INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w01 1/1 axa 2-3
  • Nusiwo Dome Aʋawɔwɔ Gblẽ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusiwo Dome Aʋawɔwɔ Gblẽ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Abi Siwo Gagbɔna
  • Nusiwo Dome Aʋawɔwɔ Gblẽ la Ðɔɖɔɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Aleke Xexeame Nɔ le Ƒe 50 Siwo Va Yi Me?
    Nyɔ!—1995
  • Aleke Mawu Bua Aʋawɔwɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Aʋawɔwɔ
    Nyɔ!—2017
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
w01 1/1 axa 2-3

Nusiwo Dome Aʋawɔwɔ Gblẽ

ASRAFO xoxo aɖe si de Xexemeʋa II gblɔ be: “Ame aɖeke menyea dziɖula le aʋawɔwɔ me o. Woɖua amesiame dzi.” Ame geɖe awɔ ɖeka kplii. Aʋawɔwɔ me tsonuwo dzi ŋɔ ale gbegbe; nu gblẽna le dziɖulawo kple amesiwo dzi woɖu siaa ŋu vevie. Ne aʋaa ke gɔ̃ hã la, ame miliɔn geɖe yia edzi kpea fu tso nusiwo dome aʋawɔwɔa gblẽ vevie la me.

Nukawo domee wògblẽna? Aʋawɔwɔ ate ŋu atsrɔ̃ ame akpa gãtɔ le dukɔ aɖe me, eye ame gbogbo aɖewo nazu tsyɔ̃evi kple ahosiwo. Agbetsila geɖe xɔa abi vevie, eye nu dziŋɔ siwo teƒe wokpɔ la tsia susu me na wo. Ame miliɔn geɖe te ŋu zua wɔnamanɔŋutɔwo alo zua sitsoƒedilawo dzizizitɔe. Ðe míate ŋu akpɔ fuléle kple nuxaxa si wòade dzi me na amesiwo tsi agbe le aʋawɔwɔ siawo me ɣeyiɣi didi la adze siia?

Abi Siwo Gagbɔna

Abi si aʋawɔwɔ de amewo ƒe dzi ŋu gagbɔna ake le ɣeyiɣi didi aɖe si wowɔ ŋutifafa, tuwo megale ɖiɖim o, eye asrafowo yi aƒeme megbe. Veve helĩhelĩ ate ŋu atsi dzime na dzidzime siwo akplɔ wo ɖo ɖe wo nɔewo ŋu. Aleae wòdzɔnae be nusiwo aʋa aɖe gblẽ la te ŋu naa bubu dzɔnae.

Le kpɔɖeŋu me, Versailles ƒe Nubabla, si te wode asii le ƒe 1919 me be woatsɔ awu Xexemeʋa I nui le se nu la zi se aɖewo ɖe Germany-dukɔa dzi si dukɔmeviawo bu be wo nu sẽ akpa eye be yewoaɖo eteƒe. The Encyclopædia Britannica gblɔ be ɖoɖo siwo le nubablaa me “na dzi ku Germanytɔwo eye wòna wonɔ didim be yewoabia hlɔ̃.” Le ƒe aɖewo megbe la, “dziku si ŋutifafa nubablaa do na wo na Hitler ɖe afɔ gbãtɔ” eye wònye nusiwo he Xexemeʋa II vɛ la dometɔ ɖeka.

Xexemeʋa II dze egɔme le Poland hekeke ɖe enu yi Balkan-nutowo me. Nusiwo gbeɖekadola siwo le nutoa me gblẽ le wo nɔewo ŋu le ƒe 1940 ƒeawo me dzra mɔ dzi ɖo na aʋa si dzɔ le Balkan-nutowo me le ƒe 1990 ƒeawo me. Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Die Zeit gblɔ be: “Fuléle helĩhelĩ kple hlɔ̃biabia yi edzi le kekem ɖe enu kaka va ɖo míaƒe ɣeyiɣiwo me.”

Ne ŋutifafa anɔ ameƒomea dome la, ke ele kokoko be woaɖe nusiwo aʋawɔwɔ gblẽ la ɖa. Aleke woawɔ aɖe wo ɖae? Nukae woate ŋu awɔ atsɔ atutu fuléle kple nuxaxa ɖae? Amekae ate ŋu aɖɔ nusiwo aʋawɔwɔ gblẽ la ɖo?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

AKPAA DZI: Fatmir Boshnjaku

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

U.S. Coast Guard photo; UN PHOTO 158297/J. Isaac

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe