‘Agamegbɔ̃ Nyo La’
NYONYO menye ŋkɔnyaɖɔnya si mía dometɔ akpa gãtɔ míazã atsɔ aɖɔ gbɔ̃ o. Míate ŋu abui be gbɔ̃wo nye lã siwo ŋu viɖe le siwo ɖua nusianu kloe si wokpɔ, eye woƒe lã vivina eye nunyiame le woƒe notsi me—gake asesẽ be míabu wo be wodze tugbe.
Ke hã Biblia ɖɔ srɔ̃nyɔnu be enye “zinɔ dzeameŋu kple agamegbɔ̃ nyo.” (Lododowo 5:18, 19, NW) Salomo, amesi hã ŋlɔ Lododowo ƒe agbalẽa, léa ŋku ɖe Israel gbemelãwo ŋu vevie, eyata ɖikeke mele eme o be susu aɖe tae wòzã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia ɖo. (Fiawo I, 4:30-33) Ðewohĩ abe fofoa Dawid ene la, eya hã léa ŋku ɖe agamegbɔ̃ siwo vaa En-gedi nuto si te ɖe Ƒu Kukua ŋu la ŋuti.
Agamegbɔ̃wo ƒe hatsotso sue siwo le Yudea Dzogbe si te ɖe afima ŋu la vaa En-gedi tsidzidziwo to edziedzi. Esi En-gedi nye tsiteƒe si ko tsi nɔna ɣesiaɣi le dzogbe nuto sia me ta la, enye tsinoƒe vevi aɖe na agamegbɔ̃wo ƒe alafa geɖe. Le nyateƒe me la, ŋkɔ En-gedi gɔme ate ŋu anye “gbɔ̃vi ƒe tsidzidzi to,” si ɖo kpe edzi be gbɔ̃viwo nɔa nuto sia me enuenu. Fia Dawid kpɔ sitsoƒe le afisia tso Fia Saul ƒe yometiti nu, togbɔ be sisila wònye va nɔ “agamegbɔ̃gakpe la dzi” hã.—Samuel I, 24:2, 3.
Àgate ŋu akpɔ sãdenɔ, alo agamegbɔ̃ le En-gedi kokoko wòanɔ aga ɖim le atsyɔ̃ɖoɖo me to bali si me agakpewo bɔ ɖo dome le gbɔ̃tsu yome esi woɖo ta tsi gbɔ. Ekema àva nɔ nusita wotsɔ sãdenɔ sɔ kple srɔ̃nyɔnu wɔnuteƒe la gɔme sem. Nyɔnu ƒe nɔnɔme nyuiwo dze le eƒe tufafa kple dzedzeme dzeani la me. Edze ƒã be nya si nye “nyo” fia agamegbɔ̃a ƒe dzedzeme dzeani la kple eƒe atsyɔ̃.a
Ele na sãdenɔ be eƒe mo nasẽ eye atsyɔ̃ nanɔ eŋu hã. Abe alesi Yehowa gblɔ na Hiob ene la, agakpewo dome, afisi womate ŋu ayi bɔbɔe o eye nuɖuɖu mebɔ ɖo o, azɔ yame ƒe nɔnɔme nu sẽna le lae agamegbɔ̃wo dzia vi ɖo. (Hiob 39:1) Togbɔ be nɔnɔmeawo sesẽ alea hã la, ekpɔa viawo dzi eye wòfiaa tolialia kple kpotiti le agakpeawo dome bɔbɔe wo abe alesi eya ŋutɔ wɔnɛ ene. Sãde kpɔa viawo ta tso lãlénuwo si me kalẽtɔe hã. Nukpɔla aɖe kpɔ agamegbɔ̃ wònɔ hɔ̃ nyãm gaƒoƒo afã, eye via tsyɔ akɔ ɖe ete hena takpɔkpɔ.
Zi geɖe la, ele na Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo kple vinɔwo be woanyi wo viwo le nɔnɔme madeamedziwo me. Abe agamegbɔ̃a ene la, wotsɔ wo ɖokui na hekpɔa dɔ si Mawu de wo si la gbɔ ɖokuitɔmadimaditɔe. Eye wowɔa kalẽ dzea agbagba be yewoakpɔ yewo viwo ta tso gbɔgbɔmefɔkuwo me. Eyata le esi teƒe be Salomo nazã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia atsɔ ada nyɔnuwo ɖe anyi la, nyɔnu ƒe atsyɔ̃ kple nyonyo dzie wòle susu hem yii—wonye gbɔgbɔmenɔnɔme siwo dzena le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le The New Brown-Driver-Briggs-Gesenius Hebrew and English Lexicon ƒe nya nu la, le nya siawo gbɔgblɔ me la, Hebrigbe me nya chen, si gɔme woɖe be “nyo” la fia ‘nɔnɔme kple dzedzeme ƒe atsyɔ̃ alo anidzedze.’
[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]
Srɔ̃nyɔnu kple vinɔ si nye Kristotɔ ɖea gbɔgbɔmenɔnɔme nyuiwo fiana le dɔ siwo Mawu de esi la wɔwɔ me