Dadasɔ le Dɔwɔwɔ Kple Ðiɖiɖeme Me
“AWU nyui aɖee ɖiɖiɖeme nye, gake manyo be woadoe ɣesiaɣi o.” Nya siawo si nuŋlɔla aɖe si meɖe eƒe ŋkɔ ɖe go o ŋlɔ la ɖɔ ɖiɖiɖeme ƒe vevienyenye nyuie. Gake eɖee fia be ele be woana wo kple dɔ tseku wɔwɔ nada asɔ.
Biblia-ŋlɔla Salomo si gbɔgbɔ ʋã hã ƒo nu tso nya sia ŋu. Fia nyanu sia de dzesi nugbɔme eve siwo wòle be woaƒo asa na. Egblɔ gbã be: “Bometsila de asi asitɛ me hele eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ɖem.” (Nyagblɔla 4:5) Ẽ, kuviawɔwɔ ate ŋu ana woaɖo ko. Ate ŋu agblẽ nu le kuviatɔa ƒe lãmesẽ ŋu, eye ate ŋu awui gɔ̃ hã. Gake ame aɖewo hã li siwo tsɔa nusianu saa vɔe ɖe dɔsesẽwɔwɔ ta. Salomo gblɔ be woƒe hloloetsotsoa nye “tofloko kple dagbadagba ɖe ya me.”—Nyagblɔla 4:4.
Susu nyui aɖe tae Salomo ɖo aɖaŋu be míada asɔ ɖo: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.” (Nyagblɔla 4:6) Ele be ame ‘naɖu agbe le eƒe dɔsesẽwɔwɔ ta’—si fia be ɣeaɖewoɣi la, ele be wòadi ɣeyiɣi ase vivi na nusiwo wòdze agbagba kpɔ la. (Nyagblɔla 2:24) Eye le ŋutilãmedɔ wɔwɔ megbe la, ele be woakpɔ nu bubuwo hã gbɔ. Ele be míazã míaƒe ɣeyiɣia ƒe akpa aɖe ɖe míaƒe ƒome ŋu. Salomo te gbe ɖe edzi be menye ŋutilãmedɔ wɔwɔe nye míaƒe agbanɔamedzi vevitɔ o, ke Mawu subɔsubɔ ye. (Nyagblɔla 12:13) Ðe wò hã nèle amesiwo si dɔwɔwɔ ŋuti nukpɔsusu si da sɔ le domea?