Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
Nunana be Woatsɔ Ado Tadedeagu Dzadzɛ Ðe Ŋgɔ
ISRAEL-VIWO kpɔ Yehowa ƒe xɔnameŋusẽ teƒe. Wokpɔe esime Ƒudzĩa me tsiwo mã nukutɔe, ale be wote ŋu zɔ anyigba ƒuƒui dzi si le Egipte-ʋakɔa nu. Esi woɖo ƒua ƒe go kemɛ dzi la, wonɔ adzɔge le dedienɔƒe eye wokpɔe esime tsi mawo ke gaŋe dze wo yometilawo dzi. Yehowa ɖe woƒe agbe!—Mose II, 14:21-31.
Gake nublanuitɔe la, Israel-vi aɖewo bu nusi woƒe Mawu wɔ na wo la nu tsɛe. Esime Mose nɔ Sinai-toa dzi la, wotsɔ woƒe sikatsyɔ̃ɖonuwo na Aron eye wozii ɖe edzi be wòawɔ legba na yewo yewoade ta agu na. Esi Mose trɔ gbɔ la, ekpɔe be aglãdzeha sia nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ ɣe ɖum, henɔ ta dem agu na sikanyivi! Yehowa na wowu wo dometɔ siwo anɔ ame 3,000—anye woawo koŋue na wodze aglãa. Gbemagbe la, Mawu ƒe amewo srɔ̃ alesi wòle vevie be woasubɔ Yehowa ɖeɖeko.—Mose II, 32:1-6, 19-29.
Ɣeyiɣi kpui aɖe le nudzɔdzɔ sia megbe la, Mose dzra ɖo be yeawɔ Mawu ƒe sedede dzi atu avɔgbadɔ, si nye subɔsubɔgbadɔ si woatsɔ nɔ mɔ zɔmee. Agbadɔ sia tutu abia agbadɔtunu xɔasiwo kple dɔwɔla bibiwo. Afika woakpɔ wo atsoe? Eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me nuŋlɔɖi sia me?
Xɔtunuwo Kple Ŋutetewo Tsɔtsɔna
Yehowa de se na Israel-viwo to Mose dzi be: “Midzɔ nusiwo le mia si la na Yehowa. Amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la, nadzɔ nu na Yehowa.” Nukawo ƒomevie woadzɔ? Nusiwo Mose yɔ dometɔ aɖewoe nye sika, klosalo, akɔbli, kawo, avɔwo, lãgbalẽwo, ati, kple kpe xɔasiwo.—Mose II, 35:5-9.
Nu nɔ Israel-viawo si wu alesi hiã be woadzɔ. Ðo ŋku edzi be esime wonɔ dzodzom le Egipte la, wotsɔ sika kple klosalo nuwo kpakple nudodo geɖe ɖe asi. Le nyateƒe me la, ‘woha nuwo le Egiptetɔwo si.’a (Mose II, 12:35, 36) Do ŋgɔ la, Israel-viawo lɔ̃ ɖe asi le woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ŋu wotsɔ wɔ legbae na alakpasubɔsubɔ. Azɔ la, ɖe woalɔ̃ faa nenema ke adzɔ nu be woatsɔ ado subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔa?
De dzesii be Mose meka ga aɖe koŋ be amesiame nana o, eye mena wobu fɔ wo ɖokui loo alo na ŋukpe lé wo ale be wòaʋã wo woana nu o. Ke boŋ ɖeko wògblɔe be “amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa” la nadzɔ nu. Edze ƒã be Mose kpɔe be mehiã be yeazi Mawu ƒe amewo dzi o. Eka ɖe edzi be amesiame ana nusianu si wòate ŋui.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 8:10-12.
Gake agbadɔa tutu abia nu geɖe wu etunuwo dzɔdzɔ ɖeɖeko. Yehowa gagblɔ na Israel-viawo be: “Mia dometɔ, siwo ƒe tagbɔ aɖaŋu le la, nava awɔ nusiwo katã Yehowa di la.” Ẽ, agbadɔa tutu bia dɔnyalawo. Le nyateƒe me la, “aɖaŋu vovovowo wɔwɔ”—si ƒe ɖewoe nye atikpakpa, gayibɔdɔwɔwɔ, kple atsyɔ̃ɖonuwɔwɔ—ahiã hafi woate ŋu awu dɔa nu. Gake Yehowae afia alesi dɔa wɔlawo azã woƒe aɖaŋuwoe, eye asɔ be woatsɔ dɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu kafukafu anae.—Mose II, 35:10, 30-35; 36:1, 2.
Israel-viawo tso ɖe yɔyɔa ŋu kpata be yewoatsɔ yewoƒe nunɔamesiwo kple ŋutetewo ana. Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be: “Amesiame, si wòdzɔ dzi na, eye wòlɔ̃ kple dzi faa la, va dzɔ nu na Yehowa, bena woatsɔ awɔ Mawu ƒe agbadɔ la kple eŋu dɔwo katã kpakple awu kɔkɔeawoe. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa.”—Mose II, 35:21, 22.
Nusɔsrɔ̃ si Le Eme na Mí
Egbea la, lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo dzie woto hafi te ŋu le Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui gbeƒãɖeɖedɔ gã la wɔm. Zi geɖe la, wonyea gadzɔdzɔwo. Le go bubuwo me la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo zãa nuteƒekpɔkpɔ gbogbo siwo le wo si la tsɔ naa kpekpeɖeŋu le Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple alɔdzedɔwɔƒewo tutu me. Azɔ dɔ siwo wowɔna le Betel-ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo me le xexeame godoo hã li, enye dɔ si bia ŋutete vovovo. Amesiwo katã lɔ̃ tso dzime eye wotsɔ nusiawo na ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa maŋlɔ yewoƒe dɔsesẽwɔwɔa be o!—Hebritɔwo 6:10.
Nenema ke wòle le akpa si mía dometɔ ɖesiaɖe wɔna le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa hã me. Wodea dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe. (Mateo 24:14; Efesotɔwo 5:15-17) Ame aɖewo nyea ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo alo mɔɖelawo le dɔ sia wɔwɔ me. Le nɔnɔme aɖewo ta la, ame bubuwo mete ŋu zãa ɣeyiɣi geɖe le subɔsubɔdɔa me abe mɔɖelawo ene o. Ke hã la, woawo hã ƒe nu dzea Yehowa ŋu. Abe alesi wònɔ le avɔgbadɔa ƒe nudzɔdzɔwo gome ene la, Yehowa meka home aɖeke si amesiame ana o. Gake nusi wòbia enye be mía dometɔ ɖesiaɖe míatsɔ dzi, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo asubɔ ye. (Marko 12:30) Ne míele ema wɔm la, kakaɖedzi nenɔ mía si be aɖo lɔlɔ̃nununana siwo míenana be woatsɔ ado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ la teƒe na mí.—Hebritɔwo 11:6.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Menye adzodadae esia nye o. Israel-viawo bia nudzɔdzɔwo tso Egiptetɔwo si, eye wona wo faa. Azɔ hã esi Egiptetɔwo mekpɔ mɔ awɔ Israel-viwo kluviwoe kura koŋ o ta la, wonyi fe le Mawu ƒe amewo ŋu si wòle be woaxe ɖe ƒe gbogbo ƒe dɔ sesẽ si wowɔ ta.