“Ɣeyiɣi Li Na Nusianu”
“Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.”—NYAGBLƆLA 3:1.
1. Nuka wɔwɔe sesẽna na amegbetɔ madeblibowo, eye nukae do tso eme le go aɖewo me?
AMEWO gblɔna zi geɖe be, “Ðe menya ne mewɔe kaba.” Alo ɖewohĩ ne nane dzɔ vɔ la, wogblɔna be, “Ðe menya ne melala.” Nyagbɔgblɔ siawo fia alesi wòsesẽna na amegbetɔ madebliwo be woanya ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be woawɔ nanewo. Gbɔdzɔgbɔdzɔ sia na amewo dome gblẽ. Ena mɔkpɔkpɔ bu ɖe amewo eye dzi ɖe le wo ƒo. Eye esi vloe wu enye be, ena amewo megaxɔ Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi se tututu o.
2, 3. (a) Nukata nunya le eme be míalɔ̃ ɖe ɣeyiɣi siwo Yehowa ɖo ɖi dzi? (b) Nukpɔsusu si da sɔ kae wòle be wòanɔ mía si ku ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ŋu?
2 Nunya kple nugɔmesese si mele amegbetɔwo si o la le Yehowa ya si ale be ne edi be yeanya nusi ado tso nuwɔna ɖesiaɖe me do ŋgɔ la, ete ŋu nyana. Ate ŋu anya ‘nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la le gɔmedzedzea me ke.’ (Yesaya 46:10) Eyata ate ŋu atia ɣeyiɣi nyuitɔ kekeake si nyo nɛ be wòawɔ nusianu si wòdi eye mada ƒu o. Le esi teƒe be míaɖo ŋu ɖe ɣeyiɣibubuŋutete madeblibo si le mía si ŋu la, anyo wu be míalɔ̃ ɖe ɣeyiɣi siwo Yehowa ɖo ɖi dzi!
3 Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ tsitsiwo tsɔa nuteƒewɔwɔ lalaa ɣeyiɣi siwo Yehowa ɖo ɖi na Biblia ƒe nyagblɔɖi aɖewo me vava. Wonɔa dɔ dzi agbadree le eƒe subɔsubɔdɔ me, eye gɔmeɖose si le Konyifahawo 3:26 nɔa susu me na wo nyuie ɣesiaɣi, be: “Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.” (Tsɔe sɔ kple Xabakuk 3:16.) Le ɣeyiɣi ma ke me la, woka ɖe edzi be ‘ne ʋɔnu si Yehowa gblɔ be yeadrɔ̃ la tsi megbe hã la, ele vava ge kokoko. Mahe ɖe megbe o.’—Xabakuk 2:3.
4. Aleke wòle be Amos 3:7 kple Mateo 24:45 nakpe ɖe mía ŋu míagbɔ dzi ɖi akpɔ Yehowa sinui?
4 Gake ne míete ŋu se Biblia ƒe kpukpui aɖewo alo numeɖeɖe siwo wona le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me gɔme tututu o la, ɖe wòasɔ be míatsi dzia? Nunya anɔ eme be míalala Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia be wòava aɖe nuwo me. “Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.” (Amos 3:7) Ŋugbedodo nyui ka gbegbee nye esi! Gake ele be míadze sii be ne Yehowa ŋutɔ kpɔ ɣeyiɣia be esɔ hafi wòɖea eƒe tameɖoɖowo fiana. Susu ma tae Mawu na ŋusẽ “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” aɖe be wòana ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu yeƒe amewo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’ (Mateo 24:45) Eyata susu aɖeke meli si ta míatsi dzi kakaka, alo ade vovo ge do kpoe be womeɖe nanewo me nyuie o. Kakaɖedzi nenɔ mía si boŋ be ne míegbɔ dzi ɖi kpɔ Yehowa sinu la, ato dɔla nuteƒewɔla la dzi ana nusi hiã le ‘ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’
5. Vi kae wòaɖe ne míede ŋugble le Nyagblɔla 3:1-8 ŋu?
5 Fia Salomo nunyala la ƒo nu tso nu 28 ŋu be “ɣeyiɣi li” na wo dometɔ ɖesiaɖe. (Nyagblɔla 3:1-8) Ne míese nusiwo Salomo gblɔ gɔme eye míenya nusi wofia la, akpe ɖe mía ŋu míanya nuwɔna aɖewo ƒe ɣeyiɣi nyuitɔ kple gbegblẽtɔ, le alesi Mawu kpɔnɛ nu. (Hebritɔwo 5:14) Ema hã akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe wòasɔ ɖe ɣeyiɣia nu.
“Avifaɣi Li, eye Nukoɣi Li”
6, 7. (a) Nukae na amesiwo tsɔa ɖe le eme ‘faa avi’ egbea? (b) Aleke xexeame dzea agbagba be yeawɔe ne woagabu nɔnɔme sesẽ si me míele la nu vevii o?
6 Togbɔ be “avifaɣi li, eye nukoɣi li” hã la, amekae nukoɣi medzɔa dzi na wu avifaɣi o? (Nyagblɔla 3:4) Ewɔ nublanui be xexe si me míele la wɔe be avifafa koe dzroa mí. Nyadzɔdzɔ wɔnublanuiwo bɔ ɖe nyatakakawo me. Ŋɔdzi léa mí ne míese ɖeviwo da tu wo hati sukuviwo le suku, dzilawo wɔ ŋlɔmi le wo viwo ŋu, ŋɔdzidonamelawo wu ame maɖifɔwo alo na wozu wɔametɔwo, kple ne míese nusiwo woyɔna be dzɔdzɔmefɔkuwo wu amewo hegblẽ woƒe nunɔamesiwo dome. Míekpɔa ɖevi dɔwuitɔ siwo ƒe ŋkuwo ge ɖe eme kple sitsoƒedila siwo si ɖo gbe la le television dzi kokoko. Fifia la, nyagbe siwo míenya tsã o, abe gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa, AIDS, dɔlékuiwo tsɔtsɔ wɔ aʋae, kple El Niño (Kuɖiɖi Sesẽ) ene na míetsia dzodzodzoe le susu kple dzi me—ɖesiaɖe kple etɔ.
7 Ðikeke mele eme o be nublanuinyawo kple dzigbãnyawo sɔŋ koe yɔ egbe xexeame. Ke hã modzakaɖelawo wɔa nu abe ke ɖe wodi be yewoawɔe wòadze abe ɖe nyaa menye ŋkubiãnya o ene heɖea agbegbegblẽnɔnɔ kple ŋutasesẽnuwɔna tɔŋku siwo me susu mele o zi geɖe, kple susu be yewoaflu mí míaŋe aɖaba aƒu fu siwo amewo kpena dzi. Gake mele be míasusu be ɖekematsɔleme ƒe nukokoedoname movitɔe kple nukoko gbɔlo si modzakaɖeɖe mawo na míekona ye nye dzidzɔkpɔkpɔ akuakua o. Satana ƒe xexea mate ŋu ana dzidzɔ si nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse kura o.—Galatiatɔwo 5:22, 23; Efesotɔwo 5:3, 4.
8. Avifafa loo alo nukokoe wòle be Kristotɔwo nabu nu vevitɔe? Ðe eme.
8 Esi míenya nɔnɔme vlo si me xexeame le ta la, míate ŋu ase egɔme be egbeŋkekea menye ɣeyiɣi si me míanɔ gbe tem ɖe nukoko dzi kakaka o. Menye ɣeyiɣi si míatsɔ fefe kple modzakaɖeɖe aɖo dɔe alo aɖe mɔ be “dzidzɔkpɔkpɔ” naxɔ ŋgɔ na gbɔgbɔmenuwo mee míele o. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 7:2-4.) Apostolo Paulo gblɔ be: “Amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womele eŋuti dɔ wɔm o ene.” Nukata? Elabena ‘xexe sia me ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.’ (Korintotɔwo I, 7:31) Alesi moveviɖoɖo hiãe le ɣeyiɣi siwo me míele la nɔa susu me na Kristotɔ vavãwo gbesiagbe si wole agbe.—Filipitɔwo 4:8.
Wole Avi Fam, Gake Wokpɔa Dzidzɔ Vavã
9. Nɔnɔme wɔnublanui kae nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa, eye nukae wòfia na mí egbea?
9 Amesiwo nɔ anyi esime Tsiɖɔɖɔ xɔ xexeame la mebua agbe ŋu vevie o. Woawo ŋutɔ ƒe gbesiagbedɔwɔnawo dzi koe wonɔ eye womexa nu ɖe ‘alesi gbegbe amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi’ ŋu o, eye wometsɔ ɖeke le eme esime “nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi” o. (Mose I, 6:5, 11) Yesu he susu yi nɔnɔme wɔnublanui ma dzi, eye wògblɔe ɖi be nɔnɔme mawo tɔgbe anɔ amewo si le míaƒe ŋkekea me. Exlɔ̃ nu be: “Alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.”—Mateo 24:38, 39.
