INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 10/1 axa 32
  • Èdze Aɖaŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èdze Aɖaŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 10/1 axa 32

Èdze Aɖaŋua?

ESI Mose nɔ ʋɔnudrɔ̃lawo ɖom ɖe Israel-viwo nu la, edze agbagba be yeatia “ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye wodze aɖaŋu.” (Mose V, 1:13) Menye nuteƒekpɔkpɔ si sua ame si ne wotsi dzi koe tiatiawɔwɔa nɔ te ɖo o. Nunya kple aɖaŋudzedze hã nɔ vevie.

Amesi dze aɖaŋu bua eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna ŋu nyuie. Le Webster’s Ninth New Collegiate Dictionary ƒe nya nu la, amesi dze aɖaŋu “te ŋu zia kpi le nunya me” hã. Ẽ, “nuƒoɣi li,” eye “ɖoɖoeziɣi li,” eye aɖaŋudzela nya vovototo si le wo dome. (Nyagblɔla 3:7) Zi geɖe la, ahiã be woazi ɖoɖoe le susu nyui aɖe ta, elabena Biblia gblɔ be: “Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o; ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.”—Lododowo 10:19.

Kristotɔwo kpɔa egbɔ be yewodze aɖaŋu le yewoƒe nuwɔwɔ kple ame bubuwo me. Menye amesi ƒoa nu edziedzi wu alo amesi ƒe gbe sẽna wue nye ame vevitɔ ɣesiaɣi alo be eya dzie womate ŋu aŋe aɖaba aƒu o. Ðo ŋku edzi be Mose ‘sẽ ŋu le eƒe nyawo me,’ gake mate ŋu akplɔ Israel-dukɔa nyuie o vaseɖe esime wòsrɔ̃ dzigbɔɖi, tufafa, kple ɖokuidziɖuɖu hafi. (Dɔwɔwɔwo 7:22) Eyata ele vevie na amesiwo woɖo ame bubuwo nu be woadze agbagba be yewoanye ame fatuwo ahanye nugɔmesenamelawo.—Lododowo 11:2.

Woyɔ amesiwo si Yesu Kristo tsɔ “eƒe aƒemetɔwo” dee le Mawu ƒe Nya me be ‘dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.’ (Mateo 24:45-47) Womewɔa nu le wo ɖokui si kpatakpata ɖokuidodoɖedzitɔe do ŋgɔ na Yehowa o; eye womehena ɖe megbe ne mɔfiafia si Mawu na le nya aɖe ŋu me kɔ o. Wonya ɣeyiɣi si nye nuƒoɣi kple ɣeyiɣi si woazi ɖoɖoe alala numekɔkɔ bubu. Menye ɖe wònyo be Kristotɔwo katã nasrɔ̃ woƒe xɔse ko evɔ o ke ele be woadze aɖaŋu hã, abe alesi dɔla ƒe ha la hã dze aɖaŋui ene.—Hebritɔwo 13:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe