tɔwo ƒe sasrãkpɔ vevi sia ŋu.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]
Ƒome geɖewo de “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpe tɔxɛ siwo wowɔ le Cuba
[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]
Wogbugbɔ ʋu Betel-ƒe si le Havana nu le ƒe 1994 me
[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]
Dziɖuha me tɔwo le woƒe ŋkɔwo ŋlɔm ɖe Biblia siwo wotsɔ na dziɖuɖumegãwo me