10. Aleke Israel-vi siwo nɔ anyi le Xagai ŋɔli ɖee fia be Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia medze yewo ŋu o?
10 Le Xagai ŋɔli, anɔ ƒe 1,850 le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Israel-vi geɖe ɖe dzimatsimatsi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ma ƒomevi fia. Esi woƒe ŋku biã ɖe woawo ŋutɔ ƒe nudidiwo ŋu ta la, womete ŋu kpɔe be ehiã be yewoatsɔ Yehowa ƒe nudidiwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le yewo ŋɔli o. Míexlẽ be: “Amesiawo le gbɔgblɔm be: Azã meɖo edzi, be woatu Yehowa ƒe xɔ haɖe o. Eye Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Xagai dzi bena: Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia? Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu.”—Xagai 1:1-5.
11. Biabia kawoe sɔ be míabia mía ɖokui?
11 Esi Yehowa na agbanɔamedziwo kple mɔnukpɔkpɔwo mí Yehowa Ðasefowo egbea abe alesi wònɔ le Israel-viwo gome le Xagai ŋɔli ene ta la, anyo be míawo hã míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu nyuie, eye míawɔe kple moveviɖoɖo blibo. Ðe ‘míefaa avi’ ɖe xexeame ƒe nɔnɔmewo kple alesi nusiawo doa vlo Mawu ƒe ŋkɔ ta? Ðe wòtena ɖe mía dzi ne amewo gbe be Mawu meli o alo ne woɖo koŋ ŋe aɖaba ƒu eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzia? Ðe míewɔa nu abe amesiwo Xezekiel kpɔ le ŋutega me ƒe 2,500 enye esia be wode dzesi ŋgonu na wo la? Míexlẽ nu tso wo ŋu be: “Yehowa gblɔ [na ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le aklito na] bena: Yi naɖatsa le Yerusalem-dua me, eye nade dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.”—Xezekiel 9:4.
12. Nukae Xezekiel 9:5, 6 fia na amewo egbea?
12 Nusi nuŋlɔɖi sia fia na mí egbea me akɔ nyuie ne míexlẽ se siwo wode na ŋutsu ade siwo lé amewunuwo ɖe asi be woatsɔ agbã nuwoe: “Minɔ eyome miatsa le dua me, eye mida nu ame! Miaƒe ŋku megakpɔ nublanui o, eye migakpɔ ame ta o. Miwu amegã ɖeɖiwo, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ɖeviwo kple nyɔnuwo, ne miatsrɔ̃ wo; ke migade asi amesiwo katã ŋu dzesi le la ŋuti o, eye midze egɔme tso nye kɔkɔeƒe la gbɔ!” (Xezekiel 9:5, 6) Míaƒe agbetsitsi le xaxa gã si le du dzi gbɔna me nɔ te ɖe alesi míedze sii be egbeŋkekea koŋue nye avifaɣi dzi.
13, 14. (a) Amekawoe Yesu gblɔ be wonye dzidzɔtɔwo? (b) Gblɔ nusita nèsusu be nɔnɔme siwo woɖɔ la sɔ kple Yehowa Ðasefowo.
13 Gake Yehowa subɔlawo ƒe ‘avifafa’ ɖe xexeame ƒe nɔnɔme ɖudzinamewo ta mexe mɔ na woƒe dzidzɔkpɔkpɔ o. Kura o! Le nyateƒe me la, woawoe dzi dzɔna wu le anyigba dzi. Yesu gblɔ nusi na wokpɔa dzidzɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo me, amesiwo le konyi fam, ame fafawo, amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum, nublanuikpɔlawo, amesiwo dza le woƒe dzi me, amesiwo léa avu, kple amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti.’ (Mateo 5:3-10) Kpeɖodziwo li fũ be nɔnɔme siwo woɖɔ le afisia la sɔ le Yehowa Ðasefowo gome wu subɔsubɔha bubu ɖesiaɖe.
14 Vevietɔ tso esime wogbugbɔ tadedeagu vavãtɔ ɖo anyi le ƒe 1919 mee Yehowa ƒe dzidzɔmewo tɔ dzɔ be ‘woako nu.’ Le gbɔgbɔ me gome la, woƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔ abe amesiwo gbɔ tso Babilon le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me tɔ ene: “Esime Yehowa gaɖo Zion te la, míezu abe drɔ̃ekulawo ene. Tete nukoko yɔ míaƒe nume fũ, míaƒe aɖe tso aseye . . . Nu gãe Yehowa wɔ na mí vavã, eyata dzi dzɔ mí ɖo!” (Psalmo 126:1-3) Ke hã togbɔ be Yehowa Ðasefowo koa nu le gbɔgbɔ me hã la, enɔa susu me na wo be moveviɖoɖo hiã le ɣeyiɣi siawo me. Ne xexeme yeyea va ŋutɔŋutɔ eye anyigbadzinɔlawo ‘ƒe asi su agbe vavã la dzi’ ko la, ekema anye ɣeyiɣi si me nukoko axɔ ɖe avifafa teƒe tegbee.—Timoteo I, 6:19; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
“Asikplakɔɣi Li, eye Adzɔgenɔnɔ na Asikplakɔɣi Li”
15. Nukatae Kristotɔwo tiaa amesiwo wodzea xɔ̃e me?
15 Kristotɔwo ɖɔa ŋu ɖo le amesiwo wodzea xɔ̃e me. Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia nɔa susu me na wo be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Eye Fia Salomo nunyala la gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Lododowo 13:20.
16, 17. Aleke Yehowa Ðasefowo bua xɔlɔ̃dzedze, gbeɖoɖoɖi, kple srɔ̃ɖeɖee, eye nukatae?
16 Yehowa subɔlawo dzea xɔ̃ amesiwo hã lɔ̃a Yehowa kple eƒe dzɔdzɔenyenye abe woawo ke ene. Togbɔ be wokpɔa ŋudzedze ɖe wo xɔlɔ̃wo ƒe hadede ŋu eye wosea vivi le eme hã la, wodzea nunya tsria ablɔɖe gbadzaa ƒe nukpɔsusu si le amewo si le gbeɖoɖoɖi ŋu le dukɔ geɖe me egbea. Le esi teƒe be woaƒo wo ɖokui ɖe gbeɖoɖoɖi me atsɔe ko be enye modzakaɖenu si magblẽ naneke o la, wobunɛ be enye nuwɔna si me ŋkubiã le si ɖo ta srɔ̃ɖeɖe gbɔ eye woawɔe nenye be amea su te le ŋutilã me, le susu me, le gbɔgbɔ me—kpakple ne esɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi nu—be wòaɖe srɔ̃ ko.—Korintotɔwo I, 7:36.
17 Ðewohĩ ame aɖewo asusu be enye ŋkumaʋumaʋu be woabu gbeɖoɖoɖi kple srɔ̃ɖeɖe nenema. Gake Yehowa Ðasefowo meɖea mɔ zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe xɔlɔ̃dzedze alo nyametsotso siwo wowɔna le gbeɖoɖoɖi kple srɔ̃ɖeɖe ŋu dzi o. Wonya be ‘nunya ƒe dɔwɔwɔ tsoa afia nɛ.’ (Mateo 11:19) Yehowa nyaa nusi nyo wu ɣesiaɣi, eyata wotsɔa eƒe aɖaŋuɖoɖo be ‘woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me’ la nya vevii. (Korintotɔwo I, 7:39; Korintotɔwo II, 6:14) Womeyɔna gena ɖe srɔ̃ɖeɖe me kple susu be ne srɔ̃ɖeɖea me meva le nyonyom o la, mɔ li be yewoate ŋu agbe yewo srɔ̃awo alo aklã o. Wogbɔa dzi ɖi be yewoatia kpeɖeŋutɔ si sɔ, elabena wonya be ne yewonya ka srɔ̃ɖetam ko la, Yehowa ƒe se sia awɔ dɔ be: “Nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.”—Mateo 19:6; Marko 10:9.
18. Nukae woate ŋu atsɔ adze srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ anɔ gɔmee?
18 Srɔ̃ɖeɖe nye nubabla matrɔmatrɔ si blaa ame le eƒe agbenɔɣi katã eye wòhiã ɖoɖowɔwɔ nyuie. Nunya anɔ eme be ŋutsu nabia eɖokui be, ‘Ðe nyɔnu sia sɔ nam nyateƒea?’ Gake ele vevie hã be wòabia eɖokui be, ‘Nyee nye amesi sɔ nɛ nyateƒea? Ðe menye Kristotɔ tsitsi si ate ŋu akpɔ nyɔnua ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔa?’ Yehowa da agba ɖe ame eve siwo gbɔna wo nɔewo ɖe ge dzi be woasẽ ŋu le gbɔgbɔ me, eye woate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖekadodoa nasẽ ale be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Atsu kple asi akpe geɖe siwo nye Kristotɔwo ate ŋu aɖi ɖase be esi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa bia nunana wu xɔxɔ ta la, enye dɔ nyui aɖe si woatsɔ adze srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ anɔ gɔmee.
19. Nukatae Kristotɔ aɖewo nɔa tre?
19 Kristotɔ aɖewo ‘nɔa adzɔge na asikpakplakɔ’ ale be wotianɛ be yewoanɔ tre ɖe nyanyuia ta. (Nyagblɔla 3:5) Bubuwo hea srɔ̃ɖeɖe ɖe megbe vaseɖe esime wokpɔ be yewosu te le gbɔgbɔ me be yewoƒe nu nanyo kpeɖeŋutɔ si sɔ ŋu. Gake mina míaɖo ŋku Kristotɔ tre siwo srɔ̃ɖeɖe me ƒomedodowo kple eƒe viɖewo dzrona gake womete ŋu le kpeɖeŋutɔ kpɔm o hã dzi. Kakaɖedzi le mía si be Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe alesi wogbe be yewomada Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi le didi be yewoaɖe srɔ̃ ta o la ta. Anyo hã ne míekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ ŋu eye míedea dzi ƒo na wo alesi dze.
20. Nukatae ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃tɔwo gɔ̃ hã ‘nɔa adzɔge na asikpakplakɔ’?
20 Ðe wòle be srɔ̃tɔwo gɔ̃ hã ‘nanɔ adzɔge na asikpakplakɔ’ ɣeaɖewoɣia? Woate ŋu awɔe nenema le susu aɖe ta, elabena Paulo gblɔ be: “Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, nanɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene.” (Korintotɔwo I, 7:29) Awɔe be ɣeaɖewoɣi la, dzidzɔ kple yayra siwo le srɔ̃ɖeɖe me la naxɔ nɔƒe evelia na teokrasigbanɔamedziwo. Nukpɔsusu si da sɔ le nya sia ŋu magblẽ srɔ̃ɖeɖe me o ke boŋ ɖe wòado ŋusẽe elabena akpe ɖe srɔ̃tɔ eveawo ŋu woaɖo ŋku edzi be ele be Yehowa nanye ame vevitɔ si ana yewoƒe srɔ̃ɖeɖea nali ke.—Nyagblɔla 4:12.
21. Nukata mele be míadrɔ̃ ʋɔnu srɔ̃tɔwo le vidzinyawo me o?
21 Gakpe ɖe eŋu la, srɔ̃tɔ aɖewo gbe vidzidzi kple susu be yewoavo geɖe wu asubɔ Mawu. Nusia bia nuwo tsɔtsɔ sa vɔe le wo gome, eye Yehowa ayra wo ɖe eta. Gake míagblɔe be togbɔ be Biblia de dzi ƒo be woate ŋu anɔ tre le nyanyuia ta hã la, megblɔ nya aɖeke tẽ be woanye vimanɔsitɔwo le susu ma ke ta o. (Mateo 19:10-12; Korintotɔwo I, 7:38; tsɔ Mateo 24:19 sɔ kple Luka 23:28-30.) Eyata ele be atsu kple asiwo nalé ŋku ɖe woa ŋutɔwo ƒe nɔnɔmewo ŋu anɔ te ɖe woƒe dzitsinya dzi atso nya me na wo ɖokui. Nyametsotso ka kee wowɔ o, mele be woaɖe ɖeklemi srɔ̃tɔ mawo o.
22. Nukae le vevie na mí be míanya?
22 Ẽ, “ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.” ‘Aʋawɔɣi kple ŋutifafaɣi’ gɔ̃ hã li. (Nyagblɔla 3:1, 8) Nyati si kplɔe ɖo aɖe nusita wòle vevie na mí be míanya nu eve siawo dometɔ si wɔɣi mee míele la me.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Nukatae wòle vevie be míanya be “ɣeyiɣi li na nusianu”?
◻ Nukata egbeŋkekewo nye “avifaɣi” koŋ?
◻ Nukatae togbɔ be Kristotɔwo le ‘avi fam’ hã la, dzi dzɔa wo vavã?
◻ Aleke Kristotɔ aɖewo ɖenɛ fiana be yewobua fifi ɣeyiɣia be enye “adzɔgenɔnɔ na asikplakɔɣi”?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 6, 7]
Togbɔ be Kristotɔwo ‘faa avi’ le xexeame ƒe nɔnɔmewo ta hã la, . . .
. . . woawoe nye amesiwo dzi dzɔna wu le xexeame
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa nye dɔ nyui si woatsɔ adze srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ anɔ gɔmee